Aleke Agbalẽa Le?
Esia nye nyabiase nyui aɖe si wòle be míabia ku ɖe agbalẽ ɖe sia ɖe si míeɖo be míana le gbeadzi ŋu. Agbalẽ ɖe sia ɖe si to ŋlɔ, si ƒe amedede trɔ, si ƒo ɖi, alo vuvu la maƒo nu nyui tso habɔbɔa ŋu o, eye ate ŋu ahe aƒemenɔlaa ƒe susu ɖa le agbenya vivi lédziname siwo le míaƒe agbalẽwo me la ŋu.
Nu kae míawɔ be míaƒe agbalẽwo nanɔ dzadzɛ? Ame geɖewo kpɔe be eɖea vi ne yewoɖo agbalẽawo ɖe ɖoɖo nu le yewoƒe gbeadzidekplo me ale be esiwo nye ɖeka tɔgbiwo la le teƒe ɖeka. Le kpɔɖeŋu me, agbalẽwo nɔa teƒe ɖeka, magazinewo kple agbalẽ gbadzawo nɔa teƒe ɖeka, traktwo nɔa teƒe ɖeka, eye nenema ke wònɔna le agbalẽ ƒomevi bubu hã gome. Ɣesiaɣi si wogbugbɔ tsɔ woƒe Biblia kple agbalẽ ɖe sia ɖe si woɖe ɖe go la le woƒe gbeadzidekploa me dem la, wowɔnɛ ŋuɖɔɖotɔe ale be agbalẽawo dome nagagblẽ o. Gbeƒãɖela aɖewo dea agbalẽawo agbalẽkotoku alo aŋekotoku gbabɛwo me. Mɔnu ka ke ŋu dɔe míewɔna o, míedi be míatsɔ agbalẽ siwo mele nɔnɔme nyui me o la ana ame aɖe ne esia nawɔe be wòakpɔ vodada le míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu o.—2 Kor. 6:3.