INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/13 axa 8
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
km 3/13 axa 8

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le April Me

“Míele dzi dem ƒo na míaƒe nutoa me tɔwo be woaxlẽ woƒe Biblia. Gake ewɔna na ame geɖe be Biblia la gɔme sese sesẽ. Ðe wòwɔna na wò hã nenema? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ nya si wogblɔ le afi sia ɖa.” Tsɔ April 1 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe megbekpaa fiae, midzro numeɖeɖe si le nyabiase gbãtɔ te la me, eye miaxlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka ya teti. Tsɔ magazineawo nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.

Gbetakpɔxɔ April 1

“Ame sia ame si míeɖo dze kplii la le xaxawo me tom. Esia na ame aɖewo biana be ɖe viɖe aɖe le agbea ŋu hã. Nu kae nàgblɔ be eyae nye kuxi gãtɔ si menana míekpɔa dzidzɔ le agbe me o? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Mawu do ŋugbe le Biblia me be yeava ɖe kuxi siwo me tom míele egbea ɖa kpuie. [Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:4.] Magazine sia ƒo nu tso nu dodzidzɔname siwo míele mɔ kpɔm na la ŋu, eye wògblɔ nu si míawɔ be viɖe nanɔ míaƒe agbe ŋu fifia gɔ̃ hã.”

Awake! April

“Egbea amewo sẽa ŋuta le wo srɔ̃wo ŋu. Ame aɖewo gblɔna be amewo ƒe dekɔnu, ƒome si me wonyi ame le, kple modzakaɖeɖe siwo me wowɔa ŋutasẽnuwo le kpɔkpɔ gbɔe kuxia tso. Èsusu be nu ka gbɔe wòtso be ŋutasẽnuwɔwɔ xɔ aƒe ɖe ƒome aɖewo me? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Biblia la gblɔ ale si wòle be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu dome nanɔ. [Xlẽ Efesotɔwo 5:33.] Magazine sia ƒo nu tso ale si Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ kpɔ srɔ̃ɖeɖe aɖewo tae ŋu.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe