INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/14 axa 4
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
km 3/14 axa 4

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Esi Míatsɔ Akpe Amewo Na Ŋkuɖodzia

“Ŋdi na wò. Míeva be míakpe wò na wɔna vevi aɖe. Le April 14 lia dzi la, ame miliɔn geɖe aƒo ƒu le xexea me godoo aɖo ŋku Yesu Kristo ƒe kua dzi. Woaƒo nuƒo si wotu ɖe Biblia dzi, si aɖe ale si Yesu ƒe kua ɖea vi na míi la me; womaxɔ ga le vavalawo si o. Àkpɔ afi si míawɔe le kple gamea le amekpegbalẽvi sia dzi.”

Gbetakpɔxɔ April 1

“Míeva gbɔwò be míaɖo dze kpui aɖe tso nane si ame akpa gãtɔ wɔna ŋu. Ame sia ame kloe doa gbe ɖa, subɔsubɔha ka ke mee wòɖale o. Èsusu be Mawu ɖoa to gbedodoɖawoa, alo ale si wò susu nadze akɔ anyi ta koe nèdoa gbe ɖa ɖoa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nya si Biblia gblɔ tso gbedodoɖa ŋu ɖa. [Xlẽ 1 Yohanes 5:14.] Magazine sia ɖe ale si gbedodoɖa ɖea vi na mí la me.”

Nyɔ! April

“Míeva gbɔwò be míaɖo dze kpui aɖe tso kuxi aɖe si va bɔ egbea ŋu. Agbemenyawo te ɖe ame aɖewo dzi ale gbegbe be wosusui alo tee kpɔ be yewoawu yewo ɖokui. Ne nu te ɖe ame aɖe dzi vevie nenema la, èsusu be ɖe wòdi ŋutɔŋutɔ be yeaɖe yeƒe agbe ɖa alo ɖeko wòdi be yeatsi yeƒe fukpekpewo nu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se Biblia me ŋugbedodo aɖe si kpe ɖe ame geɖe ŋu wobu woƒe nɔnɔmeawo ŋu le mɔ nyuitɔ nu ɖa. [Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4.] Magazine sia dzro susu nyui etɔ̃ siwo tae wòle be ame nayi edzi anɔ agbe togbɔ be kuxiwo ɖe kpe nɛ egbea hã me.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe