INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • od ta 8 axa 71-86
  • Subɔla Siwo Ðea Gbeƒã Nya Nyuia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔla Siwo Ðea Gbeƒã Nya Nyuia
  • Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • GBEƑÃÐELA YEYEWO
  • NUDIDIAWO GBƆ ÐOÐO
  • KPEKPE ÐE ÐEVIWO ŊU
  • ADZƆGBEÐEÐE KPLE NYƆNYRƆXƆXƆ
  • SUBƆSUBƆDƆA ƑE ŊGƆYIYI ŊUTI NYATAKAKA
  • WÒ GBEADZIKƆNTABUBU
  • HAMEA ME GBEƑÃÐELA ŊUTI NUŊLƆÐI
  • NU SI TA MÍEBUA GBEADZISUBƆSUBƆKƆNTA ÐO
  • TAÐODZINUWO ÐOÐO NA MÍA ÐOKUI
  • Yehowa Ƒe Alẽwo Hiã Beléle Lɔlɔ̃tɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Miwɔ Subɔsubɔdɔ Kɔkɔea Zã Kple Keli
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Nye Veviedola le Nu Nyui Wɔwɔ Me!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
Kpɔ Bubuwo
Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
od ta 8 axa 71-86

TA 8

Subɔla Siwo Ðea Gbeƒã Nya Nyuia

YEHOWA na Via, Yesu Kristo, ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi na mí be míasrɔ̃. (1 Pet. 2:21) Ne ame aɖe va zu Yesu yomedzela la, eɖea gbeƒã nya nyuia abe ale si Mawu ƒe subɔlawo wɔnɛ ene. Yesu ɖee fia be ne ame aɖe va zu ye yomedzela la, akpɔ gbɔgbɔmedzidzeme esi wògblɔ be: “Miva gbɔnye, mi ame siwo katã le dagbadagbam, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana gbɔdzɔe mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye misrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena mefa tu, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ gbɔdzɔe na mia ɖokuiwo.” (Mat. 11:28, 29) Eƒe ŋugbedodoa va eme na ame sia ame si wɔ ɖe yɔyɔ ma dzi!

2 Yesu, ame si nye Mawu ƒe Subɔla Gãtɔ la, yɔ ame aɖewo be woava nye ye yomedzelawo. (Mat. 9:9; Yoh. 1:43) Ena hehe wo le subɔsubɔdɔa me eye wòdɔ wo be woaɖawɔ dɔ si wɔm ye ŋutɔ yele. (Mat. 10:1–11:1; 20:28; Luka 4:43) Emegbe edɔ ame 70 bubuwo be woawo hã woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. (Luka 10:1, 8-11) Esi Yesu dɔ nusrɔ̃la siawo la, egblɔ na wo be: “Ame sia ame si ɖoa to mi la, ɖoa to nye hã. Ame sia ame si gbea mi la, gbea nye hã. Eye ame sia ame si gbeam la, gbea Ame si dɔm ɖa la hã.” (Luka 10:16) Yesu to nya sia dzi na nusrɔ̃lawo kpɔ ale si dɔ si wòde wo si la nye ŋkubiãnyae. Woanye Yesu kple Mawu Dziƒoʋĩtɔ la teƒenɔlawo! Alea kee wòanɔ egbea le ame bubu siwo katã awɔ ɖe Yesu ƒe amekpekpe si nye, ‘Va dze yonyeme’ dzi la gome. (Luka 18:22; 2 Kor. 2:17) Mawu de dɔ asi na ame siwo katã wɔ ɖe amekpekpe sia dzi la be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia eye woawɔ amewo nusrɔ̃lawoe.—Mat. 24:14; 28:19, 20.

3 Esi míewɔ ɖe Yesu ƒe amekpekpea dzi hedze eyome ta la, woyra mí, elabena ‘míeva nya’ Yehowa Mawu kple Yesu Kristo. (Yoh. 17:3) Wofia Yehowa ƒe mɔwo mí. Le eƒe kpekpeɖeŋu me la, míete ŋu wɔ míaƒe tamesusuwo yeyee hedo amenyenye yeye la, eye míenɔa agbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu. (Rom. 12:1, 2; Ef. 4:22-24; Kol. 3:9, 10) Esi míekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yehowa wɔ na mí ŋu tso dzi blibo me ta la, esia ʋã mí míetsɔ míaƒe agbe ɖe adzɔgbe nɛ hetsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe edzi. Míaƒe nyɔnyrɔxɔɣie míezua subɔla siwo Mawu ɖo.

4 Ðo ŋku edzi ɣesiaɣi be ele be míatsɔ asi si me dza kple dzi si me kɔ asubɔ Mawu. (Ps. 24:3, 4; Yes. 52:11; 2 Kor. 6:14–7:1) Yesu Kristo dzi xɔxɔ se na dzitsinya dzadzɛ su mía si. (Heb. 10:19-23, 35, 36; Nyaɖ. 7:9, 10, 14) Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woawɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu be woaganye nukikli na amewo o. Apostolo Petro he susu yi akpa vevi si agbe nyui nɔnɔ wɔna be woahe dzimaxɔsetɔwo ava nyateƒea me la dzi. (1 Kor. 10:31, 33; 1 Pet. 3:1) Aleke nàwɔ akpe ɖe amewo ŋu be woawo hã woadze ava zu subɔla siwo ɖea gbeƒã nya nyuia?

GBEƑÃÐELA YEYEWO

5 Ne ènya dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple ɖetsɔlemetɔ aɖe ko la, de dzi ƒo nɛ be wòanɔ nu ƒom tso nu si srɔ̃m wòle la ŋu na amewo. Ate ŋu aɖo dze tso eŋu na eƒe ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, dɔwɔhatiwo kple ame bubuwo. Esia nye mɔ vevi aɖe si dzi míato ana hehe ame yeyewo be woava zu Yesu Kristo yomedzelawo anye subɔla siwo ɖea gbeƒã nya nyuia. (Mat. 9:9; Luka 6:40) Ne ame yeyea le tsitsim le gbɔgbɔ me eye wòva bi ɖe vomeɖaseɖiɖi me la, ɖikeke mele eme o be adi be yeakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me.

NUDIDIAWO GBƆ ÐOÐO

6 Hafi nàkpe ame aɖe be wòakpɔ gome le tso aƒe me yi aƒe me dɔa me zi gbãtɔ la, ele be nàkpɔ egbɔ be eɖo nudidi aɖewo gbɔ. Ne ame aɖe wɔ ɖeka kpli mí le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, ele eɖem fia le gaglãgbe be yele subɔsubɔm kple Yehowa Ðasefowo. Eya ta amewo abui be etrɔ asi le eƒe agbenɔnɔ ŋu wòwɔ ɖeka kple Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo eye ate ŋu azu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ.

7 Ne ènya dze nusɔsrɔ̃ gɔme kple ame aɖe hele Biblia ƒe gɔmeɖosewo me dzrom kplii ko la, àva nya eƒe nɔnɔmewo nyuie. Ðewohĩ àde dzesii be ele agbe nɔm ɖe nu siwo wòsrɔ̃ tso Biblia me la nu. Gake hamemetsitsiwo adi be yewoado go kple mia kple nusrɔ̃via ahadzro eƒe agbenɔnɔ ƒe akpa aɖewo me kplii.

8 Hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla awɔ ɖoɖo hamemetsitsi eve (siwo dometɔ ɖeka anye subɔsubɔ kɔmitia me tɔ) nadzro nya siawo me kple mia kple Biblia nusrɔ̃via. Ne hamemetsitsiwo mesɔ gbɔ le hame aɖe me o la, hamemetsitsi ɖeka kple subɔsubɔdɔwɔla bibi aɖe ate ŋu akpe kpli wo. Ele be nɔviŋutsu siwo wotia be woadzro nu me kpli wo la nadze agbagba awɔ esia kaba. Ne hamea ƒe kpekpe mee wose le be nusrɔ̃via di be yeazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ la, ɖewohĩ woate ŋu adzro nu me kple mia kple wò nusrɔ̃via le kpakpãɣi gɔ̃ hã. Woana nusrɔ̃via naɖe dzi ɖi bɔkɔɔ. Hafi woada asi ɖe nusrɔ̃via dzi be wòazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ la, ele be nya siwo gbɔna nanye nyateƒe le eyama gome:

  1. (1) Exɔe se be Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ mee Biblia nye.—2 Tim. 3:16.

  2. (2) Enya Ŋɔŋlɔawo me nufiafia veviwo hexɔ wo dzi se, ale be ne wobia nyae la, ate ŋu aɖo eŋu wòawɔ ɖeka kple Biblia, ke menye le alakpasubɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo alo eya ŋutɔ ƒe susu nu o.—Mat. 7:21-23; 2 Tim. 2:15.

  3. (3) Ewɔna ɖe Biblia ƒe sedede si nye be míawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe amewo le hamea ƒe kpekpewo me la dzi ne nɔnɔmeawo ɖe mɔ nɛ.—Ps. 122:1; Heb. 10:24, 25.

  4. (4) Enya nu si Biblia fia tso gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe nuwɔnawo, abe ahasiwɔwɔ, srɔ̃ geɖe ɖeɖe kpakple ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ ene ŋu, eye eƒe agbenɔnɔ sɔ ɖe nufiafia siawo nu. Ne woa kple ŋutsu alo nyɔnu aɖe si menye eƒe ƒometɔ o ye le wo nɔewo gbɔ la, ele be woaɖe wo nɔewo le se nu.—Mat. 19:9; 1 Kor. 6:9, 10; 1 Tim. 3:2, 12; Heb. 13:4.

  5. (5) Ewɔna ɖe Biblia ƒe sedede si nye be woatsri ahamumu la dzi, eye wòƒoa asa na atike sia atike si va zua numame na ame alo kpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe susu dzi—esiwo nye dzɔdzɔmetɔwo alo esiwo ŋu wotrɔ asi le, ne menye dɔ damee wòle o.—2 Kor. 7:1; Ef. 5:18; 1 Pet. 4:3, 4.

  6. (6) Enya ale si wòle vevie be wòatsri hadede vɔ̃.—1 Kor. 15:33.

  7. (7) Etso kadodo me kple alakpasubɔsubɔha ɖe sia ɖe si me wònɔ kpɔ la keŋkeŋ. Megadea woƒe ƒuƒoƒewo o, eye megakpɔa gome le woƒe dɔwo me alo doa alɔ wo o.—2 Kor. 6:14-18; Nyaɖ. 18:4.

  8. (8) Eƒoa asa na xexea ƒe dunyahehe ƒomevi ɖe sia ɖe.—Yoh. 6:15; 15:19; Yak. 1:27.

  9. (9) Exɔ nya si Yesaya 2:4 gblɔ tso dukɔwo ŋu la dzi se henɔa agbe ɖe enu.

  10. (10) Edi vevie be yeazu Yehowa Ðasefo.—Ps. 110:3.

9 Ne hamemetsitsiwo menya nu si tututu nye nusrɔ̃via ƒe susu le nya siawo dometɔ aɖe ŋu o la, woate ŋu azã mawunyakpukpuiawo atsɔ adzro nu me kplii ale be woanya eƒe susu le nyaa ŋu. Ele vevie be wòase egɔme be ele be ame siwo kpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me kple Yehowa Ðasefowo la ƒe agbenɔnɔ nawɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo me nudidi siawo. Nya siwo wòagblɔ la akpe ɖe hamemetsitsiawo ŋu woanya ne enya nu si wodi tso esi kple nenye be eɖo nudidiawo gbɔ va ɖo afi si sɔ be wòadze gbeadzisubɔsubɔdɔa gɔme.

10 Ne nusrɔ̃via dze la, ele be hamemetsitsiawo nana wòanya kaba. Le go geɖe me la, esia anya wɔ le numedzodzroa ƒe nuwuwu. Ne nusrɔ̃via dze la, hamemetsitsiawo ado vivi ɖe eŋu ana wòanya be ezu gbeƒãɖela. (Rom. 15:7) Ele be woade dzi ƒo nɛ be wòadze gbeadzisubɔsubɔdɔa gɔme enumake ale si wòanya wɔ eye wòatsɔ eƒe gbeadzikɔntabubu ana le ɣletia ƒe nuwuwu. Hamemetsitsiawo ate ŋu aɖe nu me nɛ be ne Biblia nusrɔ̃vi aɖe dze hezu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ eye wòtsɔ gbeadzikɔntabubu na zi gbãtɔ la, woʋua Hamea Me Gbeƒãɖela Ŋuti Nuŋlɔɖi ɖe eƒe ŋkɔ me hetsɔnɛ dea hamea ƒe nuŋlɔɖiwo me. Hamemetsitsiwo xɔa gbeƒãɖela yeye sia ŋuti nyatakakawo tso egbɔ tsɔ kpea agbalẽa ɖo ale be habɔbɔa nate ŋu akpɔ Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔnyawo gbɔ le xexea me godoo kple susu be gbeƒãɖelaa nate ŋu akpɔ gome le subɔsubɔdɔwo me eye wòaxɔ kpekpeɖeŋu siwo aɖe vi nɛ le mawusubɔsubɔ me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, hamemetsitsiwo ɖoa ŋku edzi na gbeƒãɖela yeyewo be habɔbɔa awɔ wo ŋuti nyatakaka ɖe sia ɖe ŋu dɔ le ɖekawɔwɔ me kple Ameŋunyatakakawo Ta Kpɔkpɔ Ƒe Ðoɖo Siwo Le Yehowa Ðasefowo Si, siwo dze le jw.org.

11 Gbeƒãɖela yeyea nyanya nyuie kple ɖetsɔtsɔ le eƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa me anye dzideƒo gã aɖe nɛ. Ate ŋu aʋãe be wòatsɔ gbeadzikɔntabubu ana ɣleti sia ɣleti eye wòadze agbagba be yeagawɔ geɖe wu le Yehowa subɔsubɔ me.—Fil. 2:4; Heb. 13:2.

12 Ne hamemetsitsiawo kpɔe be Biblia nusrɔ̃via dze akpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ko la, asɔ be wòaxɔ Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ gbalẽa ɖeka. Ne etsɔ gbeadzikɔnta gbãtɔ vɛ la, ekema woaɖe gbeƒãe kpuie na hamea be ezu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ.

KPEKPE ÐE ÐEVIWO ŊU

13 Ðeviwo hã ate ŋu adze anye nya nyui gbeƒãɖelawo. Yesu xɔ ɖeviwo nyuie eye wòyra wo. (Mat. 19:13-15; 21:15, 16) Togbɔ be dzilawo koŋ ƒe agbae wònye be woakpe ɖe wo viwo ŋu hã la, ame bubu siwo le hamea me la hã adi be yewoakpe ɖe ɖevi siwo ƒe dzi ʋã wo be yewoakpɔ gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me la ŋu. Ne dzilae nènye la, kpɔɖeŋu nyui si nàɖo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la ade dzi ƒo na viwòwo geɖe be woatsɔ dzonɔameme asubɔ Mawu. Ne ɖevi aɖe si ɖoa kpɔɖeŋu nyui le agbenɔnɔ me la ƒe dzi ʋãe wòdi be yeaʋu yeƒe xɔse me la, kpekpeɖeŋu bubu kae woagate ŋu anae?

14 Asɔ be ɖevia dzila nate ɖe hamemetsitsi siwo nye Hamea Ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia me tɔ ɖeka ŋu ne woalé ŋku ɖe eŋu akpɔe ɖa be ɖevia dze azu gbeƒãɖela hã. Hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla awɔ ɖoɖo hamemetsitsi eve (siwo dometɔ ɖeka anye subɔsubɔ kɔmitia me tɔ) nakpe kple ɖevia kpakple edzila(wo) alo ame si gbɔ wòle si hã nye haxɔsetɔ. Ne Biblia me nyateƒea ƒe gɔmedzenufiafiawo ŋuti sidzedze su ɖevia si eye wòɖee fia be yedi be yeakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, anye kpeɖodzi be ewɔ ŋgɔyiyi nyui. Ne hamemetsitsi eveawo dzro nya sia kple bubu siwo me wodzrona kple ame tsitsiwo la me kple ɖevia vɔ la, woate ŋu anya ne edze azu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ alo medze o. (Luka 6:45; Rom. 10:10) Le ɖevi suewo gome la, mahiã be woadzro nya aɖewo siwo me wodzrona kple ame tsitsiwo, siwo wòdze ƒãa be womeka ɖeviwo o la me kpli wo o.

15 Le numedzodzroa me la, hamemetsitsiawo nakafu ɖevia ɖe ŋgɔyiyi si wòwɔ ta, eye woade dzi ƒo nɛ be wòaɖoe eƒe taɖodzinu be yeaxɔ nyɔnyrɔ. Esi wònye be dzilaawo hã dze agbagba vevie ƒã nyateƒea ɖe wo via me ta la, woawo hã wodze na kafukafu. Be hamemetsitsiawo nakpe ɖe dzilaawo ŋu woagayi edzi akpe ɖe wo via ŋu la, woade dzi ƒo na wo be woaxlẽ akpa si nye “Gbedeasi Aɖe Na Dzilawo,” si le axa 179-181.

ADZƆGBEÐEÐE KPLE NYƆNYRƆXƆXƆ

16 Ne èva nya Yehowa helɔ̃e le esi nèwɔa nu siwo wòdi tso asiwò eye nèkpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, ele be nàna ƒomedodo si le mia kplii dome la me nagasẽ ɖe edzi. Aleke nàwɔe? Eyae nye be nàtsɔ wò agbe aɖe adzɔgbe nɛ ahatsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me aɖo kpe edzi.—Mat. 28:19, 20.

17 Adzɔgbeɖeɖe fia ame ɖokui tsɔtsɔ na hena taɖodzinu kɔkɔe aɖe. Be ame naɖe adzɔgbe na Mawu fia be wòado ŋugbe nɛ le gbedodoɖa me tso dzi blibo me be yeazã yeƒe agbe bliboa atsɔ asubɔe ahawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Efia be ame natsɔ eɖokui ana Mawu bliboe asubɔ eya ɖeka ko tegbee. (5 Mose 5:9) Wò ɖeɖee awɔ nu sia le ɖokuiwò si. Ame aɖeke mate ŋu awɔe na wò o.

18 Ke hã menye gbɔgblɔ na Yehowa be yedi be yeazu etɔ koe esia bia o. Ele be nàɖee afia le gaglãgbe be yeɖe adzɔgbe na Mawu. Àwɔ esia ne èxɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me, abe ale si Yesu wɔe ene. (1 Pet. 2:21; 3:21) Ne èɖoe be yeasubɔ Yehowa eye nèdi be yeaxɔ nyɔnyrɔ la, nu kae wòle be nàwɔ? Ele be nàgblɔe na hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla. Awɔ ɖoɖo hamemetsitsi vovovowo nadzro nu me kpli wò akpɔe ɖa be èɖo Mawu ƒe nudidiwo gbɔ hena nyɔnyrɔxɔxɔ hã. Ne èdi nya sia ƒe numekɔkɔ bubuwo la, ke taflatsɛ, to agbalẽ sia ƒe akpa siwo nye “Gbedeasi Aɖe Na Gbeƒãɖela Maxɔnyɔnyrɔ,” si le axa 182-184 kpakple “Numetotobiabiawo Hena Ame Siwo Di Be Yewoaxɔ Nyɔnyrɔ,” si le axa 185-207 la me.

SUBƆSUBƆDƆA ƑE ŊGƆYIYI ŊUTI NYATAKAKA

19 Tso gbe aɖe gbe ke la, tadedeagu vavãtɔ ƒe takeke le xexea me katã ŋuti nyatakakawo nyea dzideƒotsoƒe na Yehowa ƒe amewo. Tso esime Yesu Kristo gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo zi gbãtɔ be woaɖe gbeƒã nya nyuia le anyigba bliboa katã dzi la, Kristotɔ vavãwo dina vevie be yewoanya ale si woawɔ dɔ sia ade goe.—Mat. 28:19, 20; Marko 13:10; Dɔw. 1:8.

20 Gbeƒãɖeɖedɔa ƒe ŋgɔyiyi ŋuti nyatakakawo sese doa dzidzɔ na Yesu yomedzela gbãtɔwo. (Marko 6:30) Biblia-gbalẽ si nye Dɔwɔwɔwo gblɔ na mí be ame siwo anɔ 120 ye nɔ eteƒe esi wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe nusrɔ̃lawo dzi le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) ƒe Pentekoste ŋkekea dzi. Eteƒe medidi o, nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi va ɖo ame siwo ade 3,000, eye emegbe wode abe ame 5,000 ene. Ɣemaɣi la, woka nya ta be “Yehowa tsɔa ame siwo xɔm wole ɖe agbe la kpena ɖe wo ŋu gbe sia gbe” eye “nunɔla gbogbo aɖewo hã va zu xɔsetɔwo.” (Dɔw. 1:15; 2:5-11, 41, 47; 4:4; 6:7) Aleke gbegbe dzidziɖedzi siawo ŋuti nyatakaka ade dzi ƒo na nusrɔ̃lawoe ye nye esi! Eye togbɔ be Yuda subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo na woti wo yome vevie hã la, aleke gbegbe nyatakaka dodzidzɔname siawo ado ŋusẽ wo be woayi dɔ si Mawu de asi na wo la wɔwɔ dzi ye nye esi!

21 Le ƒe 60-61 K.Ŋ. lɔƒo la, Paulo ka nya ta le eƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Kolosetɔwo me be nya nyuia “le ku tsem hele ta kekem le xexea me katã” eye “woɖe gbeƒãe le nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te dome.” (Kol. 1:5, 6, 23) Kristotɔ gbãtɔwo ɖo to Nya la, eye gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽ wo wowɔ gbeƒãɖeɖedɔa wòde didiƒe ke hafi Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia wu enu le ƒe 70 K.Ŋ. me. Aleke gbegbe dɔ si wɔm wonɔ la ŋuti nyatakakawo sese ade dzi ƒo na Kristotɔ wɔnuteƒe mawoe nye esi!

Ðe wò ŋutɔ èdi vevie be yeawɔ nu sia nu si yeate ŋui atsɔ akpe asi ɖe eŋu be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔa awu enu keŋkeŋ hafi nuwuwua nava?

22 Nenema kee Yehowa ƒe habɔbɔ si li egbea hã dzea agbagba wɔa nuŋlɔɖiwo le dɔ si wɔm wole, si nye Mateo 24:14 me vava la ŋu; afi ma gblɔ be: “Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.” Dɔ si wode asi na mí Mawu subɔla ɖeadzɔgbewo la wɔwɔ hiã kpata. Ele be míawo ŋutɔwo míadi vevie be míawɔ nu sia nu si míate ŋui atsɔ akpe asi ɖe eŋu be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔa awu enu keŋkeŋ hafi nuwuwua nava. Yehowa akpɔ egbɔ be wowu dɔ sia nu, eye ne míekpɔ gome le ewɔwɔ me la, Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu.—Eze. 3:18-21.

WÒ GBEADZIKƆNTABUBU

23 Nu ka tututu ŋue míabu akɔnta le? Wode dzesi nu siwo ŋu míabu akɔnta le la ɖe agbalẽvi si nye Gbeadzikɔnta, si habɔbɔa tana la dzi. Gake nya siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò.

24 Ŋlɔ nu siwo nèna ame siwo menye Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo o, eɖanye esiwo wota alo elektrɔnik tɔwo o, la katã ƒe xexlẽme ɖe teƒe si woŋlɔ ɖo be “Nu Siwo Nèna (Esiwo Wota Kple Mɔ̃dzitɔwo).” Eye nàŋlɔ zi gbɔ zi ale si nète ŋu ɖe míaƒe videowo fia amewo la ƒe xexlẽme ɖe “Video Ðeɖefiawo” ƒe teƒea.

25 Le “Tɔtrɔyiwo” ƒe teƒea la, ŋlɔ zi gbɔ zi ale si nètrɔ yi be yeatu ame aɖe si menye Ðasefo ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ o ƒe ɖetsɔleme ɖo la ƒe xexlẽme ɖi. Àte ŋu abu tɔtrɔyi ne ètrɔ yi amea gbɔ, ne èŋlɔ lɛta nɛ, ne èƒo ka nɛ, ne èɖo nyatakaka aɖe ɖee to asitelefon alo e-mail dzi, alo nètsɔ míaƒe agbalẽ aɖewo nɛ. Ɣesiaɣi si nàwɔ aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ kple ame aɖe la, àte ŋu abu tɔtrɔyi ɖeka. Dzila ate ŋu abu tɔtrɔyi ɖeka kwasiɖa sia kwasiɖa ne exɔ ŋgɔ le ƒometadedeagu me eye via si mexɔ nyɔnyrɔ o la le eteƒe.

26 Togbɔ be zi geɖe la, kwasiɖa sia kwasiɖa ye míawɔ Biblia nusɔsrɔ̃ kple ame aɖe hã la, Biblia nusɔsrɔ̃ ɖeka ko ƒe akɔntae míabu le eyama gome ɣleti sia ɣleti. Gbeƒãɖelawo nabu ame vovovo siwo wowɔ Biblia nusɔsrɔ̃ kplii le ɣletia me la ƒe xexlẽme bliboa ŋuti kɔnta. Ne míesrɔ̃ Biblia kple ame siwo menye Ðasefo ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔwo o la, míebua wo Biblia nusɔsrɔ̃woe. Àgate ŋu abu Biblia nusɔsrɔ̃ ɖeka ne subɔsubɔ kɔmitia me tɔ aɖe bia tso asiwò be nàsrɔ̃ nu kple nɔvi aɖe si gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me alo ame aɖe si xɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o, si mekpɔ wu Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa nu haɖe o.

27 Ele vevie be “Gaƒoƒo” siwo nàbu la nade pɛpɛpɛ. Esia nye ɣeyiɣi si nèzã esime nèɖi ɖase na ame siwo menye Ðasefo ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔwo o la le tso aƒe me yi aƒe me dɔa me, le tɔtrɔyiwɔwɔ me, le Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me, alo le vomeɖaseɖiɖi me. Ne gbeƒãɖela eve le dɔ wɔm ɖekae le gbeadzi la, wo ame evea siaa abu gaƒoƒoa, gake wo dometɔ ɖe sia ɖe abu eya ŋutɔ ƒe tɔtrɔyiwo kple Biblia nusɔsrɔ̃ siwo wòwɔ. Ne dzilawo srɔ̃ nu kple wo viwo le fiẽsi Ƒometadedeagu me la, dzila evea siaa abu gaƒoƒo ɖeka ko kwasiɖa sia kwasiɖa. Nɔviŋutsuwo ate ŋu abu ɣeyiɣi si wotsɔ ƒo dutoƒonuƒo la ŋuti kɔnta. Ame si ɖe dutoƒonuƒo gɔme le kplɔ̃ta hã ate ŋu abu ɣeyiɣia ŋuti kɔnta. Nanewo li siwo wɔwɔ hiã, gake míebua woƒe akɔnta o, abe dzadzraɖo na gbeadziyiyi, kpekpe hena gbeadziyiyi, míawo ŋutɔwo ƒe dɔwɔna aɖewo gbɔ kpɔkpɔ esime míele gbeadzi kple bubuawo.

28 Ne gbeƒãɖela le ɣeyiɣi si wòtsɔ ɖi ɖasee ŋuti kɔnta bum la, ele be wòawɔ eƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee la ŋu dɔ ahabu gaƒoƒoa pɛpɛpɛ anukwaretɔe. Gbeƒãɖela aɖewo ɖia ɖase le nuto siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo me, evɔ bubuwo ya wɔa dɔ le anyigbamama siwo me amewo mesɔ gbɔ le o me, si tae wòhiãna be woazɔ mɔ legbeewo. Anyigbamamawo to vovo; eye gbeƒãɖela ɖe sia ɖe kple ale si wòbua eƒe subɔsubɔdɔae. Eya tae Dɔdzikpɔhaa mezia eƒe dzitsinya ɖe hame siwo le xexea me godoo la dzi le ale si woabu ɣeyiɣi si wozã le gbeadzi la ŋuti kɔntae ŋu o, eye womeɖo ame aɖeke hã be wòadrɔ̃ ʋɔnu le nya sia ŋu o.—Mat. 6:1; 7:1; 1 Tim. 1:5.

29 Ele be gbeadzisubɔsubɔ ƒe gaƒoƒo siwo woabu nanye gaƒoƒo blibowo. Gbeƒãɖela siwo si ko womabia gaƒoƒo blibowo le o lae nye gbeƒãɖela siwo ŋu wɔna mele kura o le tsitsi ta kple esiwo tsi teƒe ɖeka kpakple esiwo tsi dɔnɔdzikpɔƒe, alo esiwo le wɔnamanɔameŋu ƒe nɔnɔme bubu aɖe me. Gbeƒãɖela mawo ate ŋu abu tso miniti 15 dzi heyina ƒe gbeadzikɔnta. Ne miniti 15 koe woɖi ɖase le ɣleti aɖe me hã la, ele be woatsɔe ana. Woabu wo akpe ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo dea gbeadzi edziedzi la ŋu. Ðoɖo sia lɔ gbeƒãɖela si va tsi teƒe ɖeka ɣeyiɣi kpui aɖe, ɖewohĩ ɣleti ɖeka alo esi wu nenema le dɔléle sesẽ alo nuveviwɔame ta la hã ɖe eme. Ame siwo ŋu wɔna aɖeke mele o koe wowɔ ɖoɖo sia na. Subɔsubɔ kɔmitia ye adzro eme akpɔe ɖa nenye be gbeƒãɖela aɖe dze na ɖoɖo sia.

HAMEA ME GBEƑÃÐELA ŊUTI NUŊLƆÐI

30 Woŋlɔa gbeadzikɔntabubu si nètsɔ nana ɣleti sia ɣleti la ɖe Hamea Me Gbeƒãɖela Ŋuti Nuŋlɔɖi aɖe me. Hamea tɔe nuŋlɔɖi siawo nye. Ne èle ɖoɖo wɔm be yeaʋu ayi hame bubu me la, na miaƒe hamemetsitsiwo nanya. Agbalẽŋlɔlaa akpɔ egbɔ be woɖo nuŋlɔɖiawo ɖe wò hame yeyea. Esia awɔe be, hamemetsitsi siwo le hame yeyea me la nasu te axɔ wò nyuie ahana kpekpeɖeŋu siwo aɖe vi na wò le mawusubɔsubɔ me la wò. Ne ɣeyiɣi kpui aɖe si made ɣleti etɔ̃ o koe nàdzo le miaƒe hamea me la, ke yi edzi nànɔ wò gbeadzikɔntawo ɖom ɖe míaƒe hamea.

NU SI TA MÍEBUA GBEADZISUBƆSUBƆKƆNTA ÐO

31 Ðe nèŋlɔna be ɣeaɖewoɣi be yeatsɔ yeƒe gbeadzisubɔsubɔkɔnta ana? Ðikeke mele eme o be ehiãna be woaɖo ŋku edzi na mí katã ɣeaɖewoɣi. Gake ne nɔnɔme nyuitɔ le mía si ɖe gbeadzikɔntabubu ŋu eye míese nu si tae wòle vevie ɖo gɔme la, anɔ bɔbɔe na mí be míaɖo ŋku edzi atsɔ míaƒe gbeadzikɔnta ana kaba.

32 Ame aɖewo bia be: “Esi Yehowa nya dɔ si mewɔna le eƒe subɔsubɔdɔa me ɖe, nu ka tae wòle be magabu akɔnta na hamea?” Nyateƒee, Yehowa nya nu si míewɔna, eye enya ne míaƒe subɔsubɔa tso luʋɔ blibo me alo nu si míate ŋu awɔ ŋutɔŋutɔ la ƒe akpa sue aɖe koe wònye. Gake ɖo ŋku edzi be Yehowa na woŋlɔ ŋkeke xexlẽme si Noa tsɔ nɔ aɖakaʋua me kple ƒe agbɔsɔsɔme si Israel-viwo tsɔ zɔ mɔe le gbeadzi la ɖi. Mawu na woŋlɔ ame siwo wɔ nuteƒe kple ame siwo sẽ to la ƒe xexlẽme ɖi. Ena woŋlɔ ale si woxɔ Kanaan duwo vivivi kple Israel ʋɔnudrɔ̃la wɔnuteƒewo ƒe dɔwɔnawo ɖi. Ɛ̃, ena woŋlɔ esubɔlawo ƒe dɔwɔnawo ŋuti nyatakaka geɖewo ɖi. Eto eƒe gbɔgbɔa dzi na woŋlɔ blemanudzɔdzɔwo ŋuti nyawo ɖi be woakpe ɖe mía ŋu míanya be yedi be míawɔ nuŋlɔɖi siwo de pɛpɛpɛ.

33 Ŋutinya me nudzɔdzɔ siwo woŋlɔ ɖe Biblia me la na míekpɔ ale si akɔntabubu kple nuŋlɔɖi siwo Yehowa ƒe amewo wɔ la de pɛpɛpɛe. Le nudzɔdzɔawo dometɔ geɖe me la, ne ɖe womeyɔ xexlẽmeawo pɛpɛpɛ o la, anye ne Biblia ƒe nuŋlɔɖiawo mawɔ dɔ ɖe ame dzi boo o. De ŋugble le kpɔɖeŋu siawo ŋu kpɔ: 1 Mose 46:27; 2 Mose 12:37; Ʋɔn. 7:7; 2 Fia. 19:35; 2 Kron. 14:9-13; Yoh. 6:10; 21:11; Dɔw. 2:41; 19:19.

34 Togbɔ be edze ƒãa be menye nu siwo katã míewɔna le Yehowa subɔsubɔ me la ŋue míebua akɔnta le o hã la, akɔntabubu wɔa akpa vevi aɖe le Yehowa ƒe habɔbɔa me. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, esime apostoloawo yi ɖaɖe gbeƒã trɔ gbɔ la, wogblɔ “nu siwo katã wowɔ kple nu siwo wofia la” na Yesu. (Marko 6:30) Ɣeaɖewoɣi la, akɔntabubuwo ate ŋu aɖee afia be ehiã be míalé ŋku ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖewo koŋ ŋu. Akɔntabubuawo ate ŋu aɖee afia be togbɔ be ŋgɔyiyi va le dɔa ƒe akpa aɖewo hã la, nu bubuwo, abe gbeƒãɖelawo ƒe dzidziɖedzi ene ya ɖiɖi. Ate ŋu anye be ehiã be woade dzi ƒo na nɔviawo alo kuxi aɖewo li siwo gbɔ wòle be woakpɔ. Dzikpɔla siwo kpɔa dɔ siawo gbɔ la alé ŋku ɖe akɔntabubuawo ŋu ahadze agbagba be yewoaɖɔ nu sia nu si anɔ ame ɖekaɖekawo alo hame bliboa ƒe ŋgɔyiyi hem ɖe megbe la ɖo.

35 Akɔntabubuwo gakpena ɖe habɔbɔa ŋu be wòanya anyigbamama siwo me gbeƒãɖela geɖe wu hiã le. Teƒe kawoe gbeƒãɖeɖedɔa le ku tsem le wu? Afi kawoe ŋgɔyiyi boo mele vavam le o? Agbalẽ kawoe hiã be woatsɔ afia nyateƒea amewo? Akɔntabubuwo kpena ɖe habɔbɔa ŋu be wòanya agbalẽ agbɔsɔsɔme si ava hiã le ɣeyiɣi siwo gbɔna me le gbeƒãɖeɖedɔa me le xexea ƒe teƒe vovovowo, ale be wòawɔ ɖoɖo do ŋgɔ be woakpɔ hiahiã mawo gbɔ.

36 Subɔsubɔdɔa ŋuti nyatakakawo dea dzi ƒo na mía dometɔ geɖe. Ne míese dɔ si gbegbe wɔm mía nɔviwo le le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me le xexea me godoo ŋu nyawo la, ɖe dzi medzɔa mí ŋutɔ oa? Dzidziɖedzi siwo le vavam ŋu nyawo sese nana míetea ŋu kpɔa ale si Yehowa ƒe habɔbɔa le ta kekemee. Nuteƒekpɔkpɔwo ŋuti nyatakakawo doa dzidzɔ na mí henaa dzo ɖoa mía me, eye woʋãa mí be míakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe. (Dɔw. 15:3) Ele vevie be míatsɔ míaƒe gbeadzikɔntabubuwo ana, eye esia wɔwɔ ɖenɛ fiana be míetsɔ ɖe le eme na mía nɔviwo le xexea me godoo. Míetoa mɔ sue sia dzi ɖenɛ fiana be míewɔna ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe hakplɔɖoɖowo dzi ɖokuibɔbɔtɔe.—Luka 16:10; Heb. 13:17.

TAÐODZINUWO ÐOÐO NA MÍA ÐOKUI

37 Mehiã be míatsɔ míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo tɔ o. (Gal. 5:26; 6:4) Ame sia ame kple nɔnɔme si me wòle. Gake aɖe vi geɖe na mí ne míeɖo taɖodzinu siwo gbɔ míate ŋu aɖo la na mía ɖokui be wòakpe ɖe mía ŋu míanya ŋgɔyiyi si wɔm míele le subɔsubɔdɔa me. Taɖodzinu siawo gbɔ ɖoɖo ate ŋu ana dzidzeme si dɔwɔwɔ ade goe hena vɛ la nasu mía si.

38 Eme kɔ ƒãa be Yehowa le tsɔtsɔe dom dɔa be woaƒo ame siwo ta wòakpɔ le “xaxa gã” me la nu ƒu. Yesaya gblɔe ɖi be: “Ame ʋɛwo azu akpe, eye ame suewo azu dukɔ sesẽ. Nye Yehowa ŋutɔ, mado tsɔtsɔe le ewɔɣi.” Nya sia le eme vam le míaƒe ɣeyiɣia me. (Nyaɖ. 7:9, 14; Yes. 60:22) Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi wònye be míenye subɔla siwo ɖea gbeƒã nya nyuia le ŋkeke mamlɛ ɖedzesi siawo me!—Mat. 24:14.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe