“Maxɔ Wò Agbalẽa Ne Wò Hã Èxɔ Tɔnyea”
Nya siae aƒemenɔla aɖewo gblɔna. Esi mímetsɔa míaƒe Biblia srɔ̃gbalẽwo nana xɔa sɔlemegbalẽ siwo kakaa alakpanyawo ɖe wo teƒe o ta la, aleke míaɖo nya sia ŋu aɖaŋutɔe? (Rom. 1:25) Míate ŋu agblɔ be: “Akpe geɖe. Nya kae wò agbalẽa gblɔ tso ale si woakpɔ amegbetɔƒomea ƒe kuxiwo gbɔe ŋu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Ne egblɔ na wò be nàxlẽ yeƒe agbalẽa ne nàkpɔ ŋuɖoɖoa la, àte ŋu aɖo ŋku edzi nɛ be, yegblɔ nya siwo le míaƒe agbalẽa me ƒe ɖewo nɛ hafi tsɔe nɛ. Eyome xlẽ Mateo 6:9, 10 alo gblɔ emenyawo nɛ.] Yesu ƒe nya siawo ɖee fia be Mawu Fiaɖuƒea ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi. Eya ta subɔsubɔgbalẽ si mexlẽna ye nye esi tea gbe ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzi. Ado dzidzɔ na wò be maxlẽ nu siwo Mawu ƒe Fiaɖuƒea ava wɔ la dometɔ aɖewo na wò tso Biblia mea?”