Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
Kwasiɖa si Dze Egɔme May 8
Hadzidzi 147
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Yɔ gbeƒãɖela agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake si na gaƒoƒo le January me eye de dzi ƒo na amesiame be wòayi edzi ana gaƒoƒo kaba dzinu ɖesiaɖe.
17 min: “Mawu ƒe Nyagblɔɖinyawo Katã Ava Eme!” Wò ŋgɔdonya megade aɖabaƒoƒo ɖeka o eye emegbe nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro eme. Ƒo nu tso agbalẽ yeyea me nya ʋɛ aɖewo siwo te gbe ɖe ɣeyiɣi si me míele ƒe vevienyenye dzi ŋu.
18 min: “Kafu ‘Nunana Nyuiwo Katã’ ƒe Mawu la Ɣesiaɣi.” Agbalẽŋlɔla kple Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla nadzro memama 1-12 me. Te gbe ɖe edzi be dzi si me yɔ fũ kple sidzedze vavãtɔ aʋã amesi si wòsu be wòaƒo nu.—Mat. 12:34.
Hadzidzi 116 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme May 15
Hadzidzi 134
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.
15 min: “Ƒome Gãwo Wɔ Ðeka Le Mawusubɔsubɔ Me.” Nuƒo si hamemegã si ɖoa kpɔɖeŋu nyui aƒo si wotu ɖe February 15, 1999, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 9-12 dzi. Te gbe ɖe edzi be ele be woabu ƒomenusɔsrɔ̃ nu vevii eye mele be woaɖe mɔ wòanye nusi woanɔ dadam ɖe eme, eye ne naneke mexe mɔ na ame ko hafi woasrɔ̃ nu o.
20 min: “Kafu ‘Nunana Nyuiwo Katã’ ƒe Mawu la Ɣesiaɣi.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo tsɔtsɔ adzro memama 13-23 me. Gblɔ nya bubuwo tso alesi wòhiã be amesiame nawɔe eƒe taɖodzinui be yeazã ɣeyiɣi aɖe kwasiɖa ɖesiaɖe atsɔ akafu Yehowae ŋu.—Kpɔ “Midi Mawu ƒe Fiaɖuƒea Gbãgbiagbã—To Kafukafuvɔwo Sasa Ɣesiaɣi Me,” si le October 1994 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 1 hã.
Hadzidzi 162 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme May 22
Hadzidzi 36
12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro Nyabiaɖaka me.
20 min: “Minɔ Ŋudzɔ!” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Ðe nusita wòhiã vevie be míanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me togbɔ be míenya ŋkekea kple gaƒoƒoa o hã me.—Kpɔ November 1, 1995, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 20.
13 min: Ðoɖo Kawoe le Asiwò na Mɔkeke ƒe Ɣletiawo? Ƒome aɖe nàdzro nusi woawɔ le mɔkeɣia me la me. Woaƒo nu tso nutome sue takpekpe alo ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa ƒe ŋkekeawo katã dede kple kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ɣleti ɖeka alo esi wu nenema ŋu. Mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu wo si woaɖi tsa ayi tsaɖibɔ aɖe me loo alo akpɔ gome le modzakaɖeɖe tuameɖo aɖe me. Wo katã wolɔ̃ ɖe edzi be yewomaŋe aɖaba aƒu teokrasidɔwo wɔwɔ, ƒe ɖoɖowo dzi o. Woakpɔ egbɔ be yewotsɔ yewoƒe gbeadzikɔntabubu na hamea kaba dzinu ɖesiaɖe.
Hadzidzi 83 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme May 29
Hadzidzi 135
12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòatsɔ eƒe May gbeadzikɔntabubu ana. Na woawɔ June ƒe agbalẽnunana ƒe wɔwɔfia kpui aɖe. Zã Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la ƒe nusɔsrɔ̃ 13 lia tsɔ fia alesi woado Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖe ame gbɔe.
15 min: “Dzidzɔkpɔkpɔ le Wò Subɔsubɔ Kɔkɔe la Me.” Nuƒo. Dzro susu siwo ta mía tɔ dzɔ be míakpɔ dzidzɔ le míaƒe subɔsubɔdɔa me la me.—Kpɔ Insight, Babla 2, axa 120.
18 min: Biblia Xexlẽ si Ðea Vi. Nuƒo kple wɔwɔfia si wotu ɖe School Guidebook, axa 34-5, memama 6-7, dzi. Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi si ŋu wotrɔ asi le nyuie si dzi wotu Biblia xexlẽ me nyati veviwo ɖo la nye Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me nusɔsrɔ̃ ƒe akpa aɖe. (December 1999 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 7) Na ƒome aɖe nawɔ alesi ƒomea ate ŋu ade ŋugble tso kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ si woawɔ le sukua me ƒe akpa aɖe ŋu fia. Woatia nya ɖeka alo eve aɖewo aku wo me le Watch Tower Publications Index alo Insight on the Scriptures me. Ðe alesi gɔmesese geɖe wu ate ŋu anɔ Biblia xexlẽ ŋu eye wòadzra mí ɖo nyuie wu be ‘míama nyateƒenya la me pɛpɛpɛ’ me.—Tim. II, 2:15.
Hadzidzi 95 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme June 5
Hadzidzi 37
5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.
10 min: Miaƒe Nuhiahiãwo.
15 min: “Mɔnukpɔkpɔ aɖe Ʋu Ði na Ðeviwo.” Nuƒo kple nyatia me dzodzro kple nyaselawo. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ si dze le December 1, 1996, Gbetakpɔxɔ, axa 13, memama 15 me. Kpe ɖeviwo ne woagblɔ alesi wose vivi na magazine nana va yi kpɔ. Na sɔhɛ ɖeka alo eve nawɔ magazine nana tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu ƒe wɔwɔfia bɔbɔe aɖe. De dzi ƒo na dzilawo be woakplɔ wo viwo ayi magazinedɔ wɔƒe kwasiɖa ɖesiaɖe.
15 min: “‘Woado Wo Akpɔ’—Alekee?” Hamemegã ƒe nuƒo. Dzro Ŋɔŋlɔawo me mɔnuɖoɖo si dzi wonɔa te ɖo ɖoa Subɔsubɔdɔwɔlawo le hamea me la me. (Kpɔ Insight, Babla 2, axa 409.) Ƒo nu tso nudidi siwo gbɔ wòle be woaɖo hafi woatia wo ŋu. (Kpɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔ gbalẽa axa 55-7.) Ƒo nu tso mɔ siwo nu woate ŋu azã subɔsubɔdɔwɔlawo ɖo, eye de dzi ƒo be nɔviŋutsu geɖe naminyã mɔnukpɔkpɔ sia.
Hadzidzi 82 kple gbedodoɖa hena kpakpã.