Dɔwɔwɔ le Anyigbamamã si Wokpena Ðo Edziedzi Me
1 Edzɔa dzi na mí ne míexɔ nyatakaka be hame geɖe le dɔ wɔm le woƒe anyigbamamã me edziedzi. (Mat. 24:14; Tim. I, 2:3, 4) Togbɔ be esia hea kuxi tɔxɛ aɖewo vɛ hã la, nuteƒekpɔkpɔ ɖee fia be míate ŋu anɔ te ɖe wo nu ne míedzra ɖo nyuie eye míesu te be míawɔ nu wòasɔ ɖe nɔnɔme vovovo siwo ado mo ɖa la nu.
2 Ŋgɔdonya Nyuiwoe Wɔa Dɔ: Ele vevie ŋutɔ be míadzra ɖo azã ŋgɔdonya ɖeka alo esi wu nenema siwo ŋu míebu nyuie. Ele be nya siwo ana susu vevi siwo ta míeyia amewo gbɔ edziedzi me nakɔ ƒã nanɔ eme.
3 Ŋgɔdonya siwo sɔ si miazã ƒe kpɔɖeŋu nyui geɖe le Reasoning-gbalẽa me. Wogblɔ kpɔɖeŋu etɔ̃ le agbalẽa ƒe axa 15 le tanya si nye “Le Anyigbamamã si me Wowɔa Dɔ le Edziedzi Me” te. To esiwo nàdi be yeazã le wò anyigbamamã me la me nyuie.
4 Gbeƒãɖela aɖewo kpɔ dzidzedze le wo gbɔ nyadzɔdzɔgbalẽ me nyawo tsɔtsɔ dze dzeɖoɖo gɔmee le anyigbamamã si me wowɔa dɔ le edziedzi me. Reasoning-gbalẽ gblɔ alesi woawɔe ƒe kpɔɖeŋu etɔ̃. Bu ŋgɔdonya evelia si le tanya si nye “Nuvlowɔwɔ/Dedienɔnɔ” te le axa 10 kple ŋgɔdonya eve gbãtɔ siwo le tanya si nye “Nusiwo Dzɔ Nyitsɔ Laa” te le axa 10 kple 11 ŋu kpɔ.
5 Ŋgɔdonya Siwo Ŋu Nèdzraa Ðo Ðo: Àte ŋu atrɔ asi le ŋgɔdonya nyui siwo sɔ eye wogblɔ wo ɖe Reasoning-gbalẽa me tɔwo nu la ŋu ahazã wo faa. Gblɔ wo abe alesi nèƒoa nui ene eye nàzã wò ŋutɔ wò nyawo. Àte ŋu ato eme kple gbeƒãɖela bibi aɖe hafi ava zãe le gbeadzi.
6 Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu agblɔ nya siawo tɔgbe be:
◼ “Tso esime míeva gbɔwò nyitsɔ la, [ƒo nu le nudzɔdzɔ aɖe si ŋu nutoa me tɔwo le nu ƒom tsoe ŋu]. Esi wòka mí katã le mɔ vovovowo nu ta la, míaƒe aƒelikawo dometɔ geɖe tsi dzi ɖe eŋu vevie. Ðewohĩ wò hã èle eŋu bum. [Gbɔ ɖe eme vie nàna wòaɖo eŋu.] Le alesi nuwo le edzi yimee le xexeame egbea ta la, ɖe màlɔ̃ ɖe nusi nyagblɔɖila Yeremya ŋlɔ le ta 10, kpukpui 23 dzi oa?” Ne èxlẽ mawunyakpukpuia vɔ la, na aƒemenɔla nagblɔ nusi wòsusu le eŋu eye nàhe eƒe susu ayi mawunyakpukpui aɖe si ƒo nu tso alesi Yehowa akpɔ kuxi si ŋuti míele nu ƒom tsoe gbɔe la dzi.
7 Alo àte ŋu agblɔ be:
◼ “Ðikeke mele eme o be èsee le egbe ƒe nyadzɔdzɔwo me be: [ƒo nu le nudzɔdzɔ tɔxɛ aɖe ŋu]. Meka ɖe edzi be àlɔ̃ ɖe edzi be esia ka mí katã. [Tɔ vie nàna wòaɖo eŋu.] Míate ŋu akpɔ mɔ be ɣeyiɣi kpui aɖe koe dziɖuɖuwo ƒe kuxia gbɔ kpɔkpɔ anɔ anyi ase ɖo; gake Biblia gblɔ be woava kpɔ kuxia gbɔ tegbee.” He aƒemenɔla ƒe susu yi mawunyakpukpui aɖe si gblɔ nusi Mawu awɔ la dzi.
8 “Nukata Míenɔa Vavam Kabakaba Alea?” Wogblɔ alesi míaɖo dzeɖoɖonutsinya sia ŋui nyuie ɖe Reasoning-gbalẽa ƒe axa 20 le tanya si nye “Nukata Míenɔa Vavam Kabakaba Alea?” te. Ne womebia mí o hã la, míate ŋu aɖi ɖase nyuie ne míewɔ mɔnukpɔkpɔ nyui ɖesiaɖe ŋudɔ be míakpe ɖe amewo ŋu be woakpɔe be lɔlɔ̃ vavãtɔ na Mawu kple mía haviwoe ʋãa mí be míevaa amewo gbɔ edziedzi alesi míate ŋui. Yesu ƒe nya siwo le Yohanes 21:15-17 me dzodzro ate ŋu aɖe vi ŋutɔ le nya sia me.
9 Mina míayi edzi akpe akɔ kple dɔwɔwɔ le anyigbamamã si me míewɔa dɔ le edziedzi ƒe kuxiwo vaseɖe esime Yehowa nagblɔ be enyo. Ne míeɖo tame kplikpaa alea la, míeka ɖe edzi be afia mɔ mí ahakpɔ mía ta eye wòayra mí vaseɖe nuwuwu.—Mat. 28:19, 20.