Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le July Me
“Ame sia ame kloe adi be yeanɔ agbe didi si me dzidzɔ le. Eya ta míedi be míanya nu si nèsusu tso nyabiase sia ŋu: Dzɔdzɔmeŋutinunya kple atikeŋutinunya ye ana míava nɔ agbe tegbeea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ nya si wogblɔ le afi sia ɖa.” Tsɔ nyati si le July 1 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe megbekpaa dzi fiae, midzro numeɖeɖe si le nyabiase gbãtɔa te la me, eye miaxlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka ya teti. Tsɔ magazineawo nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.
Mide dzesii: Miwɔ kpɔɖeŋudzeɖonya sia ƒe wɔwɔfia le kpekpe hena gbeadziyiyi si miawɔ le July 6 dzi la me.
Gbetakpɔxɔ July 1
“Ame geɖe siwo míeɖo dze kplii la le subɔsubɔha aɖe me. Gake ame aɖewo gblɔ be yewomegaka ɖe subɔsubɔhawo dzi kura o. Nu kae nèsusu tso subɔsubɔhawo ŋu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Yesu gblɔ nu si akpe ɖe mía ŋu míanya ne subɔsubɔha aɖe nyo loo alo menyo o la na mí. [Xlẽ Luka 6:44a.] Magazine sia ƒo nu tso ku gbegblẽ siwo tsem subɔsubɔhawo le la dometɔ aɖewo ŋu. Egaɖo biabia sia hã ŋu: Ðe subɔsubɔha aɖe li si dzi nàte ŋu aka ɖoa?”
Awake! July
“Míele dze ɖom kple nutoa me tɔwo tso kuxi aɖe si zu taɖui na ame geɖe ŋu—eyae nye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ. Ame aɖewo lɔa gbɔ be yewoatsɔ aɖee afia be yewotsi tsitre ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋu. Èsusu be gbɔlɔlɔe ana tɔtrɔwo nava? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ nu si Biblia gblɔ be eyae ahe tɔtrɔ vavã ava anyigba dzii ɖa. [Xlẽ Mateo 6:9, 10.] Magazine sia ɖo biabia sia ŋu be, Gbɔlɔlɔe akpɔ kuxia gbɔa?”
Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
“Míele Biblia me nya dedziƒonamewo me dzrom kple ƒome siwo le nuto sia me. Ame geɖe siwo míeɖo dze kplii la bia be, nu ka tae Mawu si lɔ̃a mí aɖe mɔ míanɔ fu kpem le xexea me hã. Èsusu be ɖe Mawu ɖoe tso gɔmedzedzea be míanɔ fu kpem le anyigba dzia?” Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Ʋu Nusɔsrɔ̃ 5 lia, mixlẽ memama eve gbãtɔawo kple mawunyakpukpui siwo gbɔ woŋlɔ ɖo be “xlẽ” la eye miadzro wo me. Tsɔ agbalẽ gbadzaa nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo, si woŋlɔ kple nuŋlɔtsi si tò, la me kplii.