Míadze Amewo Kpekpe Na Ŋkuɖodzia Gɔme Tso March 22 Dzi
Ƒe sia me la, míadze dɔ tɔxɛ si míawɔ atsɔ akpe amewo na Ŋkuɖodzia gɔme le Memleɖa, March 22, dzi. Wole dzi dem ƒo na mí katã be míakpɔ gome le eme bliboe. Le kwasiɖanuwuwuwo la, míate ŋu ana magazineawo hã ne esɔ. Eye le April ƒe Memleɖa gbãtɔ dzi la, míalé fɔ ɖe amewo kpekpe ŋu, ke menye ɖe Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme dzedze ŋu o. Ke hã, ne míeke ɖe ame si tsɔ ɖe le eme etɔxɛ ŋu la, míate ŋu adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme faa. Subɔsubɔdɔdzikpɔlaa adae kpɔ ne amekpegbalẽviawo mama le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa me ana hamea naɖo ame geɖe wu gbɔ le anyigbamamaa me. Ŋlɔ wò ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, ame siwo gbɔ nètrɔna yina kple ame nyanyɛ bubu siwo nèdi be yeakpe na Ŋkuɖodzia la ƒe ŋkɔwo ɖi fifia, eye nàtsɔ amekpegbalẽvia ayi na wo ne amekpekpedɔa dze egɔme teti ko. Míele mɔ kpɔm be ame geɖe ava wɔ ɖeka kpli mí míaɖo ŋku Mawu kple Via ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia gãtɔ sia dzi.—Yoh. 3:16; 15:13.