Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Gbetakpɔxɔ April 1
“Míele trakt sia mam na ame sia ame le nutoa me egbea. [Tsɔ trakt si nye Agbalẽ Ka Ƒomevie Biblia Nye? na aƒemenɔlaa, eye nàbia nyabiase siwo le eƒe ŋgɔgbekpaa dzi lae. Xlẽ ale si Biblia ɖo eŋu le 2 Timoteo 3:16 nɛ, eye nàde dzi ƒo nɛ be wòadi ɣeyiɣi axlẽ trakt la.] Ame geɖe menya be nyabiase siwo le magazine sia me ƒe ŋuɖoɖo siwo faa akɔ na ame la le Biblia me o. [Tsɔ biabia siwo le Gbetakpɔxɔ la ƒe nyati gbãtɔ ƒe gɔmedzedze fiae.] Magazine sia ana nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le wò ŋutɔ wò Biblia me.”
Nyɔ! April
“Ame geɖe kpɔe be egbea, ale si dzilawo hea wo viwoe la trɔ kura. Tsã la, ɖeviwo wɔa wo dzilawo ƒe gbe dzi, gake egbea le ƒome aɖewo me la, dzilawo boŋue le wo viwo ƒe gbe dzi wɔm. Meɖe kuku mabia lo, èsusu be egbea dzilawo te ŋu le wo viwo hem nyuie ale si dzea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Biblia gblɔ be, ele vevie be woahe ɖeviwo nyuie. [Xlẽ Lododowo 29:17.] Magazine sia ƒo nu tso Biblia ƒe mɔfiame nyui siwo aɖe vi na dzilawo le wo viwo hehe me ŋu.”