Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Esi Míatsɔ Akpe Amewo Na Ŋkuɖodzia
“Ŋdi na wò. Míeva be míakpe mia kple wò ƒomea na wɔna vevi aɖe si míewɔna ƒe sia ƒe, si woawɔ le xexea me godoo le March 26 dzi. Eyae nye Yesu ƒe ku ƒe ŋkuɖodzizã la. Woaƒo nuƒo si wotu ɖe Biblia dzi, si aɖe ale si Yesu ƒe kua ɖea vi na míi la me; womaxɔ ga le vavalawo si o. Àkpɔ afi si míawɔe le kple gamea le amekpegbalẽvi sia dzi.”
The Watchtower March 1
“Ame aɖewo biana be, ‘Aleke míewɔ nya be wofɔ Yesu ɖe tsitre ŋutɔŋutɔ?’ Ède ŋugble tso nya sia ŋu kpɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ nu si tae wòle vevie be míakpɔ nya sia ƒe ŋuɖoɖo ɖa. [Xlẽ 1 Korintotɔwo 15:14.] Magazine sia ɖe nu si ta míeka ɖe edzi be Yesu ƒe tsitretsitsia menye nyakpakpa o la me.”
Awake! March
“Ƒomedzikpɔkpɔ le ɣeyiɣi siawo me mele bɔbɔe kura o. Mèkpɔe nenema oa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Dzila geɖe kpɔ aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le Biblia me. [Xlẽ Kolosetɔwo 3:21.] Mawunyakpukpui sia kpe ɖe vifofowo ŋu be woadi mɔnukpɔkpɔ atsɔ akafu wo viwo be kakaɖedzi nasu ɖeviawo si eye woayi edzi awɔ nu nyui. Nyati sia he susu yi nu vevi atɔ̃ siwo akpe ɖe vifofowo ŋu la dzi.”