Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Gbetakpɔxɔ January 1
“Edze abe dziɖuɖuwo ƒe nu fitifiti wɔwɔ nye kuxi tso gbe aɖe gbe ke ene. Èsusu be nu ka tae wòle nenema ɖo? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Biblia me nya sia wɔa dɔ ɖe dzinye. [Xlẽ Nyagblɔla 7:20.] Magazine sia ƒo nu tso nu fitifiti wɔwɔ gbɔ kpɔnu si le Biblia me ŋu. Meɖe kuku di ɣeyiɣi aɖe nàxlẽe. Tɔwòe nye esia.”
Nyɔ! January
“Ame geɖe xɔe se be nu gbagbewo dzɔ le wo ɖokui si, gake ame bubuwo ya mexɔ edzi se tututu o. Aleke nèsusu be nu gbagbewo wɔ va dzɔ? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Numekuku siwo wowɔ ƒe gbogbo aɖewoe nye esia ɖee fia be nu gbagbe me koe agbe dzɔna tso. Esia wɔ ɖeka kple nya kpui sia si dze le Biblia me. [Xlẽ Psalmo 36:10.] Magazine sia dzro nu si tae ame geɖe ƒo nya ta be nu gbagbewo ƒe wɔwɔme de ŋgɔ hewɔ nuku akpa be woadzɔ le wo ɖokui si la me.”