INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/00 axa 1
  • Mɔnukpɔkpɔ aɖe Ʋu Ði na Ðeviwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mɔnukpɔkpɔ aɖe Ʋu Ði na Ðeviwo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzilawo—Mifia Gbeƒãɖeɖe Mia Viwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Woalɔ̃ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Dzilawo—mihe Mia Viwo Le Lɔlɔ̃ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Wò Ŋutɔ Dzra Wò Magazinenana Ƒe Dzeɖonya Ðo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 5/00 axa 1

Mɔnukpɔkpɔ aɖe Ʋu Ði na Ðeviwo

1 Ame geɖe siwo nye dzilawo fifia tsɔa dzidzɔ ɖoa ŋku mɔnukpɔkpɔ aɖe si su wo si esime wonye ɖeviwo nɔ nyateƒea me dzi—eyae nye Magazine Ŋkeke ƒe dɔwɔwɔ. Wodze dɔ ma wɔwɔ gɔme le hamewo katã me le ƒe 1949 me. Wobia tso amesiame si be wòazã ŋkeke ɖeka kwasiɖa ɖesiaɖe atsɔ ama Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! le ablɔwo dzi, tso aƒeme yi aƒeme, tso fiase me yi fiase me, kple le teƒe bubuwo. Gbeƒãɖela suewo koŋue kpɔa mɔ na dɔ sia wɔwɔ, elabena enaa mɔnukpɔkpɔ wo be woakpɔ gome le dɔ sia me abe ame tsitsi siwo le hamea me ke ene. Aleae wònɔ na wò le wò ɖevimea?

2 Na Viwòwo Nakpɔ Gome le Eme: Ðevi sue siwo mesu te adze Ŋɔŋlɔawo me numedzodzro gɔme le ʋɔtru nu o ate ŋu ana magazinewo ya. Esia bia dzeɖonya kpui bɔbɔe aɖe sɔsrɔ̃. Ðewohĩ nya kpui aɖe gbɔgblɔ tso nɔnɔmetata si le akpaa dzi ŋu asɔ gbɔ. Aƒemenɔla geɖe lɔ̃na xɔa magazineawo tso mía viwo gbɔ, eye zi geɖe la woƒoa nu nyui tso sɔhɛ siawo ƒe anukwareɖiɖi kple agbenyuinɔnɔ ŋu. Ne wona kpekpeɖeŋu ɖeviwo vie la, woate ŋu awɔ subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia nyuie, wòanye akpa vevi aɖe wɔwɔ le Fiaɖuƒegbedasia kaka me. Gake ne ɖeviwo le tsitsim la, wo dzilawo adi be yewoakpe ɖe wo ŋu woayi edzi anɔ ŋgɔyiyi wɔm le woƒe ɖaseɖiɖiŋutetewo tutuɖo me.

3 Manuel dze gbeƒãɖeɖe tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu gɔme esime wòxɔ ƒe etɔ̃. Edzilawo fiae be wòalé dzeɖonya kpui aɖe ɖe susu me. Etsɔ veviedodo ɖea gbeƒã ne eyi kpli wo, eye wònaa magazine, agbalẽ gbadza, kple trakt geɖewo. Eɖia vomeɖase hã. Gbeɖeka esi edzilawo kplɔe yi tsaɖibɔ aɖe me be woaɖe modzaka la, exɔ ŋgɔ te ɖe ame bubu siwo nɔ afima ŋu hena trakt aɖewo wo. Togbɔ be Manuel ganye ɖevi sue ko hã la, eƒe dzonɔameme le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me nye dzideƒo gã aɖe na edzilawo kple hame bliboa.—Lod. 22:6.

4 Wotia Memleɖa ɖesiaɖe wònye “Magazine Ŋkeke” le 2000 Calendar of Jehovah’s Witnesses dzi. Dzilawo, míekafui na mi be miaɖe ɖetsɔleme yeye afia le dɔ sia wɔwɔ me, eye miakpe ɖe mia viwo ŋu be woakpɔ gome le subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ sia me edziedzi alesi woate ŋui.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe