INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w24 June axa 14-18
  • Yehowa Ðo To Nye Gbedodoɖawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Ðo To Nye Gbedodoɖawo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SASRÃKPƆ AÐE SI TRƆ NYE AGBE KURA
  • ALE SI AGBEA NƆ LE XEXEMEƲA EVELIA WƆƔI
  • MEKU ÐE YEHOWA ŊU
  • ƔEYIƔIAWO KATÃ ƑE SUBƆSUBƆDƆA
  • YEHOWA ƑE AMEWO TA ƲIƲLI LE SE NU
  • MÍEKPƆ ABLƆÐE VIE LE CUBA
  • MÍEKPE ÐE MÍA NƆVIWO ŊU LE RWANDA
  • MEÐOE KPLIKPAA BE MAYI EDZI AWƆ NUTEƑE
  • “Wò Amenuveve Nyo Wu Agbe”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tiatia Nyuiwo Wɔwɔ He Yayrawo Vɛ Nam Le Nye Agbemeŋkekewo Katã Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Nusɔsrɔ̃ Tso Yehowa Ŋu Kple Nufiafia Amewo Na Mekpɔ Dzidzɔ Geɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Beléle Na Amesiwo Dzi Nu Dzɔ Ðo Le Rwanda Afɔkua Me
    Nyɔ!—1995
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
w24 June axa 14-18
Marcel Gillet le eƒe ɔfis le Belgium alɔdzedɔwɔƒe.

AGBEMEŊUTINYA

Yehowa Ðo To Nye Gbedodoɖawo

ABE ALE SI MARCEL GILLET GBLƆE ENE

ESI mexɔ ƒe ewo la, gbe ɖeka mefɔ mo dzi nɔ ɣletiviwo kpɔm le zã me. Medze klo eye medo gbe ɖa. Togbɔ be nyemenya nu boo aɖeke tso Yehowa ŋu o hã, megblɔ nu siwo ŋu metsi dzi ɖo la nɛ. Aleae nye kple Yehowa Mawu, si nye “Gbedodoɖasela” ƒe xɔlɔ̃wɔwɔa dze egɔmee. (Ps. 65:2) Na magblɔ ale si wòdzɔe be medo gbe ɖa na Mawu evɔ nyemenya nu boo aɖeke tso eŋu o na wò.

SASRÃKPƆ AÐE SI TRƆ NYE AGBE KURA

Wodzim le December 22, 1929 dzi, le Noville si nye agblededu sue aɖe si te ɖe Bastogne ŋu, le Belgium ƒe tonutowo me. Meɖoa ŋku edzi be le nye ɖevimea, nye kple dzinyelawo míekpɔa dzidzɔ le agblea dzi. Nye kple nɔvinyeŋutsu Raymond míefiaa nyinotsi gbe sia gbe eye míekpea asi ɖe mía dzilawo ŋu woxaa nukuwo. Ðekawɔwɔ sẽŋu nɔ amewo dome le míaƒe kɔƒe suea me; ame sia ame kpena ɖe nɔvia ŋu.

Esime nye kple míaƒe ƒomea míele dɔ wɔm le míaƒe agble dzi

Dzinyelawo, siwo ŋkɔe nye Emile kple Alice, nye Katolikotɔ dovevienuwo. Wodea Misa Kwasiɖagbewo. Gake le ƒe 1939 me lɔƒo la, mɔɖelawo tso England va míaƒe kɔƒea me eye wona agbalẽvi aɖe tɔnye si wòatsɔ adɔ magazine si nye Consolation (si míeyɔna fifia be Nyɔ!). Eteƒe medidi o, tɔnye de dzesii be nya siwo le magazine la me nye nyateƒe eye esia ʋãe wòte Biblia xexlẽ. Eva dzudzɔ Misa dede si wɔe be nutoa me tɔ, siwo wɔa nu ɖe mía ŋu nyuie tsã la, va tsi tre ɖe mía ŋu vevie. Woƒoe ɖe tɔnye nu be wòagado le Katolikohaa me o; esia na woʋli nya kplii enuenu.

Ete ɖe dzinye ŋutɔ be nutoa me tɔwo nɔ nu wɔm ɖe tɔnye ŋu nenema. Esiae wɔe be medo gbe ɖa na Mawu ɖe kuku nɛ vevie be wòakpe ɖe mía ŋu. Gbedodoɖa ma ŋue meƒo nu tsoe le nyatia ƒe gɔmedzedze. Tsitretsiɖeŋua nu va nɔ fafam vivivi si na dzi dzɔm ŋutɔ. Meva ka ɖe edzi be Yehowae nye “Gbedodoɖasela.”

ALE SI AGBEA NƆ LE XEXEMEƲA EVELIA WƆƔI

Le May 10, 1940 dzia, Nazi Germany va dze Belgium dzi, si na dukɔmevi geɖe si dzo. Míaƒe ƒomea hã si yi ɖe France ƒe anyiehe. Esi míenɔ sisim la, míeva do go ɖe Germany srafowo kple France srafowo nu wonɔ aʋa wɔm vevie.

Emegbea míetrɔ gbɔ va míaƒe agblea dzi, eye míekpɔ be wova lɔ míaƒe nunɔamesiwo katã. Bobbie si nye míaƒe avua koe susɔ míeva kpɔ. Nu si dzɔ la na mebia ɖokuinye be, ‘Nu ka tae aʋawɔwɔ kple fukpekpe bɔ alea gbegbe?’

Esime Marcel nɔ eƒe ƒewuiwo me.

Tso nye ƒewuiwo mee nye kple Yehowa dome va nɔ kplikplikpli

Le ɣeyiɣi ma mea, Nɔviŋutsu Emile Schrantz,a si nye mɔɖela dovevienu aɖe, si tsi le ƒe me la, va srã mí kpɔ eye eƒe vava ɖe vi ŋutɔ. Ezã Biblia tsɔ ɖe nu si tae fukpekpe bɔ ɖo la me na mí eme kɔ nyuie eye wòɖo biabia bubu siwo nɔ asinye hã ŋu nam. Esia na megava lɔ̃ Yehowa ɖe edzi vevie eye meka ɖe edzi be enye Mawu lɔ̃ame.

Hafi aʋaa nawu enu gɔ̃ hã, kadodo va nɔ míaƒe ƒomea kple nɔviawo dome geɖe wu. Le August 1943 mea, Nɔviŋutsu José-Nicolas Minet va srã mí kpɔ le agblea dzi eye wòƒo nuƒo aɖe. Esi wòƒo nuƒoa vɔ la, ebia be, “Ame kae di be yeaxɔ nyɔnyrɔ?” Tɔnye do asi ɖe dzi eye nye hã medo asi ɖe dzi. Míexɔ nyɔnyrɔ le tɔsisi sue aɖe si le agblea gbɔ la me.

Le December 1944 mea, Germany srafowo ho aʋa mamlɛa le Xexemeʋa Evelia me ɖe dukɔ siwo le ɣeɖotoƒe Europa ŋu. Wotsɔ ŋkɔ na aʋa ma be Vomeʋahoho (Battle of the Bulge). Afi si míenɔ la te ɖe afi si aʋaa nɔ edzi yim lea ŋu, eya ta míeva be ɖe míaƒe xɔtexɔ me abe ɣleti ɖeka sɔŋ ene. Gbe ɖeka medo ɖe gota be mana nuɖuɖu míaƒe lãwo. Kaka makpɔa, bɔmb aɖee nye ema va dze agblea me eye wòwó hefo lãkpoa tame. Amerika srafo aɖe si hã be ɖe lãkpoa me la do ɣli gblɔ nam be, “Mlɔ anyi ɖe anyigba!” Meƒu du vae mlɔ anyi ɖe exa eye wòtsɔ eƒe gakukua ɖɔ ɖe ta nam.

MEKU ÐE YEHOWA ŊU

Míaƒe srɔ̃ɖegbe

Le aʋaa megbea, míete ŋu doa ka edziedzi kple hame si le Liège, si anɔ abe kilometa 90 ene le dziehe gome. Ɣeyiɣi aɖe megbea, míeɖo ƒuƒoƒo sue aɖe le Bastogne. Medze dɔwɔwɔ le adzɔxɔƒe aɖe eye mɔnukpɔkpɔ su asinye mesrɔ̃ nu tso senyawo ŋu. Emegbe mewɔ dɔ le dziɖuɖudɔwɔƒe aɖe. Le ƒe 1951 mea, míewɔ nutome sue takpekpe aɖe le Bastogne. Anɔ abe ame alafa ɖekae de takpekpea. Nɔvinyɔnu mɔɖela dovevienu aɖe si ŋkɔe nye Elly Reuter hã de. Edo gasɔ kilometa 50 hafi va takpekpea. Eteƒe medidi o, míaƒe nu lé dzi na mía nɔewo, eye míedo ŋugbe na mía nɔewo. Do ŋgɔ la, wokpe Elly be wòava de Gilead Sukua le Amerika, eya ta eŋlɔ lɛta ɖo ɖe míaƒe dɔwɔƒegã be yemate ŋu ade o eye wòɖe susu si tae la me na wo. Nɔviŋutsu Knorr ye nɔ ŋgɔ xɔm le Yehowa ƒe amewo dome ɣemaɣi. Eɖo lɛtaa ŋu vividoɖeameŋutɔe gblɔ be ɖewohĩ gbe ɖekaa, eya kple srɔ̃a ade. Míeɖe srɔ̃ le February 1953 me.

Elly kple mía vi Serge

Le ƒe ma ke mea, nye kple Elly míede Xexeme Yeye Habɔbɔ Takpekpe si wowɔ le Yankee Stadium, New York. Medo go nɔviŋutsu aɖe le takpekpea me. Egblɔ dɔ nyui aɖe ŋu nya nam eye wòkpem be mava nɔ Amerika awɔ dɔa. Nye kple Elly míedo gbe ɖa tso eŋu eye míeɖoe be míatrɔ ayi Belgium ava kpe asi ɖe ƒuƒoƒo sue si me gbeƒãɖela ewo nɔ le Bastogne la ŋu. Le ƒe si kplɔe ɖo mea, míedzi mía viŋutsu sue Serge. Gake nublanuitɔe la, edze dɔ ɣleti adre megbe eye wòku. Ete ɖe mía dzi ale gbegbe; míedo gbe ɖa tso eŋu na Yehowa, eye tsitretsitsimɔkpɔkpɔa do ŋusẽ mí.

ƔEYIƔIAWO KATÃ ƑE SUBƆSUBƆDƆA

Le October 1961 mea, mekpɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ si ana mate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa. Gbe ma gbe kee Belgium alɔdze dzikpɔlaa yɔm. Ebiam nenye be malɔ̃ awɔ nutome sue subɔla (si míeyɔna fifia be nutome sue dzikpɔla) ƒe dɔa hã. Mebiae be: “Ðe manyo be míawɔ mɔɖeɖedɔa gbã hafi axɔ dɔdeasia oa?” Nɔviawo ɖe mɔ na mí be míawɔ mɔɖeɖedɔa gbɔ. Esi míewɔ mɔɖeɖedɔa ɣleti enyi megbea, míedze nutome sue dzikpɔkpɔdɔa gɔme le September 1962 me.

Esi míewɔ nutome sue dzikpɔkpɔdɔa ƒe eve megbea, wokpe mí be míava wɔ dɔ le Betel le Brussels. Míedze subɔsubɔ le Betel le October 1964 me. Míekpɔ yayra geɖe le dɔdeasi yeye sia me. Esi Nɔviŋutsu Knorr va srã alɔdzedɔwɔƒea kpɔ le ƒe 1965 me megbe kpuie la, woɖom alɔdzea dzikpɔlae. Emegbe wokpe nye kple Elly be míava de Gilead Suku ƒe klass 41 lia. Nya si Nɔviŋutsu Knorr gblɔ ƒe 13 ye nye ema va eme! Esi míewu sukua nua, míetrɔ yi Belgium Betel.

YEHOWA ƑE AMEWO TA ƲIƲLI LE SE NU

Esi menye senyala ta, mɔnukpɔkpɔ su asinye meʋli nya nyuia ta le Europa kple teƒe bubuwo. (Flp. 1:7) Esia na medo go dziɖuɖumegã vovovo siwo tso dukɔ siwo wu 55 siwo me woɖo asi míaƒe dɔa dzi le me. Nyemeɖea ɖokuinye fiana be senyalae menye o, ke boŋ be “Mawu ƒe amee” menye. Mebiaa Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu elabe menya be “Fia [alo ʋɔnudrɔ̃la] ƒe dzi le abe tɔʋu ene le Yehowa si me. Afi sia afi si Wòlɔ̃ lae wòtrɔnɛ ɖo.”—Lod. 21:1.

Nuteƒekpɔkpɔ aɖe si wɔ dɔ ɖe dzinye, si nyemaŋlɔ be akpɔ o, ye nye esime medo go kple Europa dukɔwo ƒe Sewɔtakpekpe me tɔ aɖe. Mewɔ ɖoɖo be mado go kplii zi gbɔ zi geɖe, gake bebli hafi wòlɔ̃ be yeado gom. Esi míedo go la, egblɔ be, “Miniti atɔ̃ ko mana wò, miniti ɖeka ŋutɔ hã madze edzi o.” Enumake mebɔbɔ ta nɔ gbe ɖom ɖa. Ewɔ yaa nɛ wòbiam be, “Nu ka wɔm nèle?” Esi mefɔ ta dzi la, megblɔ nɛ be: “Menɔ akpe dam na Mawu elabe eƒe dɔtsɔlae nènye.” Ebiam be, “Wò nyaa gɔme ɖe?” Enumake metsɔ Romatɔwo 13:4 me nyawo fiae. Esi wòdea bubu Biblia ŋu ta la, mawunyakpukpui ma wɔ dɔ ɖe edzi. Le esia taa, ena miniti blaetɔ̃m eye míeɖo dze vevi geɖe. Egblɔ be yedea bubu mía ŋu le míaƒe dɔa ta.

Le ƒe siwo va yi mea, Yehowa ƒe amewo ʋli wo ɖokui ta le Europa le nya siwo ku ɖe woƒe akpaɖekedzimademade, dzila si gbɔ ɖeviwo anɔ, adzɔxexe kple nya bubuwo ŋu. Mɔnukpɔkpɔe wònye nam be mewɔ akpa aɖe míeʋli mía ɖokui ta le senyawo me eye míekpɔ ale si Yehowa kpe ɖe mía ŋu míeɖu dzi le wo dometɔ geɖe me. Yehowa Ðasefowo ɖu dzi le senya siwo wu 140 me le Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe!

MÍEKPƆ ABLƆÐE VIE LE CUBA

Le ƒe 1990-awo me la, nye kple Nɔviŋutsu Philip Brumley, si tso habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã kple Nɔviŋutsu Valter Farneti, si tso Italy, míewɔ dɔ ɖekae be subɔsubɔblɔɖe nasu mía nɔviwo si le Cuba, elabe woxe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu le afi ma. Meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Cubatɔwo ƒe dutadɔwɔƒe si le Belgium eye medo go kple dziɖuɖumegã si wotia be wòakpɔ nyaa gbɔ. Esi míedo go zi gbãtɔa, míete ŋu kpɔ nugɔmemasemase si na woɖo asi dɔa dzi le afi ma la gbɔ o.

Nye kple Philip Brumley kpakple Valter Farneti, esime míeyi Cuba le ƒe 1990-awo me

Esi míedo gbe ɖa na Yehowa vɔa, míebia mɔ be dziɖuɖumegãwo naɖe mɔ na mí míaɖo Biblia 5,000 ɖe mía nɔviwo le Cuba eye woɖe mɔ na mí. Bibliawo vae ɖo dedie eye woma wo na nɔviawo, eya ta míekpɔe be Yehowa le yayram ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi. Míegabia mɔ ake be woana míaɖo Biblia 27,500 ɖe mía nɔviwo. Wogaɖe mɔ na mí ake. Dzi dzɔm ŋutɔ be mekpe asi ɖe eŋu Biblia va su mía nɔvi siwo le Cuba la dometɔ ɖe sia ɖe si.

Mede Cuba zi geɖe va kpe asi ɖe mía nɔviwo ŋu be woana ablɔɖe geɖe wo. Esia na medo go dziɖuɖumegã geɖe eye kadodo nyui va nɔ nye kpli wo dome.

MÍEKPE ÐE MÍA NƆVIWO ŊU LE RWANDA

Le ƒe 1994 me la, ame 1,000,000 kple edzivɔwoe ku esi woho aʋa ɖe Tutsitɔ siwo le Rwanda ŋu be yewoatsrɔ̃ wo ɖa le dukɔa me. Nublanuitɔe la, mía nɔvi aɖewo hã ku le aʋa ma me. Enumake habɔbɔa tia nɔvi aɖewo be woaxɔ ŋgɔ aɖo kpekpeɖeŋununanawo ɖe mía nɔvi siwo le dukɔa me.

Esi míevae ɖo dugã si nye Kigali mea, míekpɔ ale si tukpewo gblẽ nu le gbegɔmeɖeƒea kple teƒe siwo míedzraa míaƒe agbalẽwo ɖo la ŋu. Míese ale si wotsɔ yi dza mía nɔvi geɖe ŋutasesẽtɔe ŋu nya wɔnublanuiwo. Gake míese ale si mía nɔviwo ɖe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ fia wo nɔewo hã ŋu nya siwo de dzi ƒo. Le kpɔɖeŋu me, míedo go nɔviŋutsu Tutsitɔ aɖe si Ðasefowo ƒe ƒome aɖe, siwo nye Hututɔwo, tsɔ ɣla ɖe do me ŋkeke 28 sɔŋ hekpɔ eta. Míekpe kple nɔvi siwo wu 900 le Kigali eye míetsɔ Ŋɔŋlɔawo fa akɔ na wo.

Fotoawo: 1. Agbalẽ aɖe si ƒe akpa tri la dome gblẽ. 2. Marcel kple nɔviŋutsu eve wole kpekpeɖeŋunadɔwo wɔm.

Miame: Agbalẽ aɖe si tukpe lɔ le gbegɔmeɖeƒea

Ðusime: Esime menɔ asi kpem ɖe kpekpeɖeŋunadɔwo ŋu

Eyome míetso dea yi Zaire (si woyɔna fifia be Congo-Kinshasa) be míadi Rwanda nɔvi siwo si aʋa yi ɖe sitsoƒesaɖa me le Goma dugã la me. Míedi nɔviawo ʋuu gake míeke ɖe wo ŋu o, eya ta míedo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu. Enumake míekpɔ ame aɖe wòzɔ gbɔna mía gbɔ, eye míebiae be enya Yehowa Ðasefo aɖe hã. Eɖo eŋu be, “Ɛ̃, Ðasefoe menye. Makplɔ mi ayi kpekpeɖeŋunakɔmiti si le afi sia la gbɔ.” Míekpe kple kpekpeɖeŋunakɔmitia, eye kpekpea de dzi ƒo ŋutɔ. Eyome míegakpe kple mía nɔvi sitsoƒedila 1,600 aɖewo. Míezã Ŋɔŋlɔawo tsɔ tu wo ɖo hefa akɔ na wo. Míexlẽ Dɔdzikpɔhaa ƒe lɛta si míetsɔ ɖe asi hã na wo. Lɛtaa me nyawo fa akɔ na wo, vevietɔ eƒe akpa si nye: “Míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɣesiaɣi. Míenya be Yehowa magblẽ mi ɖi o.” Nyateƒee nya mawo nye. Yehowa megblẽ wo ɖi o vavã. Egbea, Ðasefo siwo wu 30,000 ye le Rwanda!

MEÐOE KPLIKPAA BE MAYI EDZI AWƆ NUTEƑE

Srɔ̃nye lɔlɔ̃a Elly ku le ƒe 2011 me, le míaƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe 58 kloe megbe. Medo gbe ɖa na Yehowa vevie eye wòfa akɔ nam. Fiaɖuƒenya nyuia gbɔgblɔ na amewo hã na mekpɔ akɔfafa.

Fifia mele nye ƒe 90-awo me, gake megagblɔa nya nyuia na amewo kwasiɖa sia kwasiɖa. Enye dzidzɔ nam be mekpɔtɔ le asi kpem ɖe Senyawo Dzikpɔƒea ŋu le Belgium alɔdzedɔwɔƒea, megblɔa nye nuteƒekpɔkpɔwo na wo, eye medea dzi ƒo na sɔhɛ siwo le Betel-ƒomea me.

Ƒe 84 ye nye esia tso esime medo gbe ɖa na Yehowa zi gbãtɔ. Mekpɔ dzidzɔ geɖe le agbe me tso ɣemaɣi eye meyi edzi le tetem ɖe Yehowa ŋu. Meda akpe na Yehowa be le nye agbe me katã la, eyi edzi le to ɖom nye gbedodoɖawo.—Ps. 66:19.b

a Àkpɔ Nɔviŋutsu Schrantz ƒe agbemeŋutinya le September 15, 1973 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 570-574.

b Esi wonɔ asi trɔm le nyati sia ŋua, Nɔviŋutsu Marcel Gillet dɔ alɔ̃ le ku me le February 4, 2023 dzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe