INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/95 axa 8
  • Trɔ Yi Amesiwo Tsɔ Ðe Le Eme Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Trɔ Yi Amesiwo Tsɔ Ðe Le Eme Gbɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe Ðaseɖimɔnu Aɖewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Alesi Míana Biblia ƒe Nufiafia Gbalẽ Lae
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Trɔ Yi Ðetsɔlemetɔwo Katã Gbɔ be Wòaɖe Vi na Wo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Sidzedze si Tso Mawu Gbɔ Ðoa Biabia Geɖe Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 2/95 axa 8

Trɔ Yi Amesiwo Tsɔ Ðe Le Eme Gbɔ

1 Ne míele aƒeme yi aƒeme dɔa wɔm la, míete ŋu kpɔa ɣeyiɣi geɖe nɔa ɖetsɔlemetɔwo gbɔ o. Zi geɖe la, míewɔa nufiafiadɔ ƒe akpa gãtɔ ne míetrɔ yi amewo gbɔ ɖawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli wo. (Mat. 28:19, 20) Be míafia nu nyuie ne míetrɔ yi la, ehiã be míato nusi me míedzro esi míeyi zi gbãtɔ me ahadzra ɖo ayi dzeɖoɖoa dzi.

2 Ne ƒomeɖoɖo ƒe kemalimali ŋue mieɖo dze tsoe la, àte ŋu azã nya siwo le “Agbe Tegbee” ƒe agbalẽa, axa 29. Àte ŋu agblɔ be:

◼ “Nyitsɔ míeɖo dze tso alesi nunya le eme be míawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi bene dzidzɔ nanɔ míaƒe ƒomegbenɔnɔ me ŋu. Nukae nèsusu be eyae ate ƒomewo aƒo ƒui egbea?” Na wòaɖo eŋu. Ʋu axa 247 memamã 27 lia eye nàxlẽ Kolosetɔwo 3:12-14. Gagblɔ nya aɖewo nàtsɔ aɖe alesi lɔlɔ̃ vavãtɔ ate ŋu alé ƒomewo ɖe tee la fia. Gblɔ alesi Agbe Tegbee-gbalẽa sɔsrɔ̃ ɖe ɖoɖo nu ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòakpɔ kuxiwo gbɔe.

3 Ne nɔnɔmewo ƒe gbegblẽ le xexeame ŋue mieɖo dze le esi nèyi zi gbãtɔ la, àte ŋu ayi nya ma dzi be:

◼ “Meka ɖe edzi be àlɔ̃ ɖe edzi be ahiã be woawɔ tɔtrɔ gã aɖewo hafi míate ŋu anɔ agbe le ŋutifafa me. Biblia ɖee fia be Satana koŋ gbɔe míaƒe kuxiwo tso. Ewɔna na ame geɖe yaa nusita Mawu ɖe asi le eŋu wòli eteƒe didi alea. Nukae nye wò susu?” Na wòaɖo eŋu. Trɔ ɖe Agbe Tegbee-gbalẽa ƒe axa 20 memamã 14 kple 15 ŋu, eye nàɖe nusita wometsrɔ̃ Satana haɖe o la me. Emegbe xlẽ Romatɔwo 16:20 si gblɔ nusi míate ŋu akpɔ mɔ na.

4 Ne yayra siwo míaxɔ le Fiaɖuƒedziɖuɖua te ŋue nèƒo nu tsoe la, ne ètrɔ yi la, àte ŋu agblɔ be:

◼ “Mawu ƒe Fiaɖuƒe ahe yayra wɔnukuwo vɛ na anyigba kple ameƒomea. Woɖe yayra siawo fia nyuie le afisia le axa 12 kple 13. Nukae nèkpɔ si dzro wò vevie? [Na wòaɖo eŋu.] Kpɔ alesi agbenɔnɔ le xexe sia tɔgbe me anɔe ɖa.” Xlẽ memamã 12 lia. Ne etsɔ ɖe le eme la, ke bia nyabiabia 13 lia eye miadzro ŋuɖoɖoa me. Na wòanya be ta sia ɖo biabia geɖe ŋu le Fiaɖuƒea ƒe yayrawo ŋu, eye adzɔ dzi na ye be yeava dzro wo me kplii ne yegatrɔ va.

5 Àte ŋu adze nusɔsrɔ̃ gɔme ne ègblɔ be:

◼ “Ame geɖe zã agbalẽ sia tsɔ kpɔ ŋuɖoɖo na woƒe Biblia me biabiawo.” Ʋu emenyawo diƒe eye nàbiae be: “Nyati kae dzɔ dzi na wò wu?” Na wòaɖo eŋu, ʋu ta si nyɔ woƒe ɖetsɔleme eye nàxlẽ memamã gbãtɔ. Ðe alesi biabia siwo le axa ɖesiaɖe te ɖe nya veviwo me le memamã ɖesiaɖe mee la me nɛ. Gaxlẽ memamã ɖeka alo eve natsɔ aɖe alesi wòle la fiae, eye nàwɔ ɖoɖo agatrɔ ayi.

6 Tɔtrɔ yi amesiwo tsɔ ɖe le Agbe Tegbee-gbalẽa me gbɔ ɖea míaƒe didi be míawu míaƒe subɔsubɔdɔa nu bliboe la fiana. (Tim. II, 4:5) Míate ŋu akpe ɖe amesiwo ɖoa to mí ŋu be woadze na agbe mavɔ kpɔkpɔ.—Yoh. 17:3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe