Míadze Dɔ Tɔxɛ Aɖe Gɔme Tso March 17 Lia Dzi Atsɔ Akpe Amewo Na Ŋkuɖodzia
1. Amekpekpedɔ tɔxɛ ka gɔmee míadze tso March 17 lia dzi?
1 Ƒe sia ƒe ƒe Ŋkuɖodzia ʋua mɔnukpɔkpɔ ɖi na mí be míaɖe gbeƒã Yesu ƒe kua. (1 Kor. 11:26) Eya ta míedi be ame bubuwo hã nadee kpli mí eye woase nya siwo woagblɔ tso tafe si Yehowa na mí lɔlɔ̃tɔe la ŋu. (Yoh. 3:16) Ƒe sia me la, míadze dɔ tɔxɛ si míatsɔ akpe amewo na Ŋkuɖodzia la gɔme le Memleɖagbe, March 17 lia dzi. Èle ɖoɖo wɔm be yeakpɔ gome le eme bliboea?
2. Nya kae míate ŋu agblɔ atsɔ ana amekpegbalẽvia?
2 Nya Si Míate Ŋu Agblɔ: Nyuitɔa ye nye be míaƒe dzeɖonyawo nanɔ kpuie. Míate ŋu agblɔ be: “Ŋdi na wò. Míeva be míana amekpegbalẽvi sia mia kple wò ƒomea atsɔ akpe mi na wɔna vevi aɖe si míewɔna ƒe sia ƒe, si woawɔ le xexea me godoo le April 5 lia dzi. Woaƒo nuƒo aɖe si wotu ɖe Biblia dzi, si ɖe nu si Yesu ƒe kua wɔ na ameƒomea kple nu si wɔm Yesu le fifia la me, eye womaxɔ ga ɖe vava ta o. Àkpɔ afi si woawɔ kpekpe sia le le míaƒe nutoa me kple gamea le amekpegbalẽvi sia dzi.” Ne míele amekpegbalẽviawo mam le kwasiɖanuwuwu la, ele be míana magazineawo hã ne esɔ.
3. Aleke míawɔ akpe ame geɖe ale si nu míate ŋui?
3 Kpe Ame Geɖe Ale Si Nu Nàte Ŋui: Míaƒe taɖodzinue nye be míakpe ame geɖe ale si nu míate ŋui. Eya ta kpe wò Biblia nusrɔ̃viwo, ame siwo gbɔ nètrɔna yina, wò ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, aƒelikawo, kpakple wò ame nyanyɛ bubuwo. Miaƒe hamemetsitsiwo agblɔ ɖoɖo si nu miawɔ dɔ le atsɔ akpe miaƒe anyigbamama ɖo la na mi. Nu nyuiwo dona tso amekpekpedɔ siwo míewɔna ƒe sia ƒe tsɔ mia asi amewo na Ŋkuɖodzia la me. Le ƒe si va yi me la, esi nyɔnu aɖe va ɖo kpekpewɔƒea la, anyinɔƒegbɔkpɔla aɖe di be yeakpe ɖe eŋu wòakpɔ gbeƒãɖela si kpee. Gake nyɔnua gblɔ nɛ be yemenya ame aɖeke le ameawo dome o eye be ame aɖe si nɔ tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm gbe ma gbe ŋdi lae kpe ye.
4. Susu kawo tae wòle be míakpɔ gome le amekpekpedɔ tɔxɛa me dzonɔamemetɔe?
4 Ðewohĩ ame aɖe ava Ŋkuɖodzia le esi nèna amekpegbalẽvii ta. Ame aɖe ɖawɔ ɖe amekpekpea dzi loo, alo ame aɖeke mewɔ ɖe edzi o, wò kutrikuku la anye ɖaseɖiɖi na ame aɖe kokoko. Amekpegbalẽvi siwo nàma la ana amewo nanya be Fia kalẽtɔ aɖee Yesu nye fifia. Ale si nàwɔ dɔ sia dzonɔamemetɔe la, ana eteƒekpɔlawo katã—ame siwo le anyigbamama me, hati gbeƒãɖelawo, kple vevietɔ, Yehowa—nakpɔe be èkpɔa ŋudzedze ɖe nunana si nye tafea ŋu vevie ŋutɔ.—Kol. 3:15.