INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/11 axa 4
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzɔdzɔmefɔkuwo Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Dzɔdzɔmefɔkuwo—Nu Ka Tae Wobɔ Alea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
km 11/11 axa 4

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le December Me

“Meka ɖe edzi be àlɔ̃ ɖe edzi be ehiã be xɔlɔ̃wo nanɔ ame sia ame si. Nɔnɔme kae doa dzidzɔ na wò wu le xɔ̃wò aɖe ŋu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nya si magazine sia gblɔ tso nu si tae wòle be míaɖɔ ŋu ɖo le xɔlɔ̃wo tiatia me la ɖa.” Tsɔ December 1 ƒe Gbetakpɔxɔ ɖeka na aƒemenɔlaa, eye mixlẽ numeɖeɖe si le tanya sue gbãtɔ si le axa 16 lia la ɖekae eye miadzro eme. Mixlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ la dometɔ ɖeka ya teti. Tsɔ magazineawo nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava ahadzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.

The Watchtower December 1

“Ðe nèbia ɖokuiwò se kpɔ be nu ka tae dzɔdzɔmefɔku geɖewo le dzɔdzɔm le ŋkeke siawo me hã? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Le nyateƒe me la, Biblia la gblɔe ɖi tso blema ke be ɣeyiɣi aɖe ava si me ayɔ fũu kple dzɔdzɔmefɔkuwo. [Xlẽ Mateo 24:7, 8.] Magazine sia ɖo nyabiase siwo nye, Nu ka ta míele dzɔdzɔmefɔku gbogbo aɖe teƒe kpɔm egbea? Ðe wonye tohehe tso Mawu gbɔa? Susu kawo tae míate ŋu axɔe ase be Mawu ahe dzɔdzɔmefɔkuwo katã ava nuwuwu kpuie? la ŋu.”

Awake! December

Xlẽ 2 Timoteo 3:16. Eyome nàgblɔ be: “Ame aɖewo lɔ̃ ɖe edzi be Mawu gbɔe Biblia la tso, gake ame bubuwo ya melɔ̃ ɖe edzi o. Nu ka nèsusu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Togbɔ be amewo ƒe susu le vovovo le nyabiase sia ŋu hã la, ame geɖe lɔ̃ ɖe edzi be agbalẽ bubu aɖeke megali si dome amewo dze agbagba geɖe ŋutɔ be yewoagblẽ tsɔ wu Biblia o. Magazine sia ƒo nu tso agbagba siwo amewo dze le ƒe alafa siwo va yi me be yewoagblẽ Biblia la dome ahaxe mɔ ɖe exexlẽ nu la dometɔ aɖewo ŋu. Eɖe nu si tae wògakpɔ li hã me.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe