INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • fy ta 1 axa 4-12
  • Ðe Nane Li si Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsonaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nane Li si Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsonaa?
  • Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NUKAE NYE ƑOME?
  • ƑOMEA LE AMEMIAMIÃ TE
  • NUSI GBƆ ƑOME ƑE DZIDZƆKPƆKPƆ TSONA
  • Di Mawumeŋutifafa le Ƒomegbenɔnɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Se Vivi Le Ƒomegbenɔnɔ Me
    Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me
  • Ƒomea Ameƒomea ƒe Nuhiahiã Vevi Aɖee!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Nana be Ame Bubuwo Nanya Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
Kpɔ Bubuwo
Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
fy ta 1 axa 4-12
Nɔnɔmetata si xɔ axa 4

TA GBÃTƆ

Ðe Nane Li si Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsonaa?

Nɔnɔmetata si le axa 5

1. Nukatae ƒome siwo li ke sesĩe le vevie na amegbetɔƒomea?

ƑOMEA ye nye nuɖoanyi xoxotɔ kekeake le anyigba dzi, eye ele akpa vevi aɖe le amegbetɔƒomea me. Le ŋutinya katã me la, ƒome siwo li ke sesĩe na amewo ƒe habɔbɔwo hã te ŋu li ke sesĩe. Ƒomea ye nye ɖoɖo nyuitɔ kekeake si me woahe ɖeviwo le be woava zu ame tsitsiwo.

2-5. (a) Ƒo nu tso alesi ɖevi sena le eɖokui me be yele dedie le ƒome si me dzidzɔ le me la ŋu. (b) Kuxi kawoe wogblɔ be wole ƒome aɖewo me?

2 Ƒome si me dzidzɔ le la nye bebeƒe kple dzidzemenɔƒe. Tɔ sẽ nàkpɔ alesi tututu wòle be ƒomewo nanɔ ɖa le susu me. Le woƒe fiẽnuɖuɣiwo la, dzila siwo tsɔ ɖe le eme na wo viwo la nɔa anyi kple wo eye woɖoa dze tso ŋkekea me nudzɔdzɔwo ŋu. Ðeviwo tsɔa dzidzɔ gblɔa nusi dzɔ le suku na wo fofo kple wo dada. Gbɔɖemeɣi si wotsɔ nɔ anyi ɖekae la gadoa ŋusẽ yeye amesiame ɖe ŋkeke bubu si woatsɔ anɔ gbɔmee ŋu.

3 Le ƒome si me dzidzɔ le me la, ɖevi nya be ye fofo kple ye dada akpɔ ye dzi ne yedze dɔ, ɖewohĩ woanɔ wo nɔewo ɖɔ lim anɔ ye gbɔ le zã me le yeƒe abati ŋu. Enya be yeate ŋu ayi ye dada alo ye fofo gbɔ kple yeƒe ɖevimekuxiwo eye wòaɖo aɖaŋu na ye eye wòakpe ɖe ye ŋu. Ẽ, ɖevia sena le eɖokui me be yeanɔ dedie, aleke gbegbe xaxawo ɖale gbɔmee o.

4 Ne ɖeviwo tsi la, zi geɖe woɖea srɔ̃ eye woɖoa woawo ŋutɔ woƒe ƒomewo. Ɣedzeƒetɔwo ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Ne ame ŋutɔ dzi vi hafi wònyaa nusiwo gbegbe edzilawo wɔ nɛ.” Wo vi tsitsiwo tsɔa akpedada gã kple lɔlɔ̃ deto dzea agbagba be yewo ŋutɔ yewoƒe ƒomea nakpɔ dzidzɔ, eye wokpɔa wo dzila siwo zu ame tsitsi, amesiwo wo tɔgbui kple mama yɔviwo ƒe wo gbɔ nɔnɔ dzɔa dzi na ŋutɔ, la hã dzi.

5 Ðewohĩ va ɖo afisia la, ànɔ ebum be: ‘Melɔ̃ nye ƒomea, gake mele abe ƒome si ŋu woƒo nu le fifi laa la ene o. Mía kple srɔ̃nye míaƒe dɔmedeɣiwo to vovo, eye bebli hafi míekpɔa mía nɔewo. Gakuxiwo ŋu koŋ ye míeƒoa nu le.’ Alo ɖe nègblɔna be, ‘Du bubu mee vinyewo kple tɔgbui alo mama yɔvinyewo le, eye nyemete ŋu kpɔa wo gbeɖe o’? Nyateƒee, zi geɖe le nusiwo ŋu amesiwo nya sia ka mate ŋu awɔ naneke le o ta la, nuwo meyia edzi le ƒome gbogbo aɖewo ƒe agbenɔnɔ me abe alesi wòle be wòanɔ ene o. Togbɔ be ele alea hã la, ame aɖewo gasea vivi na ƒomegbenɔnɔ kokoko. Aleke wowɔnɛ? Ðe nane li koŋ si gbɔ ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ tsonaa? Ŋuɖoɖoae nye ẽ. Gake hafi míaƒo nu tso eŋu la, nyabiabia vevi aɖe li si ŋu wòle be míaɖo.

NUKAE NYE ƑOME?

6. Ƒome kawo tɔgbe ŋue míele nu ƒo ge le le agbalẽ sia me?

6 Le Ɣetoɖoƒedukɔwo me la, fofo, dada, kple ɖeviwo koŋ ye nyea ƒome ɖeka. Tɔgbuiwo kple mamawo nɔa wo ɖokui si le woawo ŋutɔ woƒe aƒeme ɣeyiɣi didi sinu woate ŋui. Togbɔ be ƒomedodo nɔa ƒometɔ siwo gbɔ dome didi dome hã la, womewɔa nu boo aɖeke na amesiawo o. Ƒome sia ŋu koŋ ye míedi be míaƒo nu tsoe le agbalẽ sia me. Gake ƒome bubuwo hã va le bɔbɔm le ƒe siawo me—dzilaɖekaƒomewo, atikɔmeƒomewo, kple ƒome siwo ƒe dzilawo mele teƒe ɖeka o le susu vovovowo ta.

7. Nukae nye ƒome abɔlegbe?

7 Le dukɔ aɖewo me la, ƒome abɔlegbewo bɔ. Le ɖoɖo sia me la, tɔgbuiwo kple mamawo ƒe viwo kpɔa wo dzi ɣesiaɣi ne woate ŋui, eye ƒomedodo kplikplikpli nɔa ƒometɔ siwo dome didi la dome kpakple eŋuti gbanɔamedziwo siaa. Le kpɔɖeŋu me, ƒomea me tɔwo ate ŋu ade asi wo nyruiyɔviwo alo ƒometɔ siwo wo kple wo dome didi la nyinyi kple kpekpe ɖe wo ŋu me, eye woakpɔ wo dzi le suku gɔ̃ hã. Gɔmeɖose siwo me míadzro le agbalẽ sia me ku ɖe ƒome abɔlegbe siawo hã ŋu.

ƑOMEA LE AMEMIAMIÃ TE

8, 9. Kuxi kawoe le dukɔ aɖewo me si fia be nuwo le tɔtrɔm le ƒomea me?

8 Egbea nuwo le tɔtrɔm le ƒomea me—eye nublanuitɔe la, menye ɖe wòle nyonyom o. Míakpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe le India, afisi nyɔnu ate ŋu anɔ srɔ̃a ƒe ƒometɔwo gbɔ eye wòawɔ dɔ le aƒea me le ŋutsua ƒe ƒometɔwo te. Gake egbea India-nyɔnu srɔ̃tɔwo ƒe dɔdidi le gbɔme bɔ. Evɔ edze abe wogadina tso wo si kokoko be woawɔ dɔ siwo wowɔna tsã le aƒeme la ene. Nya si wobiana le dukɔ geɖe me egbeae nye, Dɔ agbɔsɔsɔme kae wòasɔ be woadi be nyɔnu si dea dɔ me nawɔ le aƒeme ne wotsɔe sɔ kple ƒomea me tɔ bubuwo tɔ?

9 Ƒomedodo kplikplikpli si me sẽ nɔa ƒome abɔlegbewo me le Ɣedzeƒetɔwo dome tso keke blema ke. Gake Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe ɖokuisigbenɔnɔ sɔsrɔ̃ kple ganyawo ƒe amemiamiã na be ƒome abɔlegbe siwo li tso blema ke la me megasẽ tututu o. Eyata ame geɖe bua ame tsitsiwo dzikpɔkpɔ agbae ke menye be enye yewoƒe dɔdasi alo mɔnukpɔkpɔ o. Wosẽa ŋuta le ame tsitsi aɖewo ŋu. Le nyateƒe me, ŋutasesẽ le ame tsitsiwo ŋu kple ɖekematsɔmatsɔ le woƒe nya me bɔ ɖe dukɔ geɖe me egbea.

10, 11. Nudzɔdzɔ kawoe fia be nuwo le tɔtrɔm le ƒomea me le Europa-dukɔwo me?

10 Srɔ̃gbegbe va le bɔbɔm ɖe edzi. Le Spania la, srɔ̃gbegbe dzi ɖe edzi ɖo afisi le ƒe alafa 20 lia ƒe ƒe ewo susɔeawo ƒe gɔmedzedze me la, srɔ̃ɖeɖe 1 le 8 ɖesiaɖe me la me gblẽna—edzi ɖe edzi ŋutɔ tso 1 le 100 me le ƒe 25 siwo do ŋgɔ nɛ ko me. Dzilaɖekaƒomewo dzi ɖe edzi kabakaba ale gbegbe le Britania, (wobui be woƒe srɔ̃ɖeɖe 4 me agblẽ le srɔ̃ɖeɖe 10 ɖesiaɖe me), afisi wogblɔ be eyae nye dukɔ si me srɔ̃gbegbe bɔ ɖo wu le Europa.

11 Ewɔ abe ame geɖe le Germania le asi ɖem le alesi nuwo nɔ tsã le ƒomewo me ŋu ene. Le ƒe 1990 ƒe ƒeawo me la, Germaniatɔwo ƒe ƒomewo katã dometɔ 35 le alafa me nye dzilaɖekaƒomewo eye ame eve koe le wo dometɔ alafa memamã 31 me. Franseawo hã ƒe ame geɖe megava le srɔ̃ ɖem o, eye amesiwo ɖenɛ hã gbea wo nɔewo kabakaba wu tsã. Enyo na amesiwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi be woanɔ wo nɔewo gbɔ ko tamademade srɔ̃ɖegbanɔamedziwo tee. Nusiawo tɔgbe le dzɔdzɔm le xexeame katã.

12. Aleke ɖeviwo kpea fui le tɔtrɔ siwo va ƒomewo me egbea ta?

12 Ke ɖeviwo hã ɖe? Wole gbɔmeyavi geɖe dzim le United States kple dukɔ bubuwo me, eye ƒewuivi siwo metsi ɖo afi aɖeke o ye le ɖewo dzim. Ðetugbi ƒewuivi geɖe dzi vi na ŋutsu vovovowo. Nyatakaka siwo tso xexeame ƒe teƒe vovovowo fia be ɖevi miliɔn geɖe tsia ablɔwo dzi; geɖe sina tso aƒe siwo me wosẽa ŋuta le wo ŋu le me alo ƒome siwo magate ŋu akpɔ wo dzi o nyãa wo dea gbe.

13. Kuxi bɔbɔ kawoe gblẽa ƒomewo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ me?

13 Nyateƒee, ƒomea ɖo xaxa gã aɖe me. Tsɔ kpe ɖe nusiwo míeyɔ va yi ŋu la, ƒewuiviwo ƒe aglãdzedze, ŋutasesẽ le ɖeviwo ŋu, tagbɔsesẽ le ame srɔ̃ ŋu, ahatsunono, kple kuxi bubu siwo gblẽa nu geɖe la le ƒome geɖe ƒe dzidzɔkpɔkpɔ me gblẽm. Ƒomea menye dziɖeɖinɔƒe na ɖevi kple ame tsitsi gbogbo aɖewo kura o.

14. (a) Nukawoe ame aɖewo gblɔna be woawo gbɔe ƒomekuxiawo tsona? (b) Aleke ƒe alafa gbãtɔ me senyala aɖe ƒo nu tso egbe xexeame ŋui, eye ŋusẽ kae eƒe nyawo mevava kpɔ ɖe ƒomegbenɔnɔ dzi?

14 Nuka gbɔe wòtso be ƒomea ɖo xaxa me alea? Ame aɖewo gblɔna be nyɔnuwo ƒe dɔmedede gbɔe egbe ŋkekea ƒe xaxa si me ƒomea ɖo la tso. Bubuwo gblɔna be esi agbenyuinɔnɔ dome gblẽ egbea tae. Eye wogayɔa nu bubuwo hã. Anye ƒe akpe evee nye esia la, senyala aɖe si wonya nyuie gblɔe ɖi be amemiamiã geɖe aɖe fu na ƒomea vevie, esi wòŋlɔ be: “Le ŋkeke mamleawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi wòalɔ̃ Mawu.” (Timoteo II, 3:1-4) Amekae ake ɖi be nya siawo mele eme vam egbea o? Le xexe si me nɔnɔme siawo xɔ aƒe ɖo me la, ɖe wòwɔ nuku be ƒome geɖe le nɔnɔme sesẽwo me toma?

NUSI GBƆ ƑOME ƑE DZIDZƆKPƆKPƆ TSONA

15-17. Agbalẽ kae míafia asii le agbalẽ sia me be eya mee woakpɔ nusi gbɔ ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ tsona le?

15 Woɖoa alesi woawɔ dzidzɔ nanɔ ƒomea me ŋuti ɖaŋuwo fũ le afisiafi. Le Ɣetoɖoƒenyigbawo dzi la, mɔfiamegbalẽ kple eŋuti magazine siwo wotana ɖaa la ɖoa aɖaŋu na ame. Kuxi si le eŋue nye be amegbetɔ siwo nye aɖaŋuɖolawo ƒe nyawo tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu, eye nusi le tsia dzi egbe la, etsɔ woabui be meganyo o.

16 Ekema afikae míate ŋu adi ƒomegbenɔnɔ ŋuti mɔfiame si dzi woate ŋu aka ɖo la le? Ðe nàdii le agbalẽ aɖe si ŋɔŋlɔ nu wowu anye ƒe 1,900 sɔŋ enye sia la mea? Alo ɖe wòawɔ na wò be viɖe aɖeke kura maganɔ agbalẽ sia tɔgbe ŋu o le eƒe tsitsi taa? Nyateƒe lae nye be, agbalẽ sia tututu mee nusi koŋ hea ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ vɛ la le.

17 Agbalẽ mae nye Biblia. Kpeɖodzi ɖesiaɖe ɖee fia be Mawu ŋutɔ ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔe. Míekpɔ nyagbɔgblɔ si gbɔna la le Biblia me be: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me.” (Timoteo II, 3:16) Míade dzi ƒo na wò le agbalẽ sia me be nàde ŋugble le alesi Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ‘nàɖɔ nuwo ɖo’ ne èle amemiamiã kple kuxi siwo dzea ŋgɔ ƒomea gbɔ kpɔm la ŋu.

18. Nukatae susu le eme be míaxɔ Biblia be enye agbalẽ si sɔ si me srɔ̃ɖeɖe ŋuti ɖaŋuɖoɖowo le?

18 Ne metrɔ na wò be Biblia ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be woana ƒomewo nakpɔ dzidzɔ o la, ke bu nya sia ŋu kpɔ: Amesi ƒe gbɔgbɔe wotsɔ ŋlɔ Biblia la kee nye srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila. (Mose I, 2:18-25) Biblia gblɔ be eŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:19) Eyɔe be Wɔla kple “Fofo, amesi gbɔ ƒome sia ƒome, . . . kpɔa eƒe ŋkɔ tsonɛ.” (Efesotɔwo 3:14, 15) Yehowa lé ŋku ɖe ƒomegbenɔnɔ ŋu tso ameƒomea ƒe gɔmedzedze me ke. Enya kuxi siwo ate ŋu ava eye eɖo aɖaŋu siwo woatsɔ akpɔ wo gbɔe. Le ŋutinya katã me la, amesiwo tsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo wɔ dɔ anukwaretɔe le woƒe ƒomegbenɔnɔ me la kpɔ dzidzɔ geɖe wu.

19-21. Egbegbe nuteƒekpɔkpɔ kawoe ɖe ŋusẽ si le Biblia si be wòakpɔ srɔ̃ɖekuxiwo gbɔ la fia?

19 Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃nyɔnu aƒedzikpɔla aɖe si le Indonesia nye amesi si tsyatsyadada va tsi. Ƒe geɖe va yi siwo me megatsɔ ɖeke le eme na via etɔ̃awo o eye wo kple srɔ̃a wonɔa dzre dzi ɖaa. Ke eva dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Vivivi la, nyɔnu sia va xɔ nusi Biblia gblɔ dzi se. Esi wòtsɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo wɔ dɔe la, eva zu srɔ̃nyɔnu nyui. Agbagba siwo wòdze le Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ me he dzidzɔkpɔkpɔ va ƒome bliboa me.

20 Srɔ̃nyɔnu aƒedzikpɔla aɖe si le Spania gblɔ be: “Ƒe ɖeka koe míaƒe srɔ̃ɖeɖe xɔ eye míedze gododo kuxi sesẽwo gɔme.” Nusiwo dzɔa dzi nɛ to vovo na srɔ̃a tɔ le nu geɖe me, eye womelɔ̃a dzeɖoɖo hã o negbe ne eɖo nyahehe dzi ko hafi. Togbɔ be nyɔnuvi sue aɖe nɔ wo si hã la, wotso nya me be setɔwo naklã yewo dome. Gake hafi nusia nadzɔ la, wode dzi ƒo na wo be woabu nusi Biblia gblɔ ŋu. Wosrɔ̃ aɖaŋu si wòɖo na ŋutsu kple nyɔnu srɔ̃tɔwo eye wodze etsɔtsɔ wɔ dɔe gɔme. Medidi o wote ŋu ɖoa dze le dziɖeɖi me, eye woƒe ƒome suea va wɔ ɖeka dzidzɔtɔe.

21 Biblia kpena ɖe ame tsitsiwo hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, bu Japantɔ siwo nye atsu kple asi aɖewo ƒe nya ŋu kpɔ. Nu vea ŋutsua kabakaba eye ɣeaɖewoɣi hã esẽa ŋuta. Gbã la, srɔ̃tɔ siawo ƒe vinyɔnuwoe dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme, togbɔ be wo dzilawo tsi tre ɖe wo ŋu hã. Emegbe ŋutsua hã va kpe ɖe nyɔnuviawo ŋu, gake nyɔnua ya ganɔ tsitretsitsi ɖe wo ŋu dzi ko. Gake esi ƒeawo va nɔ yiyim la, ekpɔ dɔ nyui si Biblia ƒe gɔmeɖosewo va le wɔwɔm ɖe eƒe ƒomea dzi. Vianyɔnuawo kpɔa edzi nyuie, eye srɔ̃a ƒe adãwɔwɔ nu ka fa kura. Tɔtrɔ siawo ʋã nyɔnua wòdi be ye ŋutɔ yeakpɔ nusi le Biblia me ɖa, eye ewɔ dɔ nyui ma ke ɖe eya hã dzi. Nyɔnu tsitsi sia gblɔnɛ enuenu be: “Míetrɔ zu atsu kple asi siwo ɖe wo nɔewo ŋutɔŋutɔ.”

22, 23. Aleke Biblia kpena ɖe dukɔ ɖesiaɖe me tɔwo ŋu be woakpɔ dzidzɔ le woƒe ƒomegbenɔnɔ mee?

22 Amesiawo nye ame gbogbo siwo va nya nusi hea ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ vɛ la dometɔ aɖewo. Wolɔ̃ xɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo tsɔ wɔ dɔe. Enye nyateƒe be ŋutasesẽ kple agbegbegblẽnɔnɔ xexe ɖeka sia ke si me ganyawo le sesẽm le na amesiame la ke mee woawo hã wole. Gatsɔ kpe ɖe eŋu la, wonye ame madeblibowo, gake woƒe agbagbadzedze be yewoawɔ ƒomea Gɔmeɖoanyila ƒe lɔlɔ̃nu naa wokpɔa dzidzɔ. Abe alesi Biblia gblɔe ene la, Yehowa Mawue nye “amesi fia nusi nyo na wò la wò, [eyae] akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la.”—Yesaya 48:17.

23 Togbɔ be ƒe akpe eve kloe nye sia si wowu Biblia ŋɔŋlɔ nu hã la, le nyateƒe me, eƒe aɖaŋuɖoɖo sɔ ɖe míaƒe ɣeyiɣia dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dukɔ ɖesiaɖee woŋlɔe na. Menye Amerikatɔwo alo Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe agbalẽe Biblia nye o. Yehowa “[wɔ] amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me,” eye Enya amewo ƒe wɔwɔme le afisiafi. (Dɔwɔwɔwo 17:26) Biblia ƒe gɔmeɖosewo ɖea vi na amesiame. Ne ètsɔ wo wɔ dɔe la, wò hã àva nya nusi gbɔ ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ tsona.

ÀTE ŊU AÐO BIABIA SIAWO ŊUA?

Nukae le dzɔdzɔm ɖe ƒomea dzi egbea?—Timoteo II, 3:1-4

Amekae ɖo ƒome ƒe ɖoɖoa gɔme anyi?—Efesotɔwo 3:14, 15)

Nuka gbɔe ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ tsona?—Yesaya 48:17)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe