Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le June Me
“Míeva gbɔwò be míadzro nyabiase vevi aɖe me kpuie. [Tsɔ nyabiase gbãtɔ si le June 1 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe megbekpaa dzi fiae.] Meɖe kuku, aleke nàɖo nya sia ŋu?” Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Midzro numeɖeɖe si le nyabiase gbãtɔa te la me, eye miaxlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka ya teti. Tsɔ magazineawo nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.
Gbetakpɔxɔ June 1
“Ame siwo ade 6,000,000 ye atamanono wuna ƒe sia ƒe. Èsusu be nane li woate ŋu awɔ atsɔ aɖe atamanono ƒe nugbegblẽ dzi kpɔtɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Wokpe ɖe ame geɖe ŋu wote ŋu dzudzɔ atamazazã esi wodzro ale si Mawu bua atamanonoe me kpli wo. Le kpɔɖeŋu me, mawunyakpukpui aɖe kpe ɖe ame aɖewo ŋu wobu ale si atamanono gblẽa nu le ame bubuwo ŋui la ŋuti. [Xlẽ 1 Korintotɔwo 10:24.] Ale si Mawu bua atamanonoe ŋu bubu ate ŋu aʋã enolaa be wòadzudzɔ. Magazine sia dzro nya sia me.”
Nyɔ! June
“Togbɔ be Internet dzi hahoo kadodo na wòle bɔbɔe na amewo be woate ŋu adze ‘xɔlɔ̃’ alafa geɖewo hã la, nɔnɔme nyui kawoe nɔa xɔlɔ̃ nyuiwo si? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se Biblia me ɖaŋuɖoɖo aɖe si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdze xɔlɔ̃ nyuiwo ɖa. [Xlẽ Yakobo 1:19.] Magazine sia dzro mɔfiame ene siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànye ame si ƒomevi amewo adi be yewoadze xɔlɔ̃e la me.”