Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le March Me
“Ame geɖe ɖua Yesu ƒe dzigbezã, gake èsusu be ele vevie be míaɖo ŋku Yesu ƒe ku dzia?” Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Eyome tsɔ March 1 ƒe Gbetakpɔxɔ la na aƒemenɔlaa, eye midzro nyati si le tanya sue gbãtɔ si le axa 16 lia te la me ɖekae eye mixlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka ya teti. Wɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.
The Watchtower March 1
“Sɔlemeha akpe geɖewoe li eye woƒe dzixɔsewo kple kɔnuwo le vovovo. Èsusu be ame sia ame si gblɔna be Kristotɔ yenye lae nye Kristotɔ vavã? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Eyome xlẽ Yohanes 13:34, 35.] Le Yesu ƒe nya sia nu la, esiae nye Kristotɔ vavãwo ƒe dzeside ɖeka. Magazine sia dzro nu atɔ̃ aɖewo siwo dze le Yesu ƒe nyawo me, siwo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ eyomedzela vavãwo adze sii, la me.”
Awake! March
“Míele dze ɖom kple míaƒe aƒelikawo ku ɖe nɔnɔme ɖefuname aɖe ŋu. Edze abe egbea la, ame geɖe wu va le dziku dom eye wobia dzi kabakaba ene. Nu ka gbɔe nèsusu be nu sia tso? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ nya aɖe si Biblia gblɔ tso dzikudodo ŋu ɖa. [Xlẽ Psalmo 37:8.] Magazine sia gblɔ susu aɖewo siwo tae ame geɖe va le dziku dom kabakaba egbea kple nu siwo míawɔ aɖu míaƒe dziku dzi.”