INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/95 axa 8
  • Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woakpɔ Viɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woakpɔ Viɖe
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Trɔ Yi Ðetsɔlemetɔwo Katã Gbɔ be Wòaɖe Vi na Wo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe Ðaseɖimɔnu Aɖewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Trɔ Yi Amesiwo Tsɔ Ðe Le Eme Gbɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Kpe Ðe Ƒomewo Ŋu Woakpɔ Dzidzedze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 9/95 axa 8

Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woakpɔ Viɖe

1 Yehowa do ŋugbe be yeafia nusi wòle be míanya la mí. Eka ɖe edzi na mí le Psalmo 32:8 be: “Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nato la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.” Kakaɖedzinya sia ɖea vi geɖe na mí. Míedi be míafia amewo ɖokuitɔmadimaditɔe alesi wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si tso Biblia me dzi ate ŋu aɖe vi na woa ŋutɔwoe. (Yes. 48:17) Míate ŋu awɔ esia le September me to Agbe Tegbee ƒe agbalẽa nana me. Míate ŋu afia asixɔxɔ nyui si le Biblia ŋu la le mɔ vovovo nu ne míele míaƒe dzeɖonyawo zãm.

2 Esi srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo bɔ ŋutɔ egbea ta la, àdi be yeazã nya sia si tso “Agbe Tegbee” ƒe agbalẽa me:

◼ “Amesiwo meƒo nu kpli ƒe akpa gãtɔ tsi dzi ɖe alesi srɔ̃ɖeɖe me dzidzɔmakpɔmakpɔ kple srɔ̃gbegbe dzi ɖe edzi ŋutɔe la ŋu. Nukae nèsusu le kuxi sia ŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Ame geɖe menya nusiwo henɛ vɛ o. Ne srɔ̃tɔwo dze agbagba vevie la, menye ɖeko woalé woƒe srɔ̃ɖeɖe ɖe te o, ke woate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ hã. Aɖaŋuɖoɖo siwo le Biblia me tsɔtsɔ wɔ dɔe ye ana woakpɔ dzidzedze.” Xlẽ Efesotɔwo 5:28, 29, 33. Ʋu axa 243, dzro memamã 16 kple 17 me, eye nàtsɔ agbalẽa nɛ.

3 Ehiã be dzilawo nazã ɣeyiɣi ɖe ɖeviwo ŋu ahana hehe wo. Ne èle “Agbe Tegbee” ƒe agbalẽa nam la, àte ŋu agblɔ be:

◼ “Mí katã míetsɔ ɖe le mía viwo ƒe nyonyo me le etsɔme. Mɔ nyuitɔ ka dzie nèsusu be dzilawo ate ŋu ato akpe ɖe wo viwo ŋu be etsɔme nyui nanɔ wo si? [Na wòaɖo eŋu.] Se aɖaŋuɖoɖo sia si tso Biblia me lododo aɖe si woŋlɔ anye ƒe 3,000 enye sia la me ɖa. [Xlẽ Lododowo 22:6.] Togbɔ be mɔfiafia si mía viwo xɔna le suku ate ŋu aɖe vi geɖe na wo hã la, dzilawoe naa hehe adodoe wo le aƒeme. Ebia ɣeyiɣi, ŋkuléle ɖe wo ŋu, kple lɔlɔ̃, gake agbagbadzedzea ɖea vi ŋutɔ.” Ʋu axa 245, dzro memamã 20 kple 21 me, eye nàɖe alesi woate ŋu azã agbalẽa atsɔ awɔ ƒome Biblia nusɔsrɔ̃e me.

4 Ðewohĩ àdi be yeana “Agbe Tegbee” ƒe agbalẽa to alesi anyigba ava zu paradisoe la tsɔtsɔ fia dzi:

◼ “Meka ɖe edzi be èbua alesi agbenɔnɔ ava nɔ na wò le etsɔme ŋu. Yesu fia mí le Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖaa me be míado gbe ɖa abia be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe alesi wowɔnɛ le dziƒo ene. Aleke anyigba dzi anɔ ne ema va eme? [Na wòaɖo eŋu.] Kpɔ alesi nutala aɖe ta paradiso ƒe xexeme aɖee ɖa. [Tsɔ nɔnɔmetata si le axa 12 kple 13 la fiae. Emegbe nàxlẽ Yesaya 11:6-9 si le memamã 12 lia me.] Ðe mavivi nuwò be nànɔ xexe sia tɔgbe me oa? Agbalẽ sia afia alesi mia kple wò ƒomea miate ŋu anɔ agbe le paradiso sia tɔgbe mee la wò.”

5 Alesi nàdzra ɖo ɖe wò dzeɖonya la ŋu do ŋgɔ dzie dzidzedze si nàkpɔ le aƒea me nɔ te ɖo. Hafi nàdo agoo la, kpɔ egbɔ be nya tɔxɛ aɖe le ye si yeagblɔ le Ŋɔŋlɔawo me nya aɖe ŋu. Azɔ hã la, nya kpui aɖe nanɔ wò susu me le magazine alo trakt si nèɖo be yeana ne womexɔ agbalẽa o ƒe akpa dodzidzɔname aɖe ŋu. Wɔ mɔnu ɖesiaɖe si nàkpɔ ŋudɔ nàtsɔ do Fiaɖuƒenyateƒea ƒe nukuwoe le September me. (Nyagb. 11:6) Àto ema me akpe ɖe ame bubuwo ŋu be viɖe siwo anɔ anyi tegbee la nasu wo si.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe