Dzikpɔla Siwo Xɔa Ŋgɔ—Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ Dzikpɔlawo
1 Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛe wònye be hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla aɖe si dze nanye Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla. Amesiwo le eƒe ƒuƒoƒoa me ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ nye agbanɔamedzi kpekpe aɖe. Eƒe dɔa mã ɖe akpa etɔ̃.
2 Nufiafia Nyui: Ebia dzadzraɖo nyui be Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla nana ƒuƒoƒoa me tɔwo nase nusɔsrɔ̃a me kwasiɖa ɖesiaɖe. Edzea agbagba be yeana woakpɔ ŋudzedze ɖe nyati si srɔ̃m wole ŋu. Le esi teƒe be eya ŋutɔ naƒo nu fũ la, afisi wòahiã le la, abia nya bubu siwo sɔ atsɔ akpee be wòana nusɔsrɔ̃a ƒe nyati veviawo nadze. Gbetɔame si dze ŋgɔe ye nye be wòana nusɔsrɔ̃a navivi eye nufiame nanɔ eme eye wòana amesiame nakpɔ gome le eme. Eƒe taɖodzinue nye be yeatu amewo ɖo le gbɔgbɔ me, ate gbe ɖe alesi woate ŋu azã nusi srɔ̃m wole dzi, eye wòana nusɔsrɔ̃a naɖo amewo ƒe susu kple dzi gbɔ.—Tes. I, 2:13.
3 Kpɔkplɔdɔ Tuameɖo: Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃a dzikpɔla le “abe sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu” ene. (Yes. 32:2) Etsɔa ɖe le eme na amesiwo katã le eƒe ƒuƒoƒoa me vevie eye wòkpɔa egbɔ be wona gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu ame aɖe si le eƒe dzikpɔkpɔ te si ƒo dzi ɖe le.—Xez. 34:15, 16; Tes. I, 2:7, 8.
4 Ðaseɖiɖi Dzonɔamemetɔe: Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃a dzikpɔla tsɔa ɖe le ɖoɖo nyuiwo wɔwɔ me be amesiwo katã le eƒe ƒuƒoƒoa me nakpɔ gome bliboe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me vevie. Exɔa ŋgɔ le ɖaseɖiɖidɔa me, elabena enyae nyuie be yeƒe gomekpɔkpɔ edziedzi, dzonɔameme, kple vividodo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu awɔ dɔ ɖe ƒuƒoƒoa me tɔ mamlɛawo dzi. (Kol. 4:17; Tes II, 3:9) Ɣeaɖewoɣi la, edzea agbagba be yeazɔ kple ƒuƒoƒoa me tɔ ɖesiaɖe le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Ne míedi be míabi ɖe edzi le míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia ɖaŋuwo me le subɔsubɔdɔa me la, Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃a dzikpɔla ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ.—Tim. I, 4:16; Tim. II, 4:5.
5 Wotsɔ amewo me nunana sia siwo le klalo be yewoana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu mí le lɔlɔ̃ me la yra míi nyateƒe. (Tes. I, 5:14) Mina míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe ɖoɖo tɔxɛ sia si tso Yehowa gbɔ la ŋu to míaƒe gomekpɔkpɔ edziedzi le agbalẽ me nusɔsrɔ̃a me kple míaƒe asikpekpe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu nuteƒewɔwɔtɔe me.—Heb. 10:25.