KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
Aleke Gbegbee Nèdea Asixɔxɔ Mawu Ƒe Nya La Ŋui?
Yehowa Mawu ƒe susuwoe woŋlɔ ɖe Biblia me, eya gbɔe agbalẽ kɔkɔe sia tso. (2Pe 1:20, 21) Esi Biblia te gbe ɖe ale si woato Fiaɖuƒea dzi aʋli Mawu ƒe dziɖulanyenye ta dzi ta la, Biblia ka ɖe edzi na amegbetɔwo katã be eteƒe madidi o nuwo aɖɔ ɖo. Azɔ hã, Biblia na míekpɔ nɔnɔme lédziname siwo le Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la si.—Ps 86:15.
Mía dometɔ ɖe sia ɖe dea asixɔxɔ Yehowa ƒe Nyaa ŋu le susu vovovowo ta. Gake ɖe míeɖenɛ fiana be míedea asixɔxɔ nunana xɔasi sia ŋu, eye míexlẽnɛ gbe sia gbe hewɔna ɖe nu siwo míexlẽ dzi le míaƒe agbe mea? Neva eme be míaƒe nuwɔnawo nafia be míelɔ̃ ɖe hakpala ƒe nya si wògblɔ be: “Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o!” la dzi.—Ps 119:97.
MIKPƆ VIDEO SI NYE WODE ASIXƆXƆ BIBLIA ŊU—NYATIA ƑE AKPA AÐE (WILLIAM TYNDALE), EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:
Nu ka tae William Tyndale ɖe Biblia ƒe akpa aɖewo gɔme?
Nu ka tae agbagba siwo wòdze hafi ɖe Biblia gɔme la ɖe dzesi?
Aleke wowɔ hafi Biblia si gɔme Tyndale ɖe la ɖo England?
Aleke mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu aɖee afia be yedea asixɔxɔ Mawu ƒe Nyaa ŋu?