INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/06 axa 5-6
  • Kpɔ Yehowa Sinu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔ Yehowa Sinu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ɣeyiɣi Aɖe Si Me Míeɖua Gbɔgbɔmenu Hekpɔa Dzidzɔ Le
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Dze Kristo La Yome To Nɔnɔme Nyuiwo Ðeɖe Fia Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Kafu Yehowa le Ameha Gãwo Dome
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Èdzra Ðo Ðe Gbɔgbɔmekplɔ̃ɖoƒea Yiyi Ŋua?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
km 11/06 axa 5-6

Kpɔ Yehowa Sinu

1. Nutome gã takpekpea ƒe tanya ɖe, eye nu ka tae wòsɔ nyuie na míaƒe ɣeyiɣia?

1 Yesaya ŋlɔ bena: “Ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe Mawu enye Yehowa. Woayra amesiwo katã kpɔa esinu!” (Yes. 30:18b) Ale si Mawu drɔ̃ ʋɔnu eƒe futɔwo heɖe esubɔla wɔnuteƒewoe la ƒe ŋutinya geɖe dze le Biblia me. Nu kawoe Yehowa subɔla siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ tso ŋutinya mawo me? Nu kae míate ŋu awɔ fifia atsɔ adzra ɖo ɖe “Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la” ŋu? (Yoel 2:31, 32) “Ðeɖekpɔkpɔ Gogo” Nutome Gã Takpekpe si gbɔna, aʋã mí míade ŋugble le biabia siawo ŋu vevie ahadzro mía ɖokui me. Akpe ɖe mía ŋu míakpɔ Yehowa sinu.

2. Aleke míate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe míaƒe nutome gã takpekpea ŋu?

2 Èwɔ ɖoɖo siwo hiã, be nàkpɔ gome le takpekpea me ŋkeke etɔ̃awo katã? Le kpɔɖeŋu me, èbia mɔ le wò dɔtɔ gbɔ hena takpekpea dedea? Mègasusui be ne ɣeyiɣia ɖo edzi hafi yebiae ko la, aɖe mɔ na ye o. Do gbe ɖa gbã, emegbe nàbia mɔa. (Nex. 2:4, 5) Mele hã be míanɔ hehem ɖe megbe le ʋuɖoɖo, dzeƒe, kple nu bubu siwo hiã la ŋuti ɖoɖowo wɔwɔ ŋu o. Ðoɖo nyui wɔwɔ alea do ŋgɔ ɖea míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ vevie ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔmekplɔ̃ ŋu fiana. Hamemetsitsiwo nanɔ klalo akpe ɖe ame siwo hiã woƒe kpekpeɖeŋu hena takpekpea dede la ŋu, vevietɔ nɔvi tsitsi siwo ŋu lãmesẽ mele o le hamea me.—Gal. 6:10.

3. Nɔnɔme kawoe wòle be Yehowa ƒe amewo naɖe afia le takpedua me?

3 Agbenɔnɔ Nyui Dea Bubu Mawu Ŋu: Ne míeyi takpekpewo la, mí ame gbogbo siwo katã ƒo ƒu la ƒe agbenɔnɔ nyui nyea ɖaseɖiɖi na nutoa me tɔwo. Nu kae esia bia tso mía si? Ne míeyi amedzrodzeƒe, fiase aɖe me, alo teƒe bubu aɖe le nuto si me míele takpekpea wɔm le la, ele be míaɖe Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo, abe dzigbɔgbɔ blewu, ɖokuidziɖuɖu, kple nugɔmesesename ene, afia wòadzɔ dzi na ame siwo míele nu wɔm kplii. (Gal. 5:22, 23; Fil. 4:5) Anyo be mí katã míaɖe lɔlɔ̃ si ƒomevi “mewɔa nusi medze o, media ye ŋutɔ tɔ o, mebia dzi o,” la afia. Ne kuxiwo alo masɔmasɔwo do mo ɖa hã la, anyo be ‘míawɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.’—Kor. I, 10:31; 13:5.

4. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woawɔ nu le mɔ si ahe kafukafu vɛ na Yehowa nu?

4 Le takpekpe aɖe wɔwɔ vɔ megbe la, sɔhɛ Ðasefowo ƒe agbenɔnɔ kple dzadzraɖo nyui wɔ dɔ ɖe amedzrodzeƒe dzikpɔla aɖe dzi ale gbegbe wògblɔ be yedi be “Yehowa Ðasefowo nava nɔ yeƒe amedzrodzeƒea dzem ɣesiaɣi.” Dzidzɔnya kae nye esi! Esiawo katã tso hehe kple mɔfiafia nyui si mi dzilawo mienaa mia viwo gbɔ. Eya ta nunya anɔ eme be dzilawo nalé ŋku ɖe wo viwo ŋu nyuie ɣesiaɣi le afi si wodze. (Lod. 29:15) Neva eme be woƒe agbenɔnɔ nyui nakafu Yehowa ahado dzidzɔ na eƒe dzi!—Lod. 27:11.

5. Aleke míate ŋu ato míaƒe nudodo kple dzadzraɖo dzi ade bubu Yehowa ŋui?

5 Awudodo Kple Dzadzraɖo si Sɔ: Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu ana takpekpea nakpɔ ŋusẽ nyui ɖe nutoa me tɔwo dzi ne míeƒo asa na awudodo kple dzadzraɖo ƒe atsyã siwo tɔa ŋku, wogbɔ eme, womeda sɔ o, alo esiwo ɖea bemalémalé kple ɖekematsɔleme fiana. Nenema kee wòle be míalé ŋku ɖe míaƒe dzedzeme ŋu ne míele mɔ zɔm yina takpekpea alo trɔ gbɔna, ne míele takpekpewɔƒea dzram ɖo, kple ne míele takpekpea ŋutɔ me. Esi míenye Mawu subɔlawo ta la, nu si ŋu míetsia dzi ɖo vevie ye nye Yehowa ƒe ŋkɔ kple bubudede eyama ŋu, ke menye ɖe mía ŋutɔ ƒe dzodzrowo kple dzidzeme ŋu o. Le esia ta ele be míaƒo asa na atsyã aɖewo alo awu siwo míalɔ̃ be míado atsɔ ayi hame ƒe kpekpewo mee o, le kpɔɖeŋu me, abe nɔvinyɔnu nado atalegbe, alo atalegbe dzi kple anyi, awu siwo mia ame, esiwo le kpuie, alo esiwo me wofe wòyi dzi akpa ale be wòatɔ ŋku ne wobɔbɔ nɔ anyi, la ene. Ƒome ƒe tawo ƒe agbanɔamedzie wònye be woakpɔ egbɔ be yewoƒe ƒomea me tɔwo ƒe dzadzraɖo ɖe ŋuɖɔɖɔɖo kple ɖokuidziɖuɖu fia ɣeawokatãɣi.—Tim. I, 2:9.

6. Nu ka tae wòle vevie be míadzra ɖo bubutɔe le kpakpã vɔ megbe abe ale si ko míawɔe le takpekpea me ene?

6 Nenema kee wòle vevie be míadzra ɖo bubutɔe ne míeyi amedzrodzeƒewo, fiasewo me, kple nuɖuɖudzraƒewo le kpakpã vɔ megbe. Asɔ be nu siwo míedo nɔ takpekpea me la nanɔ mía ŋu ne míeyi nuɖuƒe le afi aɖe le kpakpã megbe. Esia awɔe be míate ŋu ato míaƒe akɔtagbalẽvia dzi aɖi vomeɖase.—Kor. II, 6:3, 4.

7. Aleke míate ŋu awɔ nui be nuwo nayi edzi le ɖoɖo nyui me eye dzi nadzɔ ame sia ame le takpekpea me? (Kpɔ “Nutome Gã Takpekpe ƒe Ŋkuɖodzinyawo.”)

7 Yesaya gblɔ ɖi be: “Yehowa le lalam, be yeave mia nu, eyata wòtso, be yeakpɔ nublanui na mi.” (Yes. 30:18) Ele be ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu naʋã mí míade bubu eŋu to míaƒe agbenɔnɔ kple dzadzraɖo dzi ne míeyi takpekpewo. Neva eme be “Ðeɖekpɔkpɔ Gogo” Nutome Gã Takpekpea nado mía Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe ɖe dzi eye wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ eyama sinu!

[Aɖaka si le axa 6]

Nutome Gã Takpekpe ƒe Ŋkuɖodzinyawo

◼ Ðoɖowɔɖia ƒe Gamewo: Ðoɖowɔɖia adze egɔme le ŋdi ga 9:30 ŋkeke etɔ̃awo katã. Ne esusɔ miniti ʋɛ aɖewo ɖoɖowɔɖia nadze egɔme la, akpa ma ƒe zimenɔla anɔ anyi ɖe nuƒolanɔƒea esime wole Fiaɖuƒehawo ƒom. Ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nanɔ anyi le ɣeyiɣi ma me ale be míadze ɖoɖowɔɖia gɔme le ɖoɖo nu nyuie. Wɔnawo awu enu ɣetrɔ ga 5:15 le Fiɖagbe, ga 5:05 le Memleɖagbe, kple ga 4:10 le Kwasiɖagbe.

◼ Ʋutɔɖoƒe: Ne míetɔ ʋuwo ɖe ʋutɔɖoƒea vɔ ko la, anyo be míayi ava nɔ agbadɔa gɔme aɖo to nuƒoawo nyuie, tsɔ wu be míanɔ ʋu me, elabena nu geɖewo ate ŋu ahe míaƒe susu alo míate ŋu adɔ alɔ̃ hã bɔbɔe. Mele be míanɔ ʋu me ne menye dɔléle aɖee le fu ɖem na mí alo hiahiã kpata aɖee o. Agbadɔa te nɔnɔ ahaɖo to nyuie fia be míekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nufiamewo ŋu.

◼ Nɔƒe Léle Ði: Ame siwo mia kpli wo mieɖo ʋu ɖeka va alo mietso aƒe ɖeka me koe nàte ŋu alé nɔƒe ɖi na.

◼ Ŋdɔ me Nuɖuɖu: Taflatse, tsɔ nu si nàɖu le ŋdɔ me la ɖe asi tsɔ wu be nàdzo le takpekpewɔƒea ava ƒle nu aɖu le ɖiɖiɖemeɣia. Míate ŋu atsɔ tsifago sue siwo ate ŋu anɔ zikpuiwo te ɖe asi. Womeɖe mɔ be míatsɔ tsifago gãwo, nugo alo atukpa siwo ate ŋu agbã, kple ahamuamewo ava takpekpewɔƒea o.

◼ Ne Woɖe Agbalẽ ɖe Go: Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu mí be ‘míawɔ nuwo katã le lɔlɔ̃ me.’ (Kor. I, 16:14) Ne woɖe agbalẽ yeye ɖe go le takpekpe aɖe me la, lɔlɔ̃ kple amewo ŋu bubu ana be míaganɔ du ƒum, anɔ mía nɔewo tutum alo anɔ mía nɔewo mimim bena míawoe anye ame gbãtɔ le flia me axɔ agbalẽa o. Mele be ame aɖeke nadzo le enɔƒe do ŋgɔ na hadzidzi kple gbedodoɖa mamlɛa, be yeayi aɖaɖo fli axɔ agbalẽ yeyea o. Ne wodo gbe ɖa vɔ la, ele be ame sia ame nazɔ le ɖoɖo nu blewu ayi aɖaɖo fli axɔ agbalẽ yeyea. Ame ɖokui dzi zizi kple dzi gbɔgbɔ ɖi alea nye Kristotɔwo ƒe tsitsi ƒe dzesi eye eɖea míaƒe nɔvilɔlɔ̃ fiana.—Yoh. 13:35.

◼ Nudzɔdzɔ: Míezãa ga gbogbo aɖewo le ɖoɖo wɔwɔ ɖe nutome gã takpekpe ŋu me. Míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ne míewɔ lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata me alo le takpekpea me tsɔ do alɔ xexeame katã ƒe dɔa. Ele be woaŋlɔ ɖe gaxɔgbalẽvi ɖe sia ɖe si woatsɔ ade nudzɔɖaka me la dzi be woaxee na “Watch Tower Convention.”

◼ Afɔkuwo Kple Nudzɔdzɔ Kpatawo: Ne atikewɔnya aɖe hiã kpata le takpekpewɔƒea la, taflatse kpɔ anyinɔƒegbɔkpɔla aɖe si te ɖe ŋuwò, eye eya ana nyanya Atikewɔƒea enumake ale be míaƒe atikewɔla bibi siwo le teƒea nalé ŋku ɖe nɔnɔmea ŋu ahana kpekpeɖeŋu.

◼ Nyaléle: Mele be míatsi nyalémɔ̃ ƒomevi aɖeke ɖe takpekpewɔƒea ƒe elektrikkawo alo nuƒomɔ̃awo ŋu o, eye ame siwo di be yewoalé nya ɖi nakpɔ egbɔ be womawɔe le mɔ si aɖe fu na ame bubuwo nu o.

◼ Foto Ðeɖe: Mègazã fotoɖemɔ̃ siwo sia dzo ne takpekpea le edzi yim o. Ame aɖewo ɖea fotowo heva dzrana na vavalawo emegbe. Esi míedi be míado asitsanyawo ɖa ne míeva ƒo ƒu le teokrasi ɖoɖowo me o ta la, mele be míaɖe foto ɖe ga ta o. Mele be míagblɔ na fotoɖelawo hã be woava takpekpea ava ɖe foto mí akpɔ ga o.—w84 7/1 axa 25; kpɔ Ðoɖo gbalẽa hã ƒe axa 142, memama 3.

◼ Nyatakakaxɔmɔ̃wo Kple Asitelefonwo: Ele be míakpɔ egbɔ be nu siawo nagahe amewo ƒe susu o.

◼ Ƒomea ƒe Anyinɔnɔ Ðekae: Mele be dzilawo naɖe mɔ na wo vi, siwo dome ƒewuiviwo hã le, be woanɔ anyi ɖe wo hati sɔhɛwo dome o, ke boŋ ele be dzilawo nanɔ anyi kple wo viwo ne ɖoɖoawo le edzi yim. Dzila siwo nɔa ŋudzɔ akpɔ egbɔ be wo viwo le to ɖom hele nuŋlɔɖi wɔm ne nuƒoawo le edzi yim.

◼ Taflatse Mitrɔ Yi Wo Gbɔ: Ele be míazã Please Follow Up (S-43) (Taflatse Mitrɔ Yi Wo Gbɔ) ƒe agbalẽvia atsɔ ana nyatakakawo le ame siwo míeɖi vomeɖase na eye woɖe ɖetsɔleme fia ŋu. Anyo be gbeƒãɖelawo natsɔ agbalẽvi siawo ɖe asi ava takpekpea. Miakpɔ agbalẽvi siawo ƒe ɖe axɔ le takpekpea ƒe Agbalẽdzikpɔƒe. Miate ŋu atsɔ agbalẽvi siwo miekpe ɖo keŋ la ana ame siwo le Agbalẽdzikpɔƒea alo ana miaƒe hamea ƒe agbalẽŋlɔla ne miegbɔ tso takpekpea.—Kpɔ March 2005 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 4 lia.

◼ Dzeƒewo: (1) Mègaɖe mɔ be ame geɖe wu agbɔsɔsɔ si ŋu woɖe mɔ ɖo la nanɔ afi si mieva dze o. (2) Ne ame aɖee na dzeƒe wò le eƒe aƒeme la, ɖe ameŋububu fia to ale si nàna teƒea nanɔ dzadzɛ me, eye mègato nyatoƒoe o. (3) Mele be nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo natsaka amlɔ xɔ ɖeka me o, negbe ƒome ɖeka me tɔwo ko. (4) Mègaɖa nu le xɔ siwo womeɖe mɔ be woaɖa nu le wo me o la me o. (5) Be míado agbenyuinɔnɔ ɖe ŋgɔ la, mele be míale tsi le gota o. Le teƒe siwo tsilekpɔ mele o la, woate ŋu azã tsatsa alo avɔ atsɔ atu tsileƒe si woazã ɣeyiɣi kpui aɖe. (6) Abe Kristotɔwo ene la, mele be míazã nu siwo ŋu woɖe mɔ ɖo na amedzrowo be woazã la wòagbɔ eme o. (7) Ðe gbɔgbɔ ƒe kutsetsea fia ne èle nu wɔm kple amedzrodzeƒe dɔwɔlawo alo ƒome siwo gbɔ nèva dze.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe