INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/14 axa 8
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
km 4/14 axa 8

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le May Me

“Míeva gbɔwò be míadzro nyabiase vevi aɖe me kpuie. [Tsɔ nyabiase gbãtɔ si le May 1 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe megbekpaa dzi la fiae.] Meɖe kuku, aleke nàɖo nya sia ŋu?” Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Midzro numeɖeɖe si le nyabiasea te la me, eye miaxlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka ya teti. Tsɔ magazineawo nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.

Gbetakpɔxɔ May 1

“Míeva gbɔwò be míaɖo dze kpuie tso ale si agbea ava nɔ na mí le etsɔme ŋu. Ne èbu ale si etsɔme ava nɔ ŋu la, ɖe dzi ɖoa ƒowòa alo nètsia dzimaɖi? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ mawunyakpukpui siwo le aɖaka si nye “Nya Si Mawu Gblɔ Tso Etsɔ Si Gbɔna Ŋu” me la dometɔ ɖeka.] Magazine sia ƒo nu tso nya siwo Mawu gblɔ ɖi tso etsɔme ŋu la ŋu eye wòɖe nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be woava eme la me.”

Nyɔ! May

“Míeva gbɔwò be míaɖo dze kpuie tso nu vevi siwo akpe ɖe amewo ŋu woanɔ te ɖe nuteɖeamedzi nu la ŋu. Ðe nèkpɔe be nu le tetem ɖe amewo dzi egbea wu ale si wònɔ tsã? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ame geɖewo te ŋu nɔ te ɖe nuteɖeamedzi nu esi wowɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo ɖea vi la dzi. Se aɖaŋuɖoɖo ɖeka ɖa. [Xlẽ Mateo 6:34.] Magazine sia ƒo nu tso nu ene siwo gbɔ nuteɖeamedzi tsona zi geɖe la ŋu, eye wòfia ale si Biblia ƒe nuxlɔ̃amewo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe wo nu.”

Mide Dzesii: Tata sia ado dzidzɔ na dɔwɔla siwo mevona kura o la koŋ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe