Amewo Kpekpe Le Xexeame Katã Hena “Ðeɖekpɔkpɔ Gogo!” Nutome Gã Takpekpeawo
Gbeƒãɖela Siwo Le Hame Ðe sia Ðe me Ama Amekpegbalẽvi Tɔxɛ
1 Tso March 2006 me la, wowɔ ɖoɖo be míazã amekpegbalẽvi tɔxɛ aɖe atsɔ akpe amewo hena nutome gã takpekpe siwo woawɔ le dukɔ abe 155 ene me, eye amekpekpe sia ayi edzi vaseɖe esime woawu nutome gã takpekpewo nu le xexeame katã.
2 Esi wònye ŋkeke mamlɛ siwo awu enu kpuie mee míele ta la, takpekpe sia, si ate gbe ɖe ŋugbe si Mawu do be yeaɖe mí tso nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia me dzi, la ado dzidzɔ na dzinyuitɔwo ŋutɔ. Nya siwo woase la aʋã wo woade ŋugble tso nu siwo adzɔ kpuie ŋu. Míele dzi dem ƒo na Yehowa Ðasefowo ƒe hame 98,000 kple edzivɔ siwo le xexeame katã la be woakpe amewo na takpekpe si woade la, ale be ame miliɔn geɖe nase akɔfanamenya siwo ana mɔkpɔkpɔ wo.
3 Míaɖo amekpegbalẽvia ƒe agbɔsɔsɔme aɖe ɖe hamewo, eye gbeƒãɖela ɖe sia ɖe ate ŋu axɔ vaseɖe 50. Mɔɖela siwo le hamea me ate ŋu azã esiwo kpɔtɔ. Hame ɖe sia ɖe ate amewo kpekpe na takpekpea ne esusɔ kwasiɖa etɔ̃ na woƒe takpekpea yiyi. Esia ana ɣeyiɣi nasu be woama amekpegbalẽviawo na hamea ƒe anyigbamamaa me tɔwo katã kloe. Hame vovovo siwo zãa anyigbamama ɖeka ƒe subɔsubɔdɔ dzikpɔlawo nawɔ nu aduadu akpɔ egbɔ be wokpe anyigbamamaa ɖo le mɔ si sɔ nu.
4 Míele dzi dem ƒo na gbeƒãɖelawo be le afi sia afi si wòanya wɔ la, woatsɔ amekpegbalẽviawo ade asi na aƒemenɔlawo ŋutɔ. Ke hã, míate ŋu agblẽ ɖeka ɖi na ame siwo míekpɔ le aƒea me o, gake míaɖɔ ŋu ɖo le afi si míadae ɖo ŋu. Ele be míado vevie nu ama amekpegbalẽviawo katã le kwasiɖa etɔ̃awo me.
5 Míeka ɖe edzi be ne mí katã míedo vevie nu kpe amewo na “Ðeɖekpɔkpɔ Gogo” Nutome Gã Takpekpea abe ale si míegblɔe ɖe nyati sia me ene la, anye ɖaseɖiɖi gã aɖe ŋutɔ. Míele gbe dom ɖa be Yehowa nayra agbagba siwo nàdze le amekpekpedɔ sia si míawɔ le xexeame katã me la geɖe.