INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/11 axa 1
  • Ele Be Woade Tsi Nukuwo Be Woatsi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ele Be Woade Tsi Nukuwo Be Woatsi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Wɔ Ðetsɔlemetɔwo Ŋuti Nuŋlɔɖi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me​—Tɔtrɔyia Gɔmeɖoɖo Anyi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Na Dzi Nenɔ Ƒowò be Nàwɔ Tɔtrɔyiwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Ɣekaɣie Wòle Be Míatrɔ Ayi Ame Siwo Ðe Ðetsɔleme Fia La Gbɔ?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
km 11/11 axa 1

Ele Be Woade Tsi Nukuwo Be Woatsi

1. Nu kawoe wòle be woade tsi hafi woatsi?

1 Ele be woade tsi nuku siwo woƒã ɖe abɔ me la hafi woatsi. Nenema kee wòle le nyateƒea ƒe nuku siwo míeƒã ɖe amewo ƒe dzi me le míaƒe anyigbamama me hã gome. (1 Kor. 3:6) Ele be míawɔ tɔtrɔyiwo eye míazã Mawu ƒe Nya la atsɔ ade tsi kpɔɖeŋunuku siawo ne míedi be woaƒo ke ɖe to, atsi, ahatse ku nyuie.

2. Nu kae míate ŋu awɔ be aƒemenɔlaa natsɔ ɖe le nu si me míava dzro ne míetrɔ yi egbɔ la me?

2 Bia Nya Aɖe: Ne èle wò dzeɖonyawo dzram ɖo la, ɖe manyo be nàdzra nyabiase aɖe si anyɔ ɖetsɔleme, si ŋu nàte ŋu ava ɖo na aƒemenɔlaa ne ètrɔ yi egbɔ la hã ɖo oa? Bia nya la le dze si mieɖo zi gbãtɔ la ƒe nuwuwu, eye wɔ ɖoɖo aɖe koŋ kple amea ale be nàtrɔ ayi egbɔ. Gbeƒãɖela geɖe kpɔe be eɖea vi ne yewowɔ ɖoɖo ɖe numedzodzro aɖe ŋu le Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa me be yewoazãe atsɔ awɔ ale si míewɔa Biblia nusɔsrɔ̃e la afia aƒemenɔlawo.

3. Ne èle nuŋlɔɖi wɔm tso ɖetsɔlemetɔ aɖe ŋu la, nyatakaka kawo hãe nàte ŋu aŋlɔ ɖi?

3 Wɔ Nuŋlɔɖi: Ne èdzo le aƒemenɔlaa gbɔ teti ko la, ŋlɔ eŋu nyatakakawo ɖi. Ŋlɔ amea ƒe ŋkɔ kple adrɛs ɖi. Enyo hã be nàde dzesi ɣletiŋkekea kple gaƒoƒo si dzi nèƒo nu nɛ, nu si ŋu mieɖo dze tsoe, kple agbalẽ si nènae la ɖi, nenye be exɔ agbalẽ aɖe. Ðe wògblɔ be yele subɔsubɔha aɖe mea? Ƒome le esia? Ðe wògblɔ nu siwo me wòtsɔ ɖe le kple nu siwo le vevie nɛa? Nyatakaka siawo akpe ɖe ŋuwò nànya nu siwo me miadzro ne ètrɔ yi. Ŋlɔ ŋkeke si dzi mieda asi ɖo be nàtrɔ ava egbɔ la kple nyabiase si ŋu nàva ɖo nɛ la hã ɖi.

4. Ne míele ɖetsɔlemetɔ aɖe kpɔm le aƒe me o la, nu ka tae wòle be míaku kutri?

4 Ku Kutri: Satana ayi edzi adze agbagba be ‘yeaɖe nya si nèwu’ ɖe amea ƒe dzi me la ɖa godoo. (Mar. 4:14, 15) Eya ta ne ètrɔ yi aƒea me zi geɖe gake mèkpɔ ɖetsɔlemetɔa le aƒea me o la, mègana ta o. Ðe nàte ŋu aŋlɔ lɛta nɛ alo agblẽ nuŋlɔɖi sue aɖe ɖe ʋɔtrua te nɛa? Nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe dze nusɔsrɔ̃ gɔme kple nyɔnu aɖe le eƒe ʋɔtru nu, gake ɣesiaɣi si wòtrɔ yi la, mekpɔnɛ le aƒe me o, eya ta egblẽ lɛta aɖe ɖi nɛ. Esi nɔvinyɔnua va ke ɖe nyɔnua ŋu le aƒe me mlɔeba la, nyɔnua ɖe ale si gbegbe ɖetsɔleme si wòɖe fia la wɔ dɔ ɖe edzii la gblɔ. Esi míele tsi dem nyateƒea ƒe nukuwo la, míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne míekpɔ eteƒe nukuawo mie hetsi, eye ‘wotse ku, ɖewo teƒe blaetɔ̃, ɖewo blaade, eye ɖewo alafa.’—Mar. 4:20.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe