Ðokuisinusɔsrɔ̃—Ele Be Míatsi Dzi Ðe Eŋu
1 Nya kawoe na míetsia dzi vevie? Ele be míatsi dzi ɖe ƒomedodo kplikplikpli tutuɖo kple Yehowa kpakple eme léle ɖe asi ŋu vevie. Ðokuisinusɔsrɔ̃ wɔa akpa vevi aɖe le ƒomedodo sia tutuɖo me. Mía dometɔ ʋee aɖewo koe nɔnɔmea ɖe mɔ na egbea be míazã ɣeyiɣi didi ɖe ŋugblemeyiyi kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋu. Gake ne míexlẽa Mawu ƒe Nya la edziedzi o la, míate ŋu agbɔdzɔ ale gbegbe be ŋusẽ maganɔ mía ŋu míatsri xexeame ƒe gbɔgbɔ kple eƒe ŋutilãmenudidiwo o.
2 Na Nya la Nadzro Wò Vevie: Esi míesrɔ̃ nu le Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu zi gbãtɔ la, anɔ eme be míedi vevie be sidzedze geɖe nasu mía si. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ɖewohĩ dɔ megawua mí ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu ŋu tututu o. Eyata ehiã be míana gbɔgbɔmenuɖuɖu “nadzro [mí] vevie.” (Pet. I, 2:2) Aleke míawɔ dzodzro sia nanɔ mía me?
3 Nuɖuɖu si vivia mía nu ƒe ʋeʋẽ lilili nana wòdzroa mí vevie ne míeɖo ŋku nu dodzidzɔnamewo dzi. Ðokuisinusɔsrɔ̃ ɣeyiɣi kpui aɖewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi nenema ke le gbɔgbɔ me. Gbɔgbɔmenuɖuɖu vivi kakɛ ʋee aɖewo ɖuɖu ana nyateƒenya goglowo nadzro mí vevie. Dzidzeme si tsoa nusɔsrɔ̃ me ate ŋu ade dzi ƒo na mí be míaku Yehowa ƒe Nya la me wòade to.
4 Wɔ Ðe Ðoɖo si Sɔ Na Wò Wu Dzi: Ame aɖewo ɖoa fiẽ blibo ɖi ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋu, eye ame bubuwo dina be nusrɔ̃ɣia nanɔ kpuie eye yewoawɔe edziedzi. Ne èkpɔe be yeƒe susu ate ŋu alé nu nyuie wu le ŋdi me la, àte ŋu aɖoe be yeasrɔ̃ nu vi aɖe hafi aɖu ŋdinu. Ne wò susu te ŋu léa nu le fiẽ me wu la, àte ŋu atiae be yeasrɔ̃ nu hafi amlɔ anyi. Aleke wòɖale o, nusɔsrɔ̃ edziedzi kple zɔzɔ ɖe ɖoɖowɔɖi si sɔ na wò nuhiahiãwo wu dzi ye nye nu vevitɔ.
5 Ne wode dzi ƒo na mí be míawɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ geɖe la, ɖewohĩ míagblɔ enumake be ɖoɖowɔɖi blibo le mía si xoxo. Gake ele be mí katã míaɖi anukware le alesi míezãa míaƒe ɣeyiɣiwo dadakpɔ me. Ðe míetsɔa gaƒoƒo geɖe gbesiagbe nɔa television dzi wɔnawo kpɔmea? Ðe míelɔ̃ be míatsɔ mía ŋutɔwo ƒe nudidi aɖewo asa vɔea? Anɔ eme be ŋkuléle ɖe alesi míewɔa míaƒe ɣeyiɣiwo ŋudɔe ŋu anukwaretɔe ana ɣeyiɣi aɖewo mí le ŋkekea me, siwo míate ŋu atsɔ awɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ wòaɖe vi wu.—Ef. 5:15, 16.
6 Ehiã be míatsɔ míaƒe susu blibo asrɔ̃ Mawu ƒe Nya lae. Agbagbadzedze be yeanɔ nane wɔm le ɣeyiɣi ma ke me ɖea eƒe viɖewo dzi kpɔtɔna. Ne míedina be míanɔ nu ɖum, anɔ to ɖom radio, alo anɔ television kpɔm hafi anɔ nu srɔ̃m la, míaƒe susu mate ŋu anɔ nusi srɔ̃m míele ŋu o. (Tim. I, 4:15) Eyata ahiã be míaɖe susuhenuwo ɖa.—Kpɔ School Guidebook, axa 33-4.
7 Nusɔsrɔ̃ gbesiagbe kple Biblia me aɖaŋuɖoɖowo ŋudɔwɔwɔ le vevie, elabena mɔ sia dzie míetona xɔa mɔfiame tso Yehowa gbɔ. Ðoe wò taɖodzinui be nyateƒe siwo le agbalẽwo me nava ge ɖe wò dzi me. Wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ, aleke ke wòɖale kpuie o, nàtsɔ axlẽ nu, ato nu me, alo ade ŋugble le gbɔgbɔmenuwo ŋu.—Mose V, 6:6-8; Kol. 1:9, 10.