INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/12 axa 8
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
km 4/12 axa 8

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le May Me

“Ðe nèkpɔe be subɔsubɔhawo naa lɔlɔ̃ kple ŋutifafa nɔa amewo dome loo, alo fuléle kple ŋutasẽnuwɔwɔ boŋue wodona ɖe ŋgɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Na matsɔ nu dodzidzɔname aɖe si ku ɖe nya sia ŋu la afia wò.” Tsɔ May 1 ƒe Gbetakpɔxɔ la na aƒemenɔlaa, eye midzro numeɖeɖe si le tanya sue gbãtɔ si le axa 16 lia te la me ɖekae eye mixlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka ya teti. Tsɔ magazineawo nae, eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.

The Watchtower May 1

“Ame geɖe xɔe se be enyo be subɔsubɔhawo nade nu dunyahehe me, gake ame bubuwo hã susui be mele be subɔsubɔhawo nawɔ akpa aɖeke le dunyahehe me o. Nu kae nye wò susu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se ale si Yesu wɔ nui esi amewo di be wòaƒo eɖokui ɖe dunyahehe me le eƒe ɣeyiɣia me ɖa. [Xlẽ Yohanes 6:15.] Magazine sia ɖe nu si tae Yesu wɔ nu alea me, eye edzro mɔ nyuitɔ si dzi Kristotɔwo ate ŋu ato akpe ɖe woƒe nutoa me tɔwo ŋu hã me.”

Awake! May

“Wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ame siwo míeɖo dze kplii la dometɔ ɖe sia ɖe kloe ŋu ɣeaɖeɣi kpɔ. Èsusu be madzɔmadzɔnyenye gbɔ kpɔnu aɖe lia? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nyagblɔɖi aɖe le Biblia me ku ɖe dziɖula aɖe si ahe madzɔmadzɔnyenye ava nuwuwui la ŋu; maxlẽe nàse. [Xlẽ Psalmo 72:11-14.] Magazine sia dzro ŋugbe si Biblia do ku ɖe etsɔme nyui si gbɔna kpuie ŋu la me.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe