-
1 Nu Ka Tae Wòhiã?Gbetakpɔxɔ—2010 | October 1
-
-
Gbedodoɖa
1 Nu Ka Tae Wòhiã?
GBEDODOÐA. Esiae nye Biblia me nyati siwo me amewo tsɔa ɖe le wu la dometɔ ɖeka. Na míabu nya adre siwo amewo lɔ̃a biabia tso gbedodoɖa ŋu la ŋuti, eye emegbe míadzro ale si Biblia ɖo wo ŋui la me. Wotrɔ asi le nyati siawo ŋu be woakpe ɖe ŋuwò nànya ale si nàdo gbe ɖa—be nàte gbedodoɖa alo nàna wò gbedodoɖawo naganyo ɖe edzi.
LE XEXEA me godoo la, amewo doa gbe ɖa. Wodonɛ ɖa le wo ɖokui si; wodonɛ ɖa le ƒuƒoƒo me hã. Wodoa gbe ɖa le sɔleme, le gbedoxɔwo me, le ƒuƒoƒewo, le Moslemtɔwo ƒe gbedoɖaƒewo kple trɔ̃xɔwo me. Ame aɖewo ɖoa nu ɖe anyigba nɔa edzi donɛ ɖa, ɖewo zãa rosario, nɔnɔmetata, gbedodoɖagbalẽwo kple nu bubuwo, eye ame aɖewo hã ŋlɔa gbedodoɖawo ɖe ʋuƒo suewo dzi klãna ɖe nu ŋu.
Gbedodoɖa ɖe amegbetɔwo ɖe vovo tso nu gbagbe bubuwo katã gbɔ. Nyateƒee, míewɔa nu geɖe siwo lãwo hã wɔna. Míegbɔa ya, ɖua nu henoa tsi abe woawo ke ene. Abe lãwo ene la, ɖe wodzia mí, míenɔa agbe, eye míekuna. (Nyagblɔla 3:19) Gake amegbetɔwo koe doa gbe ɖa. Nu ka tae?
Míaɖo eŋu kpuie ko be, esi wòhiã mí tae. Ame geɖe susunɛ be gbedodoɖa ye nye mɔ si dzi woato ado ka kple gbɔgbɔmeme alo gbɔgbɔmenu siwo wobuna be wole kɔkɔe alo le dzadzɛ heli tegbee. Biblia ɖee fia be wotsɔ nu siawo ƒe dzodzro de mí amegbetɔwo me. (Nyagblɔla 3:11) Yesu Kristo gblɔ gbe ɖeka be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.”—Mateo 5:3.
“Gbɔgbɔmenuwo hiã” ame nyateƒe. Ne menye nenema o ɖe, nu ka gbɔe wòatso be woatu sɔlemexɔ gãwo ahatsɔ nɔnɔmewɔwɔwo aɖo atsyɔ̃ na wo, eye amewo anɔ gbe dom ɖa gaƒoƒo gbogbo mawo ɖo? Ele eme be ame aɖewo dina be yewo ŋutɔ alo yewo haviwo nakpɔ gbɔgbɔmenu siwo hiã yewo la gbɔ na yewo ya. Gake ɖe mewɔna na wò be amegbetɔwo ƒe kpekpeɖeŋu mate ŋu aɖo afi aɖeke oa? Míedana ƒuna kabakaba, míaƒe agbe mesẽna yina o, eye míebua nu ŋu yia ŋgɔ o. Ame si nya nu wu mí sãsãsã, si sẽ wu mí, eye wòkpɔ nuteƒe wu mí la koe ate ŋu ana nu si hiã mí la mí. Gake nu ka tututue nye gbɔgbɔmenu hiahiã siwo ʋãa mí míedoa gbe ɖa?
Bu eŋu kpɔ: Ðe nèbia nya aɖewo kpɔ, gake nèkpɔe be amegbetɔwo ƒe nunya kple mɔfiafia mede ŋgɔ ne woaɖo eŋu na wò oa? Ðe nu vevi aɖe dzɔ ɖe dziwò kpɔ wòhiã be woafa akɔ na wò vevie, alo èle nya me tso ge le nya vevi aɖe ŋu gake mènya nu si nàwɔ o, alo èbu fɔ ɖokuiwò le nane ŋu ale gbegbe be nèdi be woatsɔ nu si yewɔ la ake yea?
Biblia lɔ̃ ɖe edzi be esɔ be míado gbe ɖa le nu siawo katã ŋu. Biblia koŋue nye agbalẽ si me nyawo dzi míate ŋu aka ɖo le gbedodoɖa ƒe nya sia me, eye woŋlɔ ŋutsu kple nyɔnu wɔnuteƒe geɖewo ƒe gbedodoɖawo ɖe eme. Wodo gbe ɖa be woafa akɔ na yewo, afia mɔ yewo, atsɔ yewoƒe nu vɔ̃ ake yewo, eye be woaɖo nyabiase siwo ɖea fu na ame wu la ŋu na yewo.—Psalmo 23:3; 71:21; Daniel 9:4, 5, 19; Xabakuk 1:3.
Togbɔ be gbedodoɖa mawo le vovovo hã la, nu ɖeka ɖe dzesi le wo katã ŋu. Ame siwo do gbeawo ɖa la dometɔ ɖe sia ɖe nyae be nu vevi aɖe hiã hafi woaɖo gbedodoɖaawo ŋu, gake ame geɖe menyae egbea o, alo womebunɛ be ele vevie o. Eyae nye nu ka? Wonya ame si wòle be woado gbe ɖa na.
-
-
2 Na Ame Ka?Gbetakpɔxɔ—2010 | October 1
-
-
Gbedodoɖa
2 Na Ame Ka?
ÐE GBEDODOÐAWO katã yia teƒe ɖeka, eɖanye ame ka kee woɖadoe ɖa na oa? Nenemae ame geɖe susunɛ egbea. Ame siwo koŋ bunɛ alea lae nye ame siwo susunɛ be subɔsubɔhawo katã ate ŋu awɔ ɖeka asubɔ faa, eye wogblɔna be Mawu da asi ɖe wo katã dzi togbɔ be woƒe nufiafiawo to vovo hã. Ðe wòate ŋu anye be nya sia menye nyateƒe oa?
Biblia fia nu be ame geɖe medoa gbe ɖa na ame si tututu wòle be woadoe ɖa na o. Le Biblia ŋlɔɣi gɔ̃ hã la, amewo doa gbe ɖa na nu kpakpɛwo edziedzi. Gake Mawu xlɔ̃ nu wo enuenu be yemeda asi ɖe nuwɔna ma dzi o. Le kpɔɖeŋu me, Psalmo 115:4-6 gblɔ tso legbawo ŋu be: “To li na wo, [gake] womesea nu o.” Nya ma me kɔ nyuie. Ne mawu si nèle gbea dom ɖa na la mesea nu o ɖe, nu ka tae nànɔ fu ɖem na ɖokuiwò ɖo?
Nuŋlɔɖi ʋãme aɖe le Biblia me, si kɔ nya sia me nyuie. Mawu ƒe nyagblɔɖila Eliya gblɔ na Baal ƒe nyagblɔɖilawo be woado gbe ɖa na woƒe mawua, eye emegbe ye hã yeadoe ɖa na ye tɔ. Eliya gblɔ be ame si nye Mawu vavã la aɖo gbedodoɖaa ŋu. Baal ƒe nyagblɔɖilawo lɔ̃, eye wodo gbe ɖa vevie eteƒe didi, kple ɣli sesĩe gɔ̃ hã, gake gbeɖea koe! Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ame aɖeke metɔ o, eye ame aɖeke meɖo to o.” (1 Fiawo 18:29) Ke Eliya ya ɖe?
Esi Eliya do gbe ɖa ko la, eƒe Mawu la ɖo eŋu enumake, esi wòna dzo tso dziƒo va fiã vɔsalã siwo Eliya dzra ɖo la. Nu ka tae woɖo eya ƒe gbedodoɖaa ŋu nɛ? Eliya ƒe gbedodoɖaa ŋutɔ ɖo nyaa ŋu, abe ale si wòdze le 1 Fiawo 18:36, 37 ene. Eƒe gbedodoɖaa medidi kura o—le Hebrigbe si me wòŋlɔe ɖo zi gbãtɔ me la, nya 30 aɖewo koe wòzã. Gake le nya ʋɛ mawo me la, Eliya yɔ Mawu ƒe ŋkɔ, si nye Yehowa, zi etɔ̃ sɔŋ.
Baal gɔmee nye: “aƒetɔ,” eye wònye Kanaantɔwo ƒe mawu; ŋkɔ vovovowo le esi le Kanaan du ɖe sia ɖe me. Gake ŋkɔ Yehowa ya le etɔxɛ, eye Ame ɖeka koe tɔ ŋkɔ ma le xexea me katã. Mawu sia gblɔ na eƒe amewo be: “Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee, nyematsɔ nye bubu na ame tutɔ . . . o.”—Yesaya 42:8.
Mawu ɖekae Eliya kple Baal ƒe nyagblɔɖilawo siaa do gbe ɖa na? Baal subɔlawo tsɔ gbolowɔwɔ si nye kɔnu na wo, kple ale si wotsɔa amegbetɔwo gɔ̃ hã saa vɔe la, ɖi gbɔ wo ɖokui. Gake Yehowa ya de bubu esubɔla siwo nye eƒe dukɔ Israel ŋu, esi wòna wovo tso nuwɔna nyɔŋu siawo ƒomevi me. Eya ta bu eŋu kpɔ: Ne èŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe xɔ̃wò aɖe si gbɔ melɔ̃a nu le o la, ɖe nànɔ mɔ kpɔm be woatsɔe ana ame aɖe si metɔ xɔ̃wòa ƒe ŋkɔ o, alo si ƒe agbenɔnɔ to vovo na xɔ̃wòa tɔ sãa, eye ŋkɔ nyui aɖeke mele eŋu o laa? Kpao!
Ne èdoa gbe ɖa na Yehowa la, ekema Wɔla la, si nye amegbetɔwo katã Fofo, ye nye ema nèle gbe dom ɖa na.a Nyagblɔɖila Yesaya do gbe ɖa be: “Wò Yehowa enye mía fofo.” (Yesaya 63:16) Eya ta Ame sia tututu ŋue Yesu Kristo gblɔ na eyomedzelawo le be: “Meyina Fofonye kple miawo hã mia Fofo, nye Mawu kple miawo hã mia Mawu, la gbɔ.” (Yohanes 20:17) Yehowae nye Yesu Fofo. Eyae nye Mawu si Yesu do gbe ɖa na, eye eyae Yesu fia eyomedzelawo be woawo hã woado gbe ɖa na.—Mateo 6:9.
Ðe Biblia gblɔ na mí be míado gbe ɖa na Yesu, Maria, ame kɔkɔewo alo mawudɔlawoa? Ao, negbe Yehowa ko. Bu nu eve siwo tae wòle nenema ŋu kpɔ. Gbãtɔe nye be gbedodoɖa le abe tadedeagu ene, eye Biblia gblɔ na mí be Yehowa ɖeka kolia koe wòle be míade ta agu na. (2 Mose 20:5) Eveliae nye be Biblia ɖee fia be eyae nye Ame si ‘ɖoa to gbedodoɖa.’ (Psalmo 65:3) Togbɔ be Yehowa dea dɔ geɖe asi na ame bubuwo hã la, metsɔ dɔ sia ya de asi na ame aɖeke kpɔ o. Eyae nye Mawu si do ŋugbe be ye ŋutɔ yease míaƒe gbedodoɖawo.
Eya ta ne èdi be Mawu nase wò gbedodoɖawo la, ɖo ŋku aɖaŋu sia si woɖo le Biblia me la dzi, be: “Ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee.” (Dɔwɔwɔwo 2:21) Gake ɖe Yehowa ɖoa to gbedodoɖa ɖe sia ɖe ƒomevi koa? Alo ɖe nane gali si wòhiã be míanya hafi ko Yehowa nase míaƒe gbedodoɖawoa?
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Sɔlemeha aɖewo gblɔna be mesɔ be woayɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ o, ne wole gbe dom ɖa nɛ kura gɔ̃ hã. Gake ŋkɔ ma dze abe zi 7,000 sɔŋ ene le gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo la me, eye edze zi geɖe le gbe siwo Yehowa subɔlawo do ɖa kple ha siwo wodzi hã me.
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Nu si Eliya ɖo na Baal ƒe nyagblɔɖilawo la ɖo kpe edzi be menye Mawu ɖekae amewo doa gbe ɖa na o
-
-
3 Aleke Míadoe Ðae?Gbetakpɔxɔ—2010 | October 1
-
-
Gbedodoɖa
3 Aleke Míadoe Ðae?
NE WOLE gbedodoɖa ƒe nya gblɔm la, subɔsubɔha geɖe me tɔwo ƒe susu nɔa ale si ame alé eɖokui hafi ado gbe ɖa, nya si wòagblɔ kple kɔnu siwo dzi wòazɔ ɖo la koŋ ŋuti. Gake Biblia kpe ɖe mía ŋu míese egɔme be menye nu mawoe le vevie o, ke boŋ nu vevitɔe nye ale si míaɖo nya sia ŋui be: “Aleke wòle be míado gbe ɖae?”
Biblia ƒo nu tso Mawu subɔla wɔnuteƒe geɖe siwo do gbe ɖa le teƒe kple nɔnɔme vovovowo me la ŋuti. Wodo gbe ɖa le dzi me, alo wodoe ɖa amewo se, le ale si nɔnɔmeawo bia nu. Wowua mo dzi alo bɔbɔa ta doa gbe ɖa. Womezã nɔnɔmetatawo, rosario, alo gbedodoɖagbalẽwo be woakpe ɖe yewo ŋu o, ɖeko wodo gbea ɖa tso dzi me, eye wozã woawo ŋutɔwo ƒe nyagbewo. Nu kae na Mawu ɖo woƒe gbedodoɖawo ŋu?
Abe ale si míegblɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, Mawu ɖeka, si nye Yehowa, koe wodoa gbe ɖa na. Gake nu vevi bubu aɖe hã hiã. Míexlẽ le 1 Yohanes 5:14 be: “Kakaɖedzi si le mía si ku ɖe eŋu lae nye esi: be nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.” Ehiã be míaƒe gbedodoɖawo nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Nya ma gɔme ɖe?
Hafi míaƒe gbedodoɖawo nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, ele be míanya nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu. Eya ta efia be Biblia sɔsrɔ̃ le vevie hafi míaƒe gbedodoɖawo nadze eŋu. Ðe esia fia be ne míenye Biblia nyalawo o la, Mawu mase míaƒe gbedodoɖawo oa? Ao, ke boŋ nu si dim Mawu lee nye be míanya yeƒe lɔlɔ̃nu, ase egɔme ahawɔ ɖe edzi. (Mateo 7:21-23) Ele be míaƒe gbedodoɖa nawɔ ɖeka kple nu si míesrɔ̃.
Ne míele nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu heva nya eƒe lɔlɔ̃nu la, ekema míaƒe xɔse ava sẽ ɖe edzi, eye esia hã hiã vevie hafi Mawu naɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu. Yesu gblɔ be: “Nu sia nu si miebiana le gbedodoɖa me la, ne xɔse le mia si la, miaxɔ wo.” (Mateo 21:22) Gake mefia be míaxɔ nu sia nu ko dzi ase o. Ke boŋ efia be míaxɔ nu si míekpɔna o la gɔ̃ hã dzi ase le esi kpeɖodzi geɖe li be nu ŋutɔŋutɔe wònye ta. (Hebritɔwo 11:1) Kpeɖodzi geɖe le Biblia me, siwo ɖee fia be togbɔ be míate ŋu akpɔ Yehowa o hã la, ame ŋutɔŋutɔe wònye, míate ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu, eye be elɔ̃na faa be yeaɖo gbe siwo ame siwo xɔ edzi se dona ɖa la ŋu. Gawu la, míate ŋu abia Yehowa ɣesiaɣi be wòana míaƒe xɔse nasẽ ɖe edzi, eye elɔ̃na faa be yeana nu siwo hiã la mí.—Luka 17:5; Yakobo 1:17.
Nu bubu aɖe si hã gale vevie lae nye esi Yesu gblɔ, be: “Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” (Yohanes 14:6) Eya ta Yesu dzie míato hafi ate ŋu ate ɖe mía Fofo Yehowa ŋu. Eya tae Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woado gbe ɖa le yeƒe ŋkɔ me. (Yohanes 14:13; 15:16) Gake ema mefia be míado gbe ɖa na Yesu o. Ke boŋ míado gbe ɖa le eƒe ŋkɔ me, eye míaɖo ŋku edzi be to Yesu dzie míetea ŋu tena ɖe mía Fofo deblibo kɔkɔe la ŋu.
Yesu yome dzelawo biae gbe ɖeka be: “Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí.” (Luka 11:1) Edze ƒãa be menye nu vevi siwo me míedzro le gbedodoɖa ŋu ƒe nya biamee wole o. Nya si woagblɔ la koŋ dim wole; ne míagblɔe bubui la, nya si koŋ biam wolee nye: ‘Nu ka ŋue wòle be míado gbe ɖa le?’
[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]
Hafi Mawu naɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu la, ele be woawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu, eye míadoe ɖa le xɔse me le Yesu ƒe ŋkɔ me
-
-
4 Le Nu Ka Ŋu?Gbetakpɔxɔ—2010 | October 1
-
-
Gbedodoɖa
4 Le Nu Ka Ŋu?
WOGBLƆNA be esiae nye gbe si Kristotɔwo katã dona ɖa edziedzi wu. Eɖale eme alo mele eme o, kpɔɖeŋugbedodoɖa si Yesu fia, si woyɔna ɣeaɖewoɣi be Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖa alo Mía Fofo Si Le Dziƒo la, nye gbe si ame geɖe dona ɖa, gake womesea egɔme o. Ame miliɔn geɖe gblɔa emenyawo tso susu me gbe sia gbe, ɖewohĩ wogblɔnɛ zi geɖe le ŋkekea me. Gake menye nenemae Yesu be woazã gbedodoɖa mae o. Aleke míewɔ nya?
Hafi wòafia gbedodoɖa ma la, egblɔ be: “Ne miele gbe dom ɖa la, miganɔ nya ɖeka mawo ke gbɔgblɔ dzi . . . o.” (Mateo 6:7) Ekema ɖe Yesu ŋutɔ agblɔ nya mawo vɔ hafi agafia nya aɖewo be woalé ɖe ta me anɔ gbɔgblɔm gbe sia gbea? Gbeɖe! Ke boŋ nu si ŋu wòle be míanɔ gbe dom ɖa le la fiamee Yesu le, eye nu vevi siwo ŋu wòle be míaƒe susu nanɔ ne míele gbe dom ɖa la gblɔmee wòle. Azɔ na míalé ŋku ɖe nya si wògblɔ la ŋu nyuie akpɔ. Gbedodoɖa ma dze le Mateo 6:9-13.
Menye nu vevi siwo le kpɔɖeŋugbedodoɖa si Yesu fia me, siwo me míedzro kpuie la, ŋu koe wòdze be míado gbe ɖa le o. Ðo ŋku edzi be 1 Yohanes 5:14 gblɔ na mí le Mawu ŋu be: “Nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.” Eya ta megawɔ na wò be yeƒe kuxiwo mesesẽ akpa o, ale be nàgbe wo gbɔgblɔ na Mawu o.—1 Petro 5:7.
Gake ɣekaɣie míado gbe ɖa, eye le afi ka? Ðe ɣeyiɣi kple teƒe si míedoa gbe ɖa le la hã le veviea?
“Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.”
Yesu to esia me ɖo ŋku edzi na eyomedzelawo be ye Fofo, si nye Yehowa, koe wòle be woado gbe ɖa na. Gake ènya nu si tae Mawu ƒe ŋkɔa le vevie nenema gbegbe, kple nu si tae wòhiã be woakɔ eŋua?
Tso esime wowɔ amegbetɔwo ɖe anyigba dzi la, Satana da alakpa ɖe Mawu si heto eme ƒo ɖi eƒe ŋkɔ kɔkɔe la. Mawu ƒe futɔ sia gblɔ be Yehowa nye aʋatsokala, Dziɖula ɖokuitɔdila, si medze aɖu Eƒe nuwɔwɔwo dzi o. (1 Mose 3:1-6) Ame geɖe de Satana dzi, esi wofiaa nu be Mawu metsɔa ɖeke le eme na mí o, be eƒe tagbɔ sẽ, eye wònye hlɔ̃biala, eye ame aɖewo kura gɔ̃ hã gbe be menye Eyae nye Wɔla o. Ame bubuwo hã tso ɖe eƒe ŋkɔ Yehowa ŋu, eye woɖee ɖa le Bibliawo me hede se be ame aɖeke nagazãe o.
Biblia gblɔ be Mawu aɖɔ nu madzɔmadzɔ siawo katã ɖo. (Xezekiel 39:7) Ato esia me akpɔ wò nu hiahiãwo kple kuxiwo katã gbɔ na wò. Aleke wòawɔe? Nya siwo Yesu gblɔ ɖe eyome le gbedodoɖaa me la ɖo nya sia ŋu.
“Wò fiaɖuƒe nava.”
Subɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo na ame geɖe tɔtɔ egbea, eye womenya nu si tututu Mawu Fiaɖuƒea nye o. Gake ame siwo Yesu nɔ nyaa gblɔm na la nyae be, Mawu ƒe nyagblɔɖilawo gblɔe ɖi xoxoxo be Mawu atia Mesia, si nye Xɔla, si anye Fiaɖuƒe aɖe ƒe Fia ahana nuwo natrɔ le xexea me. (Yesaya 9:5, 6; Daniel 2:44) Ana Satana ƒe alakpanyawo nadze go atsɔ akɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋu, eye emegbe aɖe Satana ɖa ahagblẽ eƒe dɔwɔwɔwo katã dome. Mawu Fiaɖuƒea ana aʋawɔwɔ, dɔléle, kple dɔwuame nu natsi, eye aɖe ku kura gɔ̃ hã ɖa. (Psalmo 46:10; 72:12-16; Yesaya 25:8; 33:24) Eya ta ne èle gbe dom ɖa be Mawu Fiaɖuƒea neva la, efia be èle gbe dom ɖa be ŋugbedodo mawo katã nava eme.
“Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.”
Yesu ƒe nyawo fia be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ava eme le anyigba dzi godoo abe ale si wòle le dziƒo, afi si Mawu ŋutɔ le la ene. Naneke mete ŋu xe mɔ na Mawu be eƒe lɔlɔ̃nu nagava eme le dziƒo o; Mawu ƒe Vi la wɔ aʋa kple Satana kple eƒe dɔlawo hetsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba. (Nyaɖeɖefia 12:9-12) Nu etɔ̃lia sia si dze le kpɔɖeŋugbedodoɖa la me, kple eve gbãtɔwo, na míekpɔe be ele be míaƒe susu nanɔ nu si le vevie wu la ŋu, si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, ke menye míawo ŋutɔwo tɔ o. Ne eƒe lɔlɔ̃nu va eme ko hafi nu nyona na eƒe nuwɔwɔwo ŋutɔŋutɔ. Ema tae togbɔ be Yesu de blibo hã la, egblɔ na Fofoa be: “Menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò nava eme.”—Luka 22:42.
“Na míaƒe abolo si asu mía nu egbe la mí.”
Nya siwo Yesu gblɔ kplɔe ɖo la ɖee fia be míate ŋu ado gbe ɖa abia míaƒe nu hiahiãwo faa. Naneke megblẽ le eŋu be míabia Mawu be wòakpɔ míaƒe gbesiagbe nu hiahiãwo gbɔ na mí o. Ne míebianɛ alea la, efia be míenyae be Yehowae nye Ame si “naa agbe kple agbegbɔgbɔ kpakple nuwo katã ame sia ame.” (Dɔwɔwɔwo 17:25) Biblia ɖee fia be enye Fofo lɔ̃ame, eye be edzɔa dzi nɛ be yeana nu siwo hiã ye viwo la wo. Gake esi wònye Fofo nyui ta la, ne wobia nane si maɖe vi na wo o la, mewɔnɛ na wo o.
“Tsɔ míaƒe fewo ke mí.”
Ðe nènyi fe le Mawu ŋu nyateƒea? Ðe nèhiã na tsɔtsɔkea? Ame geɖe meganya egbea be nu vɔ̃ li ŋutɔŋutɔ, eye be egblẽa nu le mía ŋu vevie o. Gake Biblia fia nu be nu vɔ̃ gbɔe kuxi sesẽ siwo me míetona la tso, elabena eyae na amewo le kukum. Esi wodzi mí katã ɖe nu vɔ̃ me ta la, míewɔa nu vɔ̃ edziedzi, eye ne Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí ko hafi míate ŋu anɔ mɔ kpɔm be míava nɔ agbe mavɔ le etsɔ me. (Romatɔwo 3:23; 5:12; 6:23) Dzidzɔtɔe la, Biblia gblɔ na mí be: “Aƒetɔ [Yehowa,] wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke.”—Psalmo 86:5.
“Ðe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me.”
Ènya be ehiã vevie ŋutɔ be Mawu nakpɔ tawòa? Ame geɖe gbe be yewomalɔ̃ ɖe edzi be “vɔ̃ɖitɔ la,” si nye Satana li o. Gake Yesu ya fia nu be Satana li, eye wòyɔe gɔ̃ hã be “xexe sia dzi ɖula.” (Yohanes 12:31; 16:11) Satana gblẽ xexe sia si dzi ɖum wòle la, eye edi vevie be yeagblẽ wò hã dowòme, ale be mia kple Fofowò Yehowa dome naganɔ kplikplikpli o. (1 Petro 5:8) Gake Yehowa sẽ ŋu wu Satana sãsãsã, eye wòdina be yeakpɔ ame siwo lɔ̃a ye la ta.
Menye nu vevi siwo le kpɔɖeŋugbedodoɖa si Yesu fia me, siwo me míedzro kpuie la, ŋu koe wòdze be míado gbe ɖa le o. Ðo ŋku edzi be 1 Yohanes 5:14 gblɔ na mí le Mawu ŋu be: “Nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.” Eya ta megawɔ na wò be yeƒe kuxiwo mesesẽ akpa o, ale be nàgbe wo gbɔgblɔ na Mawu o.—1 Petro 5:7.
Gake ɣekaɣie míado gbe ɖa, eye le afi ka? Ðe ɣeyiɣi kple teƒe si míedoa gbe ɖa le la hã le veviea?
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
-
-
5 Ðe Ɣeyiɣia Kple Teƒea Le Veviea?Gbetakpɔxɔ—2010 | October 1
-
-
Gbedodoɖa
5 Ðe Ɣeyiɣia Kple Teƒea Le Veviea?
ÀNYA de dzesii godoo be subɔsubɔha akpa gãtɔ tua gbedoxɔ gãgãwo, eye woɖoa ɣeyiɣi si koŋ woado gbe ɖa le ŋkekea me la ɖi. Gake ɖe Biblia gblɔ be teƒe aɖewo koŋ koe wòle be woado gbe ɖa lea, eye le ɣeyiɣi aɖewo koŋ ko dzia?
Nyateƒee, Biblia ɖee fia be esɔ be míado gbe ɖa ɣeaɖewoɣi koŋ. Le kpɔɖeŋu me, hafi Yesu kple eyomedzelawo naɖu nu la, wodo gbe ɖa na Mawu heda akpe nɛ. (Luka 22:17) Eye esi eƒe nusrɔ̃lawo ƒo ƒu be yewoasubɔ Mawu la, wodo gbe ɖa. Esia nye nu si wowɔna le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo kple gbedoxɔ me le Yerusalem tso keke gbe aɖe gbe ke la sɔsrɔ̃. Mawu ɖoe be gbedoxɔa nanye “dukɔwo katã ƒe gbedoɖaƒe.”—Marko 11:17.
Ne Mawu subɔlawo ƒo ƒu hedo gbe ɖa ɖekae la, Mawu ɖoa eŋu na wo. Ne susu ɖekae le ƒuƒoƒoa me tɔwo katã si, eye gbe si wodo ɖa ɖe wo ta la wɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo la, edzea Mawu ŋu. Gbedodoɖa alea ate ŋu aʋãe wòawɔ nu si madi be yeawɔ hafi o gɔ̃ hã. (Hebritɔwo 13:18, 19) Yehowa Ðasefowo doa gbe ɖa le woƒe kpekpewo me edziedzi. Míele kpewòm vevie be wò ŋutɔ nàyi woƒe Fiaɖuƒe Akpata si te ɖe ŋuwò me ne nàse gbedodoɖa siawo tɔgbi.
Gake Biblia megblɔ be ɣeyiɣi aɖe alo teƒe aɖe koŋ koe wòle be míado gbe ɖa le o. Nuŋlɔɖi siwo le Biblia me ku ɖe Mawu subɔlawo ŋu la ɖee fia be wodoa gbe ɖa ɣesiaɣi faa, eye le afi sia afi faa. Yesu gblɔ be: “Ne èle gbe dom ɖa la, yi xɔwò me, eye ne ètu ʋɔa vɔ la, do gbe ɖa na Fofowò si le ɣaɣlaƒe la; ekema Fofowò si kpɔa nu le ɣaɣlaƒe la aɖo eteƒe na wò.”—Mateo 6:6.
Ðe esia menye nya nyui aɖe ŋutɔ oa? Ɛ̃, àte ŋu ate ɖe xexea katã dzi Ðula ŋu ɣesiaɣi le afi si wò ŋutɔ nèdi, eye ka ɖe edzi be aɖo to wò. Eya tae mewɔ nuku o be Yesu dina zi geɖe be yeaɖe ɖe aga ado gbe ɖa! Gbe ɖeka edo gbe ɖa na Mawu zã bliboa katã, eye edze ƒãa be ɖe wòbiae be wòafia mɔ ye le nyametsotso vevi aɖe ŋu.—Luka 6:12, 13.
Biblia ƒo nu tso ŋutsu kple nyɔnu bubuwo ŋu be wodo gbe ɖa esi wòhiã be woatso nya me le nya vevi aɖewo ŋu alo akpɔ nya sesẽ aɖewo gbɔ. Ɣeaɖewoɣi la, wodo gbe ɖa amewo se, eye ɣeaɖewoɣi hã wodoe ɖa le dzi me; wodonɛ ɖa le ƒuƒoƒo me, eye wodonɛ ɖa le wo ɖokui si hã. Nu vevitɔe nye be wodoa gbe ɖa. Azɔ hã, Mawu kpe esubɔlawo be: “Minɔ gbe dom ɖa madzudzɔmadzudzɔe.” (1 Tesalonikatɔwo 5:17) Elɔ̃na faa be yeaɖo to gbe siwo katã ame siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu la dona ɖa. Ðe esia mefia be elɔ̃ mí ŋutɔ oa?
Ele eme baa be, ame geɖe kea ɖi egbea be viɖe gobii aɖeke mele gbedodoɖa ŋu o. Eya ta ɖewohĩ àbia be: ‘Ðe gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋunye vavãa?’
[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]
Míate ŋu ado gbe ɖa ɣesiaɣi, le afi sia afi
-
-
6 Ðe Wòate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋua?Gbetakpɔxɔ—2010 | October 1
-
-
Gbedodoɖa
6 Ðe Wòate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋua?
ÐE GBEDODOÐA kpena ɖe ame ŋua? Biblia ɖo eŋu be ɛ̃, gbe siwo Mawu subɔla wɔnuteƒewo dona ɖa la ɖea vi na wo ŋutɔ. (Luka 22:40; Yakobo 5:13) Nya lae nye be, gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ŋutɔ le gbɔgbɔ me, le seselelãme gome, kple ŋutilã me gɔ̃ hã. Le mɔ ka nu?
Tsɔe be ame aɖe na nane viwò. Ðe nàfiae be ele be nu si wonae la nadze eŋu ko evɔa? Ðe màfiae be wòada akpe na amea oa? Ne míeɖe nya vevi siwo le dzi me na mí gblɔ la, ale si míesena le mía ɖokui me la gadzena nyuie wu. Nenemae wòle le nya siwo míegblɔna na Mawu hã gomea? Ɛ̃! Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.
Akpedagbedodoɖa. Ne míeda akpe na mía Fofo Yehowa ɖe nu nyui siwo wòwɔna na mí ta la, enana míekpɔa ale si gbegbe wòyraa mí la dzea sii. Enana míezua akpedalawo, míekpɔa dzidzɔ wu, eye susu nyui nɔa mía si le agbe me.—Filipitɔwo 4:6.
Kpɔɖeŋu: Yesu da akpe na Fofo be eɖoa to ye heɖoa yeƒe gbedodoɖawo ŋu na ye.—Yohanes 11:41.
Gbedodoɖa be Mawu natsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. Ne míebiaa Mawu be wòatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí la, enana agbe gaɖoa míaƒe dzitsinya ŋu, míeɖenɛ fiana be míetrɔ dzi me, eye enana míegakpɔnɛ dzea sii geɖe wu be nu vɔ̃ gblẽa nu le mía ŋu. Enana míegabua fɔ mía ɖokui akpa hã o.
Kpɔɖeŋu: David do gbe ɖa gblɔ be yese veve ɖe yeƒe nu vɔ̃wo ta, eye yetrɔ dzi me.—Psalmo 51.
Gbedodoɖa be Mawu nafia mɔ mí ahana míadze nunya. Ne míebiaa Yehowa be wòafia mɔ mí alo akpe ɖe mía ŋu míanya ale si míatso nya me le nuwo ŋu nyuie la, esia ana míabɔbɔ mía ɖokui ŋutɔŋutɔ. Ana hã be míaɖo ŋui be míede blibo o, eye wòana míaɖo ŋu ɖe mía Fofo si le dziƒo la ŋu geɖe wu.—Lododowo 3:5, 6.
Kpɔɖeŋu: Salomo bɔbɔ eɖokui hedo gbe ɖa na Mawu be wòafia mɔ ye yeaɖu Israel dzi le nunya me.—1 Fiawo 3:5-12.
Gbedodoɖa ne nu te ɖe mía dzi. Ne nu te ɖe mía dzi, eye míeɖe míaƒe dzimenyawo gblɔ na Mawu la, ana míaƒe dzi nadze eme, eye míaɖo ŋu ɖe eya amea ŋu, ke menye ɖe mía ɖokuiwo ŋu o.—Psalmo 62:9.
Kpɔɖeŋu: Fia Asa do gbe ɖa esi futɔ sesẽ aɖe ho ɖe eŋu.—2 Kronika 14:10.
Gbedodoɖa be eme nanyo na ame siwo hiã tu. Gbe siawo ƒomevi dodo ɖa kpena ɖe mía ŋu be míagadi mía ɖokui tɔ o, ke boŋ míakpɔ nublanui na amewo ahase veve ɖe wo ti geɖe wu.
Kpɔɖeŋu: Yesu do gbe ɖa ɖe eyomedzelawo ta.—Yohanes 17:9-17.
Kafukafugbedodoɖa. Ne míekafua Yehowa ɖe eƒe nukudɔwo kple nɔnɔme nyuiwo ta la, enana míegadea bubu eŋu helɔ̃nɛ wu. Gbedodoɖa siawo ƒomevi kpena ɖe mía ŋu míetena ɖe eya si nye mía Mawu kple mía Fofo la ŋu geɖe wu.
Kpɔɖeŋu: David kafu Mawu tso dzi me ɖe eƒe nuwɔwɔwo ta.—Psalmo 8.
Yayra bubu si gbedodoɖa nana míekpɔnae nye “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta.” (Filipitɔwo 4:7) Nyateƒee, yayra gã aɖee wònye na ame be eƒe dzi nadze eme le xexe tɔzi sia me. Eɖea vi na ame le ŋutilã me hã. (Lododowo 14:30, NW) Gake mía ŋutɔwo ƒe agbagbadzedze gbɔ koe wòtsonaa? Alo nu vevi bubu aɖe hã gbɔea?
[Nya si ɖe dzesi si le axa 10]
Gbedodoɖa ɖea vi le mɔ geɖe nu—le ŋutilã me, le seselelãme gome, eye vevietɔ wu la, le gbɔgbɔ me
-
-
7 Ðe Mawu Asee Ahaɖo Eŋua?Gbetakpɔxɔ—2010 | October 1
-
-
Gbedodoɖa
7 Ðe Mawu Asee Ahaɖo Eŋua?
AME geɖe tsɔa ɖe le nya sia me vevie. Biblia fia nu be Yehowa sea gbe siwo wodona ɖa nɛ egbea la vavã. Ne ase míaƒe gbedodoɖa alo masee o la, atso míawo ŋutɔ gbɔ.
Yesu ɖe ha subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eŋɔli, siwo nɔa gbe dom ɖa wònye alakpanuwɔna be yewoadze ame dzɔdzɔewo le amewo ŋkume ta ko la. Egblɔ be ame siawo axɔ “woƒe fetu blibo la,” si fia be viɖe si woakpɔ koe nye be, woƒe nu adze amewo ŋu, elabena ema koŋ dim wole; gake Mawu mase woƒe gbedodoɖawo o, evɔ emae hiã wo hafi hã. (Mateo 6:5) Nenema kee egbea la, ame geɖe doa gbe ɖa le ale si woawo ŋutɔwo dii nu, ke menye ale si Mawu di nu o. Esi womewɔna ɖe Biblia me gɔmeɖose siwo me míedzro la dzi o ta la, Mawu mesea woƒe gbedodoɖawo na wo o.
Ke wò ya ɖe? Ðe Mawu ase wò gbedodoɖawo ahaɖo wo ŋua? Esia matso wò ŋutigbalẽ, dukɔ, alo ɖoƒe si le asiwò la gbɔ o. Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eyae dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Ðe woate ŋu agblɔ le ŋuwò be èvɔ̃a Mawu hewɔa nu dzɔdzɔea? Hafi woagblɔ le ŋuwò be èvɔ̃a Mawu la, efia be èdea bubu deto eŋu, eye mèdina be yeadze agɔ le edzi o. Hafi woagblɔ le ŋuwò be èwɔa nu dzɔdzɔe la, efia be èdina be yeawɔ nu si Mawu gblɔ be eyae nyo, wu be nàlé wò ŋutɔ wò mɔ atsɔ alo adze hawòviwo yome. Ðe nèdi vevie be Mawu nase wò gbedodoɖawoa? Biblia fia mɔ si dzi nàto be wòava eme na wò nenema.a
Nyateƒee, ame geɖe dina be Mawu nawɔ nukunu atsɔ aɖo yewoƒe gbedodoɖawo ŋu na yewo. Gake le Biblia ŋlɔɣi kura gɔ̃ hã la, ƒãa hafi Mawu wɔa nukunu siawo tɔgbi. Le nukunu siwo woŋlɔ ɖi gome la, ƒe alafa geɖe va yina ɣeaɖewoɣi le nukunu ɖeka megbe hafi wògawɔa bubu. Gawu la, Biblia ɖee fia be esi apostolowo ku vɔ ko la, nukunuwo wɔɣi nu va yi. (1 Korintotɔwo 13:8-10) Gake ɖe esia fia be Mawu megaɖoa gbedodoɖawo ŋu egbea oa? Kura o! Bu gbedodoɖa siwo ŋu wòɖona la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.
Mawu nana ame dzea nunya. Yehowa gbɔe nunya vavãtɔ tso. Enanae faa; enana ame siwo di be wòafia mɔ yewo, eye yewoawɔ eƒe mɔfiamea dzi la, dzea nunya.—Yakobo 1:5.
Mawu naa gbɔgbɔ kɔkɔe kple eŋu viɖewo katã. Mawu ƒe dɔwɔŋusẽe gbɔgbɔ kɔkɔea nye. Ŋusẽ aɖeke metri akɔ wui o. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi le tetekpɔwo me. Ate ŋu ana míaƒe susu nadze akɔ anyi ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Yesu ka ɖe edzi na eyomedzelawo be Mawu naa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ame faa.—Luka 11:13.
Mawu nana ame siwo dinɛ vevie la dzea sii. (Dɔwɔwɔwo 17:26, 27) Amewo le nyateƒea dim vevie le xexea me godoo. Wodi be yewoanya ame si Mawu nye—eƒe ŋkɔ, tame si wòɖo ɖe anyigba kple ameƒomea ŋu, kpakple ale si woawɔ ate ɖe eya amea ŋu. (Yakobo 4:8) Yehowa Ðasefowo doa go ame siawo ƒomevi zi geɖe, eye edzɔa dzi na wo be yewoakpe ɖe wo ŋu woakpɔ nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖo le Biblia me.
Ðewohĩ susu sia tae wò hã nèxɔ magazine sia ɖo. Èdi be yeanya ame si Mawu nyea? Ðewohĩ mɔ sia dzie Mawu di be yeato aɖo wò gbedodoɖawo ŋu na wò.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne èdi numekɔkɔ geɖe wu le ale si nàdo gbe ɖa Mawu nasee ŋu la, ekema kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 17 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.
-