INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 9/1 axa 26-29
  • Woɖe Mawu Ƒe Ŋkɔ Fia Le Swahiligbe Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woɖe Mawu Ƒe Ŋkɔ Fia Le Swahiligbe Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Swahiligbea Ƒe Ŋutinya
  • Mawu Ƒe Nya La Va Ðo Ɣedzeƒe Afrika Zi Gbãtɔ
  • Mawu Ƒe Ŋkɔ Dze Le Swahiligbe Me Bibliawo Me
  • Ðe Wòle Be Mado Gaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Yehowa Kpe Ðe Mía Ŋu ‘Míetse Ku Le Afi Sia Afi Si Wodo Mí Ðo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Nu Ðedzesi Aɖe Na Mawu Ƒe Nya La Lɔ̃lawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • New World Translation Ame Miliɔn Geɖe Kpɔ Ŋudzedze Ðe Eŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 9/1 axa 26-29

Woɖe Mawu Ƒe Ŋkɔ Fia Le Swahiligbe Me

Atiglinyiwo zɔzɔm le gbedzi

“Swahili.” Gbegbɔgblɔ sia ŋkɔ yɔyɔ hea ame geɖe ƒe susu yia Afrika ƒe teƒeteƒewo kple lã wɔadã siwo nɔa tsatsam le gbe dzi le Serengeti nutoa me la dzi. Ke hã, nu bubuwo gaɖe dzesi le Swahiligbea kpakple ame siwo donɛ la ŋu.

Sɔveda kple gbetedzi siwo le Afrika

SWAHILI nye gbegbɔgblɔ si ame miliɔn 100 dona le dukɔ 12 ya teti me le titina kple ɣedzeƒe Afrika.a Eyae nye gbegbɔgblɔ vevitɔ le dukɔwo abe Kenya, Tanzania, kple Uganda ene me. Eye ame geɖe doa gbe sia le dukɔ siwo ƒo xlã wo la me, si wɔnɛ be ame siwo tso teƒe vovovowo la tea ŋu ɖoa dze kple wo nɔewo hetsaa asi bɔbɔe.

Swahiligbea wɔ akpa vevi aɖe le Ɣetoɖoƒe Afrikatɔwo ƒe ɖekawɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ne mede ɖeke o la, wodoa gbegbɔgblɔ 114 sɔŋ le Tanzania ɖeɖe dzaa. Kpɔe ɖaa le susu me be esi nèzɔ kilometa 40 va ɖo 80 ƒe mɔ tso wò aƒe me la, èva do go ame siwo doa gbe aɖe si to vovo kura na mia degbea! Tsɔ kpe ɖe eŋu la, kɔƒe sue ʋɛ aɖewo ko me tɔwoe doa gbegbɔgblɔ aɖewo. Aleke nàwɔ aɖo dze kple ame siawo? Esia tae wòle bɔbɔe be míakpɔ nu si tae wònyo ŋutɔ be gbe ɖeka aɖe li si ame akpa gãtɔ dona.

Dukɔ vovovo siwo me wodoa Swahiligbe le ƒe anyigbatata

Swahiligbea Ƒe Ŋutinya

Woxɔe se be ne mede ɖeke o la, Swahiligbea nɔ anyi tso ƒe alafa ewolia me ke. Wova dze eŋɔŋlɔ gɔme le ƒe alafa 16 lia me. Eteƒe medidina hafi Swahiligbe srɔ̃la geɖe va dea dzesii be Arabgbe me nya geɖe le gbe sia me o. Ne mede ɖeke o la, Swahiligbe me nya 20 le alafa me dzɔ tso Arabgbe me, eye susɔea ƒe akpa gãtɔ ƒe ke dzɔ tso Afrika. Eya ta mewɔ nuku o be Arabgbe me ŋɔŋlɔdzesiwoe wotsɔ ŋlɔ Swahiligbea ƒe alafa geɖe va yi.

Gake egbea, Roman ŋɔŋlɔdzesiwoe wotsɔ ŋlɔa Swahiligbea. Aleke wòdzɔe? Nu ka tae wowɔ tɔtrɔ sia ɖo? Nu siwo dzɔ le ƒe alafa 19 lia ƒe titina lɔƒo esime Europa mawunyadɔgbedela gbãtɔwo va ɖo Ɣedzeƒe Afrika, eye wonɔ agbagba dzem be yewoagblɔ Biblia me gbedeasia na nuto ma me tɔwo la akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖoa.

Mawu Ƒe Nya La Va Ðo Ɣedzeƒe Afrika Zi Gbãtɔ

Le Vasco da Gama ƒe ƒudzimɔzɔzɔ xɔŋkɔ si me wòva to Afrika ƒe anyiehe kekeake le ƒe 1499 me la, Portugal mawunyadɔgbedelawo tsɔ Katolikohaa va Ɣetoɖoƒe Afrika esi woɖo haa ɖe Zanzibar. Ke hã, mede ƒe 200 hafi nutoa me tɔwo nyã Portugaltɔwo hebu mo na “Kristotɔnyenye” o.

Ƒe 150 va yi hafi Mawu ƒe Nya la gava ɖo Ɣedzeƒe Afrika. Fifia ya, Germany mawunyadɔgbedela Johann Ludwig Krapf ye tsɔ Nya la vae. Esi wòva ɖo Kenya ƒe dugã Mombasa le ƒe 1844 me la, Moslemtɔwo koŋ ye nɔ Ɣedzeƒe Afrika ƒe ƒutanutowo me, eye ame siwo nɔ dukɔa ƒe akpa bubuawo la lé woƒe dekɔnuwo kple trɔ̃subɔsubɔ dzixɔsewo me ɖe asi. Krapf xɔe se be ele vevie be Biblia nanɔ gbegbɔgblɔ si ame sia ame ate ŋu axlẽ la me.

Krapf mehe megbelele kura le Swahiligbea sɔsrɔ̃ ŋu o. Le June 1844 me, si nye ɣeyiɣi kpui aɖe le eƒe vava megbe koe wòde asi Biblia gɔme ɖeɖe me. Nublanuitɔe la, dzigbãnya aɖe tui le ɣleti si kplɔe ɖo me—srɔ̃a si wòɖe ƒe eve koe nye ema la ku, eye wo vinyɔnuvi fẽ la hã ku le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe. Togbɔ be esia te ɖe edzi hã la, eyi Biblia gɔmeɖeɖedɔ vevi ma dzi. Le ƒe 1847 me la, eɖe Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe ta etɔ̃ gbãtɔwo gɔme wota, eye esia va zu nuŋɔŋlɔ gbãtɔ si wota ɖe Swahiligbea me.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Ale si Johann Krapf ɖe 1 Mose 1:1-3 ɖe Swahiligbe me le ƒe 1847 me

Krapf ye nye ame gbãtɔ si zã Roman ŋɔŋlɔdzesiwo ɖe Arab tɔ teƒe le Swahiligbea ŋɔŋlɔ me. Egblɔ be susu siwo ta yewɔe alea ɖo la dometɔ aɖewoe nye be “Arabic ŋɔŋlɔdzesiwo anye kplamatsɛdonu na Europatɔ” siwo ava srɔ̃ gbea emegbe, eye be “Roman ŋɔŋlɔdzesiwo ana wòanɔ bɔbɔe na ‘Dukɔa me viwo be woasrɔ̃ Europa gbewo.’” Amewo ganɔ Arabic ŋɔŋlɔdzesiwo zazã dzi ƒe geɖe, eye wozãe tsɔ ŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖewoe gɔ̃ hã. Ke hã, Roman ŋɔŋlɔdzesiwo zazã na wònɔ bɔbɔe na ame geɖe be woasrɔ̃ Swahiligbea. Ðikeke mele eme o be edzɔ dzi na mawunyadɔgbedelawo kple Swahiligbe srɔ̃la geɖewo be wowɔ tɔtrɔ sia.

Tsɔ kpe ɖe ale si Krapf ta mɔ na Mawu ƒe Nyaa gɔme ɖeɖe ɖe Swahiligbea me ŋuti la, eɖo gɔmeɖoanyi na gbegɔmeɖela siwo va ɖe eyome la hã. Ewɔ Swahili ƒe gbeŋutisegbalẽ gbãtɔ hekpe ɖe gbe ma me nyagɔmeɖegbalẽ ŋuti.

Mawu Ƒe Ŋkɔ Dze Le Swahiligbe Me Bibliawo Me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Mateo ta 1 ƒe akpa aɖe si woŋlɔ ɖe Swahili Arabic ŋɔŋlɔdzesi nu, ƒe 1891

Le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe ta etɔ̃ gbãtɔwo me la, ɖeko woɖe Mawu ƒe ŋkɔa gɔme be “Mawu Ŋusẽkatãtɔ.” Ke hã, le ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu lɔƒo me la, ame bubu geɖewo va Ɣedzeƒe Afrika heva yi Biblia bliboa gɔme ɖeɖe ɖe Swahiligbea me dzi. Wo dometɔ aɖewoe nye Johann Rebmann, William Taylor, Harry Binns, Edward Steere, Francis Hodgson, kple Arthur Madan.

Nu si ɖe dzesi le gɔmeɖeɖe gbãtɔ mawo dometɔ aɖewo ŋue nye be, menye teƒe ʋɛ aɖewo koe wona Mawu ƒe ŋkɔa dze le o, ke wona wòdze le Hebri Ŋɔŋlɔ bliboa me! Gbegɔmeɖela siwo nɔ Zanzibar la ŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔa be “Yahuwa,” eye esiwo nɔ Mombasa la ŋlɔe be “Jehova.”

Kaka ƒe 1895 naɖo la, woɖe Biblia bliboa gɔme ɖe Swahiligbe me. Ƒe geɖewo le esia megbe la, gɔmeɖeɖe bubu geɖewo hã do, ke hã womema wo dometɔ aɖewo le agbɔsɔsɔ gã me o. Le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzeƒewo me la, wodze agbagba geɖe trɔ asi le Swahiligbe ŋɔŋlɔ ŋu be wòato mɔ ɖeka le Ɣedzeƒe Afrika. Esia wɔe be wota Biblia gɔmeɖeɖe si nye Swahili Union Version le 1952 me, eye wòva zu esi ame akpa gãtɔ zãna. Ewɔe hã be “Yehova” va nye Mawu ƒe ŋkɔa gɔme ɖeɖe si amewo nya wu le Swahiligbe me.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Memama si me Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, dze le “Swahili Union Version” la ƒe ŋgɔdonyawo me le

Nublanuitɔe la, esi wodzudzɔ gɔmeɖeɖe gbãtɔ mawo tata ko la, Mawu ƒe ŋkɔa zazã hã va nɔ to yim. Gɔmeɖeɖe yeyeawo dometɔ aɖewo ɖe Mawu ƒe ŋkɔa ɖa keŋkeŋ, eye wòdze le teƒe ʋɛ aɖewo ko le bubuwo me. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe ŋkɔa dze zi 15 pɛ ko le Union Version la me, eye esi wogbugbɔ to eme le ƒe 2006 me la, edze zi 11.b

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Gɔmeɖeɖe gbãtɔ siwo me wozã “Yahuwa” kple “Jehova” na Mawu ƒe ŋkɔ

Togbɔ be teƒe ʋɛ aɖewo koe Mawu ƒe ŋkɔ dze le Biblia ma me hã la, nane ɖe dzesi le eŋu. Le ŋgɔdonyawo ƒe axawo dometɔ ɖeka dzi la, woŋlɔe wòdze nyuie eme kɔ be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. Esia kpe ɖe ame siwo di be yewoanya nyateƒea ku ɖe Mawu ŋu la ŋu be wokpɔ wo Fofo si le dziƒo la ƒe ŋkɔ le woawo ŋutɔwo ƒe Bibliawo me.

“Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe” Biblia si le Swahiligbe me

Gake nya la mese ɖe afi ma o. Woɖe Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe la ɖe go le Swahiligbe me le ƒe 1996 me. Esiae nye Swahiligbe me gɔmeɖeɖe gbãtɔ si me Yehowa ƒe ŋkɔ dze zi 237 tso Mateo va se ɖe Nyaɖeɖefia. Ke le ƒe 2003 me la, woɖe New World Translation of the Holy Scriptures Biblia bliboa ɖe go le Swahiligbe me. Va ɖo fifia la, Swahiligbe me Biblia gɔmeɖeɖe sia si wota la ade 900,000.

Biblia sia mele abe esiwo me woɖe Mawu ƒe ŋkɔa va da ɖe ŋgɔdonyaa ƒe numeɖeɖe aɖe ko me alo tsɔ dzesideŋkɔwo ɖɔ lii la ene o. Fifia, ɣesiaɣi si ame siwo si dzi nyui le la ke woƒe Swahiligbe me New World Translation la hekpɔ Yehowa ƒe ŋkɔa, si dze le eme wu zi 7,000 la, egatea wo ɖe eŋu kplikplikpli wu.

Wodze agbagba zã Swahiligbe si wodona egbea si gɔme Swahiligbedola siwo katã le Ɣedzeƒe Afrika ase bɔbɔe la tsɔ ɖe Biblia sia gɔme. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woɖe nukpɔsusu siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o siwo nɔ gɔmeɖeɖe bubuawo dometɔ geɖe me la ɖa. Eya ta nuxlẽlaa ate ŋu aka ɖe edzi be ‘nyateƒenya siwo le eteƒe’ siwo mía Wɔla, Yehowa Mawu, ƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ la xlẽmee yele.—Nyagblɔla 12:10.

Ŋutsu aɖe le Biblia xlẽm

Swahiligbe me “New World Translation of the Holy Scriptures” la zazã dzɔa dzi na ame geɖe

Ame geɖe ɖee fia be yewokpɔ ŋudzedze ɖe Swahiligbe me New World Translation la ŋu. Vicent, si xɔ ƒe 21, eye wònye Yehowa Ðasefowo ƒe gbe sia gbe gbeƒãɖelawo dometɔ ɖeka, gblɔ be, “Mekpɔ dzidzɔ ɖe New World Translation la ŋu ŋutɔ, elabena Swahiligbe si wozã la gɔme sese le bɔbɔe, eye Yehowa ƒe ŋkɔ dze le teƒe siwo katã gɔmeɖeɖe bubuawo ɖee ɖa le.” Frieda, si nye vidada si si vi etɔ̃ le la kpɔe be ena be Biblia me nyateƒewo gɔme ɖeɖe na amewo va le bɔbɔe wu.

Nyɔnu aɖewo le Biblia me dzrom

Tso ƒe si me Krapf te Mawu ƒe Nyaa gɔme ɖeɖe ɖe Swahiligbe me la, dɔ sia yi edzi ƒe 150 kple edzivɔwoe nye esia. Yesu gblɔ be ‘yeɖe ye Fofo ƒe ŋkɔ la fia.’ (Yohanes 17:6) Esi New World Translation la va li azɔ ta la, edoa dzidzɔ na Yehowa Ðasefo Swahiligbedola siwo wu 76,000 siwo le titina kple ɣedzeƒe Afrika la hã be yewoazãe atsɔ ana amewo nanya Yehowa ƒe ŋkɔ.

a Wodoa Swahiligbea le mɔ vovovowo nu le dukɔ siawo me.

b Edze le 1 Mose 22:14; 2 Mose 6:2-8 (zi eve); 17:15 (woɖe egɔme be Yahweh); Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:24; Psalmo 68:21; 83:19; Yesaya 12:2; 26:4; 49:14; kple Yeremiya 16:21.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe