Wotrɔ Asi Le Gaƒoƒonudidia Ŋu na Mɔɖelawo
1 Edze mí katã ŋu be gbesiagbe kple kpekpeɖeŋu mɔɖela dɔsesẽwɔlawo le mía si le hamea me. Le afisiwo anyigbamamãa melolo le o eye wowɔa dɔ le eme tsitotsito edziedzi kura gɔ̃ hã la, mɔɖelaawo ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi to woƒe Fiaɖuƒedɔa wɔwɔ dzonɔamemetɔe me. Wode dzi ƒo na gbeƒãɖelawo katã be woado vevie nu le ‘amesiwo ƒe nɔnɔme sɔ’ la didi me.—Dɔwɔwɔwo 13:48.
2 Habɔbɔa kpɔe dze sii be nɔnɔmewo yi edzi le sesẽm na mɔɖelawo, vevietɔ be woakpɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔwɔɖui si akpe ɖe wo ŋu be woakpɔ woa ŋutɔwo ƒe nuhiahiã veviwo gbɔ ale be woakpɔtɔ anɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Alesi ganyawo le fifia le dukɔ geɖe me hã na wòle sesẽm ɖe edzi na ame bubuwo be woage ɖe mɔɖeɖedɔa me, togbɔ be emae nye woƒe dzimedidi hafi. Le ɣleti siwo va yi nyitsɔ laa me la, míede ŋugble le nɔnɔme siawo kple bubuwo ŋu vevie.
3 Eyata le nya siawo ta la, Habɔbɔa ɖe gaƒoƒonudidia dzi na gbesiagbe kple kpekpeɖeŋu mɔɖelawo siaa. Tso ƒe 1999 ƒea dzi la, gbesiagbe mɔɖelawo ƒe gaƒoƒonudidia anye gaƒoƒo 70 ɣleti ɖesiaɖe, alo gaƒoƒo 840 na ƒe bliboa. Ɣleti ɖesiaɖe ƒe nudidi na kpekpeɖeŋu mɔɖelawo anye gaƒoƒo 50. Mɔɖela veviwo kple dutanyanyuigblɔlawo ƒe gaƒoƒonudidia metrɔ o, le esi Habɔbɔa wɔ ɖoɖo kpena ɖe wo ŋu be woakpɔ woƒe ŋutilãmenuhiahiã veviwo gbɔ ta. Eyata woƒe susu ate ŋu anɔ woƒe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa ŋu bliboe geɖe wu.
4 Míekpɔ mɔ be tɔtrɔ sia si míewɔ le gaƒoƒonudidiawo ŋu akpe ɖe mɔɖela geɖe ŋu be woalé subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ xɔasi sia me ɖe asi. Ele be wòaʋu mɔ hã na gbeƒãɖela geɖe be woage ɖe gbesiagbe kple kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa me. Yayra ka gbegbee nye esi wòle be esia nava nye na amesiame le hamea me!