Aƒeme Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔmedzedze
1 Kristotɔ vavãtɔwo ƒe nuteƒekpɔkpɔ siwo ŋu teƒeɖoɖo le eye wohea dzidzeme vɛ wu la dometɔ ɖekae nye nyateƒea fiafia ame aɖe to aƒeme Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kplii me. Gake ame aɖewo manɔ gome kpɔm le subɔsubɔdɔ ƒe akpa sia si hea dzidzeme vɛ la me o elabena wosusui be yewomate ŋu adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme ahawɔe o. Gbeƒãɖela kple mɔɖela geɖe see le wo ɖokui me kpɔ nenema. Gake to ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me aɖaŋuɖoɖowo tsɔtsɔ wɔ dɔe me la, wosrɔ̃ alesi woadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme ahawɔe, eye wodzi woƒe dzidzɔkpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me ɖe edzi. Taɖodzinu ma ke ate ŋu anɔ asiwò.
2 Mɔnu si Le Tẽ Kple Traktwo Zazã: Nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze ƒe mɔ siwo bɔbɔ wu la dometɔ ɖekae nye esi le tẽ la. Nusi hiã ame aɖewo koe nye be nàtsɔ vividoɖeameŋu akpe wo be miasrɔ̃ Biblia la. Àte ŋu awɔ esia to aƒemenɔla la biabia ko me be: “Àdi be wò ŋutɔ nàsrɔ̃ Biblia la le aƒeme ale be Biblia kple tameɖoɖo si le Mawu si na anyigba la ŋuti sidzedze geɖe wu nasu asiwòa?” Alo àte ŋu agblɔ na aƒemenɔla be adzɔ dzi na ye be yeawɔ alesi wowɔa aƒeme Biblia-nusɔsrɔ̃e la afiae. Togbɔ be ame geɖewo agbe esia hã la, bu alesi nàkpɔ dzidzɔe ne èkpɔ ame aɖe si lɔ̃ ɖe edzi la ŋu kpɔ!
3 Mɔ bubu si dzi míato adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmee nye to míaƒe traktwo dometɔ aɖe zazã me. Togbɔ be wole sue hã la, nya siwo le wo me la sẽa ŋu hekpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi. Aleke míate ŋu adze nusɔsrɔ̃ gɔme le trakt mee? To trakt si nèka ɖe edzi be ado dzidzɔ na aƒemenɔla la tsɔtsɔ nɛ ko mee. Ne ètsɔe nɛ vɔ la, xɔ ŋgɔ eye nàkpe aƒemenɔla la be wòaxlẽ memamã gbãtɔa kple ye. Mixlẽ ŋɔŋlɔ siwo woyɔ la eye nàdzro alesi wowɔ ɖeka kple nya la me. Le yiyi zi gbãtɔ me la, àte ŋu adzro memamã ɖeka alo eve ko me. Ne aƒemenɔla va kpɔ dzidzɔ be Biblia me nya dodzidzɔnamewo srɔ̃m yele la, àte ŋu adzi ɣeyiɣi si nèzãna tsɔ ɖoa dze kplii la ɖe edzi.
4 Biblia la Ðeɖeko Zazã: Ɣeaɖewoɣi la, ame aɖe alɔ̃ be woadzro Biblia me kple ye gake anɔ hehem ɖe megbe le nusɔsrɔ̃ si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo alo míaƒe agbalẽawo dometɔ ɖeka zazã ŋu. Togbɔ be ele nenema hã àte ŋu adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme ahawɔe to dzadzraɖo wɔwɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me dzeɖoɖo dodzidzɔname siwo tso Agbe Tegbee alo Reasoning ƒe agbalẽa me ŋu gake azã Biblia la ɖeɖeko ne èyi ɖetsɔlemetɔ la gbɔ me. Dzeɖoɖo siawo tɔgbe axɔ aɖabaƒoƒo 15 alo 20, alo awu nenema le nɔnɔmea nu. Ne èwɔ esia edziedzi eye nèfia Biblia me nyateƒenya siwo tsiã ɖe enu kplii la, ke èdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme eye àte ŋu abu akɔnta le eŋu. Le ɣeyiɣi si sɔ me la, tsɔ Agbe Tegbee ƒe agbalẽa na eye nàwɔ nusɔsrɔ̃ siwo ŋu miewɔ ɖoɖo ɖo le eme.
5 Tsɔ kpe ɖe mɔnukpɔkpɔwo didi le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ŋu la, ɖe nèdze agbagba be yeadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple aƒelikawo, xɔlɔ̃wo, alo ƒometɔwoa? Èwɔe ɣeaɖeɣi kpɔa? Ðe nègatee kpɔ ake nyitsɔ laa? Ne mɔnu aɖe medze edzi o la, ɖe nède ŋugble le mɔnu bubu zazã ŋua?
6 Àte ŋu akpɔ dzidzedze le nusɔsrɔ̃wo gɔmedzedze me ne ètsɔ aɖaŋu siwo míeɖo la wɔ dɔe, eye nèdo vevie nu le gbeadzisubɔsubɔdɔa me heɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu hena eƒe yayra. Mègabu nyateƒea ƒe ŋusẽ kple kpekpeɖeŋu si Yehowa nana la nu tsɛe o. Wò dzidzɔkpɔkpɔ nedzi ɖe edzi le subɔsubɔdɔa me to aƒeme Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔmedzedze kple wo wɔwɔ me.