Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Esi Míatsɔ Akpe Amewo Na Ŋkuɖodzia
“Míele amewo kpem na wɔna vevi aɖe. Le April 3 lia dzi la, ame miliɔn geɖe aƒo ƒu le xexea me godoo aɖo ŋku Yesu Kristo ƒe kua dzi. Woaƒo nuƒo si wotu ɖe Biblia dzi, si aɖe ale si Yesu ƒe kua ɖea vi na míi la me; womaxɔ ga le vavalawo si o. Àkpɔ afi si míawɔe le kple gamea le amekpegbalẽvi sia dzi.”
Gbetakpɔxɔ March 1
“Meɖe kuku, April 3 lia ye nye Yesu Kristo ƒe ku ƒe ŋkuɖodzizã. Le míaƒe nutoa me la, ame geɖe akpe le ŋkeke sia dzi aɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi. Gake ame aɖewo hã mexɔe se be Yesu ƒe kua le vevie o. Nu kae nèsusu? Èxɔe se be viɖe le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi ŋu na mía? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ nu si Mawu ƒe Nya la gblɔ tso esia ŋu ɖa. [Xlẽ 1 Korintotɔwo 15:22, 26.] Agbalẽ sia dzro yayra aɖe si tafe si Yesu xe la ana míakpɔ le etsɔme la me—eyae nye be ɣeyiɣi aɖe gbɔna si anyigbadzitɔ aɖeke magaku akpɔ o.”
Nyɔ! March
“Míeva gbɔwò be míatsɔ Nyɔ! yeye sia afia wò. [Tsɔ nya si le akpaa dzi fiae.] Amewo ƒe susu le nyabiase gbãtɔ sia ŋu le vovovo: ‘Ðe Mawu Li Ŋutɔŋutɔa?’ Le wò susu nu la, ame kawo sie etsɔmemɔkpɔkpɔ le—ame siwo xɔ Mawu dzi se loo, alo ame siwo mexɔ Mawu dzi se o? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Meɖe kuku na maxlẽ Mawu ƒe ŋugbedodo aɖe si na mɔkpɔkpɔ ame geɖe la na wò. [Xlẽ Psalmo 37:10, 11.] Magazine sia gblɔ susu ene siwo tae wòle be míaku nu me aka ɖe edzi nenye be Mawu li alo meli o.”