Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le March Me
“Míeva be míagblɔ wɔna vevi aɖe si dze April 14 dzi la ŋu nya na wò. Gbe ma gbee nye Yesu ƒe ku ƒe ŋkuɖodzizã. Ame aɖewo aɖo ŋku ŋkeke ma dzi le esi woxɔe se be Yesu ƒe kua le vevie ŋutɔ ta. Ame aɖewo hã menya Yesu ƒe kua ƒe vevienyenye o. Èsusui be Yesu ƒe kua ɖea vi na nye kpli wòa?” Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Tsɔ nyati si le March 1 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe megbekpa dzi fiae; midzro numeɖeɖe si le nyabiase gbãtɔa te la me, eye miaxlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka ya teti. Tsɔ magazineawo nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.
Gbetakpɔxɔ March 1
“Ame geɖe dea ŋugble le nu si tae Mawu meɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple fukpekpe ɖa le xexea me o ŋu. Èsusu be esi Mawu metsɔa ɖeke le eme na mí o alo esi wòkpɔe be esɔ be amegbetɔwo nanɔ fu kpem taea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Eyome xlẽ Yohanes 3:16.] Togbɔ be ame geɖe gblɔna be mawunyakpukpui sia me nyawo ɖee fia be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí hã la, womese ale si Mawu ƒe Vi la ƒe ku ɖea vi na woe la gɔme tututu o. Magazine sia ɖe ale si Yesu ƒe kua ʋu mɔ ɖi be woaɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple fukpekpe ɖa le anyigba dzi la me.”
Nyɔ! March
“Míeva gbɔwò be míaɖo dze tso alakpanya siwo ame aɖewo gblɔna tso 1 Mose 1:1 ŋu la ŋuti. [Xlẽe.] Ame aɖewo xɔe se be Wɔla aɖee wɔ xexe gbahoo sia, eye ame aɖewo hã mexɔe se o. Ke wò ya ɖe, nu kae nye wò susu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nu si tae ame aɖewo mexɔe se be Wɔla aɖee wɔ nuwo o ye nye be, subɔsubɔhakplɔla aɖewo kakaa nya aɖewo siwo Biblia megblɔ o. Magazine sia dzro nya siwo ŋu kakaɖedzi le si Biblia gblɔ tso xexe gbahoo sia ƒe gɔmedzedze ŋu la me eme kɔ.”