Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le September Me
“Ame geɖe xɔe se be Mawu ava drɔ̃ ʋɔnu yewo gbe ɖeka ɖe yewoƒe dɔwɔwɔ nu. Ðe Ʋɔnudrɔ̃gbe la nye nu si míanɔ mɔ kpɔm na veviea alo enye nu si míanɔ vɔvɔ̃m na? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Meɖe kuku, kpɔ nya si magazine sia gblɔ ɖa.” Tsɔ September 1 ƒe Gbetakpɔxɔ la na aƒemenɔlaa, midzro numeɖeɖe si le tanya sue gbãtɔ si le axa 16 lia te la me ɖekae eye miaxlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka ya teti. Tsɔ magazineawo nae, eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.
The Watchtower September 1
“Le dukɔ geɖe me la, wowɔa nu madzɔmadzɔwo kple ŋutasẽnuwo ɖe nyɔnuwo ŋu. Nublanuitɔe la, amewo ƒe subɔsubɔdzixɔsewo hã wɔ akpa aɖe le esia me. Èsusu be Mawu tsɔ ɖe le eme na nyɔnuwo vavã? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se ale si Biblia gblɔ be srɔ̃ŋutsuwo nawɔ nu ɖe wo srɔ̃wo ŋui ɖa. [Xlẽ Efesotɔwo 5:28, 29.] Magazine sia dzro nu si Biblia ɖe fia le ale si Mawu bua nyɔnuwoe ŋu la me.”
Awake! September
“Ame geɖe gblɔna be nu gbagbewo katã atsrɔ̃ le anyigba dzi gbe ɖeka. Wosusuna be ɖewohĩ esia atso nukliaʋa, alo dzɔdzɔmefɔku aɖe, abe kpe gã nyadri aɖe ƒe gege tso dziƒonutowo me ava dze anyigba dzi loo alo yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔ le xexea me godoo ene, gbɔ. Èsusu be ehiã be míabu nya mawo nya veviwoa, alo èbu be nyakpakpawo ko wonyea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se Biblia me ŋugbedodo fakɔname sia ɖa. [Xlẽ Psalmo 37:29.] Magazine sia dzro tsɔtsrɔ̃ ŋu nya siwo dzi ame geɖe xɔ se egbea kple nu si Biblia gblɔ be ava dzɔ le etsɔme, si me susu le, la siaa me.”