INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g01 3/8 axa 29
  • “Woatsɔ Woƒe Yiwo Atu Kodziwoe”—Ɣekaɣi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Woatsɔ Woƒe Yiwo Atu Kodziwoe”—Ɣekaɣi?
  • Nyɔ!—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wodo Yehowa ƒe Aƒea Ðe Dzi
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
  • Amekae Ate Ŋu Ahe Ŋutifafa si Anɔ Anyi Ðaa Vɛ?
    Nyɔ!—1996
  • Xexe si me Aʋawɔwɔ Manɔ O Ava Kpuie
    Nyɔ!—1996
  • Ŋutifafa Vavãtɔ—Afikae Wòatso Ava?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2001
g01 3/8 axa 29

“Woatsɔ Woƒe Yiwo Atu Kodziwoe”—Ɣekaɣi?

KPEMEME nyanyɛ aɖe si le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔwɔƒe le New York City la nye ŋutsu aɖe si le yi aɖe tum be wòazu kodzi. Wotui ɖe Biblia me nyagblɔɖi siwo le Yesaya ta 2, kpukpui 4, kple Mixa ta 4, kpukpui 3, dzi. Aleke nya siawo ava emee eye ɣekaɣie woava eme?

Woɖo tanya na nyatakaka aɖe si dze le The New York Times me nyitsɔ laa be “Aʋawɔnuwo Dzadzra le Xexeame Katã Yi Dzi Ðo Dɔlar Biliɔn 30”! Le ƒe 1999 me la, amekawoe nye aʋawɔnu vovovo siawo dzrala siwo xɔ nɔƒe gbãtɔ? United States ye xɔ nɔƒe gbãtɔ, ekpɔ dɔlar biliɔn 11.8. Russia kplɔe ɖo, ekpɔ ga si susɔ vie wòade ema ƒe afã. Gake ga si Russia kpɔ la de esi wòkpɔ le ƒe si do ŋgɔ me ƒe teƒe eve kloe. Eyome Germany, China, France, Britain, kple Italy kplɔ wo ɖo. Nyatakaka ma ke yi edzi be: “Abe alesi wònɔ tsã ene la, dukɔ madeŋgɔwoe wodzra aʋawɔnuawo ƒe akpa eve le etɔ̃ me na.”

Le xexemeʋa eve kple aʋa gã geɖe siwo dzɔ le ƒe alafa 20 lia me, siwo me wowu ame miliɔn alafa geɖe le eye ame geɖe xɔ abi megbe la, ame aɖe abia be, “Ɣekaɣie dukɔwo asrɔ̃ ŋutifafa ɖe aʋawɔwɔ teƒe?” Biblia ɖee fia be “ŋkeke mlɔeawo” mee tɔtrɔ ɖe ŋutifafa ŋu sia ava le. (Yesaya 2:2) Le nyateƒe me la, nyagblɔɖi sia le eme vam xoxo, esi Yehowa Ðasefo siwo ade miliɔn ade ɖe mɔ be ‘Yehowa nafia nu’ yewo ta. Esia wɔe be ‘woƒe ŋutifafa sɔ gbɔ.’—Yesaya 54:13.

Eteƒe madidi o Yehowa ahe aʋawɔnuwo katã kple aʋawɔwɔwo kpakple amesiwo doa wo ɖe ŋgɔ la ava nuwuwui, elabena ‘atsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.’ Ne àdi be yeanya nu geɖe tso tɔtrɔ wɔnuku sia ŋu la, taflatse ke te ɖe Yehowa Ðasefo siwo le wò nutoa me ŋu faa alo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe adrɛs si sɔ le axa 5 lia.—Nyaɖeɖefia 11:18.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe