Ðe Wòle Be Madzudzɔ Ʋukukua?
ƑE GEÐEE nye esia nèle ʋu kum. Edzɔa dzi na wò be ʋu alo dzokeke le ye ŋutɔ ye si yetsɔna yia afi sia afi si yedi. Gake esi wò ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo tsi dzi ɖe wò dedienɔnɔ ŋu ta la, wole esusum be anyo be nàdzudzɔ ekuku. Mèse nu si tae wotsi dzi nenema gbegbe ɖo la gɔme o.
Ðe nèkpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme sia tɔgbi mea? Ne nenemae la, ke nu kae akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nenye be àyi edzi anɔ ʋua alo dzokekea kum loo alo nàdzudzɔ?
Le dukɔ aɖewo me la, wobiana tso ame siwo tsi le ƒe me siwo ƒe ʋukugbalẽ ku eye wodi be yewoaxɔ yeye la si be woaxɔ mɔɖeɖe tso ɖɔkta gbɔ. Kristotɔ siwo le dukɔ mawo me la wɔna ɖe dukɔa ƒe se kple ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ƒe nyametsotsowo dzi. (Rom. 13:1) Ne womede se sia tɔgbi le afi si nèle o hã la, aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna akpe ɖe ŋuwò nànya ne esɔ be yeayi edzi anɔ ʋu kum.
BU EŊU KPƆ NE ESƆ BE NÀYI EDZI ANƆ ƲU ALO DZOKEKE KUM
Ame Tsitsiwo Ƒe Nyagbɔkpɔha aɖe si le Amerika ƒe nyatakakadzraɖoƒe gblɔ be, anyo be nàbia nya siwo gbɔna la ɖokuiwò:
Ðe wòsesẽna nam be maxlẽ mɔfiadzesiwo alo makpɔ nu le zã mea?
Ðe wòsẽsena nam be manyè kɔ akpɔ ahuhɔ̃eawo me alo teƒe siwo ahuhɔ̃eawo mate ŋu akpɔ oa?
Ðe wòsẽsena nam be mawɔ nu kpata? Le kpɔɖeŋu me, ɖe metea ŋu ɖoa afɔ brek (alo frein) la dzi be ʋua natɔ enumake ne ehiã?
Ðe mekua ʋu blewu ale gbegbe be ʋukula bubuwo va nɔa fli me le megbenyea?
Ðe wòdzɔ zi geɖe be medze afɔku kloe alo metsɔ ʋua lɔ nu si na be ʋua ƒe teƒe aɖewo bɔ̀ ɖe eme alo eŋuti ƒlɔa?
Ðe polis aɖe tɔm kpɔ ɖe ale si mele ʋua kum ta?
Ðe wòdzɔ kpɔ be medɔ akɔlɔ̃e esime menɔ ʋu kuma?
Ðe mele atike aɖe zãm si aɖe fu nam ne mele ʋu alo dzokeke kuma?
Ðe nye ƒometɔwo alo xɔlɔ̃ aɖewo gblɔ nam be yewotsi dzimaɖi le esi megale ʋu kum ta?
Ne èɖo biabia siawo dometɔ ɖeka alo eve ŋu be ɛ̃ la, ke fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be nàwɔ asitɔtrɔ aɖewo. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu atso nya me be yemaganɔ ʋu kum edziedzi o, vevietɔ le zã me. Nɔ ŋku lém ɖe ɖokuiwò ŋu be nàde dzesii ne ègate ŋu le ʋua kum nyuie. Àte ŋu abia wò ƒometɔ alo xɔlɔ̃ aɖewo be woagblɔ nu si wokpɔ tso wò ʋukuku ŋu na wò. Àte ŋu adae kpɔ ne ahiã be nàde ʋukuku le mɔ dedie nu ƒe hehenasuku. Gake ne èɖo nyabiase mawo dometɔ etɔ̃ alo esi wu nenema ŋu be ɛ̃ la, ke ade dziwò wu ne èdzudzɔ kura.a
NA BIBLIA ƑE GƆMEÐOSEWO NAFIA MƆ WÒ
Ate ŋu adzɔ be màde dzesii be yeƒe ʋukuku megale abe tsã ene o. Eye ate ŋu asesẽ alo ate ɖe dziwò gɔ̃ hã be nàtso nya me adzudzɔ ʋukuku. Eya ta aleke Biblia ƒe mɔfiamewo akpe ɖe ŋuwò nàbu nuwo ŋu nyuie ahatso nya me nyuie? Bu wo dometɔ eve ŋu kpɔ.
Nya afi si wò ŋutete se ɖo. (Lod. 11:2) Ne míele tsitsim la, míegatea ŋu kpɔa nu alo sea nu nyuie o, míaƒe lãmekawo gbɔdzɔna, eye míegatea ŋu ʋãna ɖe nu ŋu kaba ale si dze o. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe dzudzɔa kamedefefe aɖewo ne wole tsitsim, elabena wokpɔe be nu vevi ate ŋu awɔ yewo bɔbɔe. Nenema kee wòle le ʋukuku hã gome. Ame si nya afi si eƒe ŋutete se ɖo atiae be yeadzudzɔ ʋukuku ne eva de dzesii be yeate ŋu adze afɔku bɔbɔe. (Lod. 22:3) Eye ne amewo ƒe nuƒoƒo ɖee fia be wotsi dzi ɖe eƒe dedienɔnɔ ŋu la, alɔ̃ faa aɖo to wo ahadzudzɔ ʋukuku.—Tsɔe sɔ kple 2 Samuel 21:15-17.
Ƒo asa na ʋufɔɖiɖi. (5 Mose 22:8) Ne ame aɖe meku ʋu nyuie o la, ate ŋu awɔ nu vevi ame alo awui gɔ̃ hã. Ame si ƒe ʋukuku ƒe ŋutete yi to, evɔ wòkpɔtɔ le ʋu kum la ate ŋu ade eya ŋutɔ kple ame bubuwo ƒe agbe afɔku me. Eye ate ŋu aɖi ʋufɔ ne egbɔe wòtso be ʋufɔku dzɔ eye ame aɖe ku.
Ne eva hiã be nàdzudzɔ ʋu alo dzokeke kuku la, mègasusui be esia aklo bubu le ye ŋu o. Yehowa lɔ̃ wò eye edzea eŋu ne èɖee fia be ènya afi si wò ŋutete se ɖo, èbɔbɔa ɖokuiwò, eye ètsia dzi ɖe amewo ƒe dedienɔnɔ ŋu. Edo ŋugbe be yealé wò ɖe te ahafa akɔ na wò. (Yes. 46:4) Magblẽ wò ɖi o. Eya ta biae wòana nunya vavãtɔ wò eye wòakpe ɖe ŋuwò nàzã Biblia ƒe mɔfiamewo atsɔ adae akpɔ ne anyo be nàdzudzɔ ʋu alo dzokeke kuku.
a Ne èdi mɔfiame bubuwo la, kpɔ nyati si nye “Ʋufɔku Dzedze—Èle Dediea?” si dze le August 22, 2002 ƒe Nyɔ! me.