Dzixɔsea Ðo Ɣedzeƒe Subɔsubɔhawo Me
“Gbugbɔgadzɔ xɔ susu me nam tso nye ɖevime ke. Mebunɛ ɣesiaɣi be nyateƒe si dzi amesiame lɔ̃ ɖo le afisiafie luʋɔ makumaku ƒe nya la nye. Eyata ewɔ mo yaa nam ŋutɔ esi mese be agbalẽnyalagã aɖewo siwo tso Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe siaa ƒo nu tsi tre ɖe dzixɔsea ŋu vevie. Fifia medi be manya alesi Hindutɔwo wɔ va xɔ makumakunyenye dzi se.”—YUNIVƐSITIDELA AÐE SI WONYI LE HINDU-SUBƆSUBƆHA ME.
1. Nukata míetsɔ ɖe le alesi amegbetɔ ƒe makumakunyenye nufiafia la wɔ dze egɔme hekaka ɖe subɔsubɔha vovovowo me la me?
ALEKE dzixɔse si nye be luʋɔ si mekuna o le amegbetɔ si la wɔ va ge ɖe Hindutɔwo kple Ɣedzeƒenutome subɔsubɔha bubuwo me? Biabia sia ka Ɣetoɖoƒetɔ siwo ɖewohĩ womenya nu tso subɔsubɔha siawo ŋu o gɔ̃ hã, elabena dzixɔsea kpɔ ŋusẽ ɖe alesi amesiame bua etsɔme ŋui dzi. Le esi amegbetɔ ƒe makumakunyenye va zu subɔsubɔha akpa gãtɔ ƒe nufiafia egbea ta la, alesi dzixɔsea wɔ dze egɔmee nyanya ate ŋu ana míase nya la gɔme geɖe wu eye wòana kadodo si nyo wu nanɔ mía dome.
2. Nukata India nye teƒe ɖedzesi si kpɔ ŋusẽ ɖe mawusubɔsubɔ dzi le Asia?
2 Ninian Smart si nye mawusubɔsubɔ ŋuti nufialagã le Lancaster Yunivɛsiti le Britain gblɔ be: “India ye nye dukɔ si kpɔ ŋusẽ ɖe mawusubɔsubɔnyawo dzi wu ɖesiaɖe le Asia. Menye esi India ye nye afisi subɔsubɔha geɖe—Hindu, Buddha, Jain, Sikh, kple subɔsubɔha bubu geɖewo—dzɔ tso ta koe wòle nenema o, ke le esi wo dometɔ ɖeka si nye Buddha-subɔsubɔ va kpɔ ŋusẽ geɖe ɖe Ɣedzeƒe Asia ƒe dekɔnuwo katã kloe dzi tae.” Nikhilananda si nye Hindutɔ agbalẽnyala la gblɔ be nuto geɖe me tɔ siwo dzi wokpɔ ŋusẽ ɖo alea la “gabua India kokoko be enye yewoƒe gbɔgbɔmenyawo dzɔtsoƒe.” Ekema aleke wòdzɔe be makumaku ƒe nufiafia sia kaka va ɖo India kple Asia ƒe teƒe bubuwo?
Hindutɔwo ƒe Gbugbɔgadzɔ Nufiafia
3. Le ŋutinyaŋlɔla aɖe ƒe nya nu la, anye amekawoe tsɔ luʋɔwo ƒe gege ɖe nu bubuwo me ƒe dzixɔsea va India?
3 Le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me, esime Pythagoras kple eyomedzelawo nɔ luʋɔwo ƒe gege ɖe nu bubuwo me ƒe dzixɔsea fiam le Hela la, Hindu-nunyala siwo nɔ Indus kple Ganges tɔsisiwo to le India hã nɔ asi trɔm le nufiafia ma tɔgbe tututu ŋu. Ŋutinyaŋlɔla Arnold Toynbee gblɔ be alesi dzixɔse sia do “le Helatɔwo dome kple le India” le ɣeyiɣi ɖeka me la “mate ŋu anye nudogoɖenunu dzro ko o.” Toynbee ɖee fia be: “Amesiwo wòate ŋu adzɔ be woawo [ƒe nukpɔsusu kpɔ ŋusẽ ɖe] teƒe evea siaa dzie nye Europa kple Asia tɔwo ƒe tsatsala siwo va ɖo India, Anyiehe Ɣetoɖoƒe Asia, kuɖiɖinyigba si le Ƒu Yibɔa ƒe dzieheƒuta, kple Balkan kpakple Anatolia ƒukpoafãwo dzi le ƒe alafa 8 kple 7 lia D.M.Ŋ. me.” Edze ƒã be Europa kple Asia to siwo nye tsatsalawoe tsɔ luʋɔ ƒe gege ɖe nu bubuwo me ƒe dzixɔsea yi India.
4. Nukata luʋɔwo ƒe gege ɖe nu bubuwo me ƒe dzixɔsea dze Hindu-nunyalawo ŋu?
4 Hindu-subɔsubɔ dze egɔme le India ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ, esime Aryatɔwo va ɖo le ƒe 1500 D.M.Ŋ. me lɔƒo. Tso gɔmedzedzea me ke la, Hindutɔwo xɔe se be luʋɔ to vovo tso ametia gbɔ eye be luʋɔ yia edzi nɔa agbe le ku megbe. Esia ta Hindutɔwo subɔa tɔgbui kukuwo eye wodaa nuɖuɖu ɖi na woƒe ame kukuwo ƒe luʋɔwo be woava ɖu. Ƒe alafa geɖe megbe esime luʋɔwo ƒe gege ɖe nu bubuwo me ƒe dzixɔsea va ɖo India la, Hindu-nunyala siwo nɔ nya ʋlim le nuvɔ̃ kple amegbetɔ ƒe fukpekpe ƒe kuxi si ka amesiame ŋu la anya kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu. Hindu-nunyalawo tsɔ esia kpe ɖe nusi woyɔna be Karma ƒe se, si nye se si fia be nane gbɔe nusianu tsona, la ŋu eye woto gbugbɔgadzɔ ƒe nufiafia vɛ, eye wogblɔ be woɖoa nyui alo vɔ̃ si wowɔ le agbe me teƒe alo naa tohehe ɖe eta le agbe si kplɔe ɖo me.
5. Le Hindu-subɔsubɔ ƒe nufiafia nu la, nukae nye luʋɔ ƒe taɖodzinu kɔkɔtɔ kekeake?
5 Gake dzixɔse bubu aɖe gali si kpɔ ŋusẽ ɖe Hindutɔwo ƒe nufiafia le luʋɔ ŋu dzi. Encyclopædia of Religion and Ethics gblɔ be: “Edze nyateƒenyae be le ɣeyiɣi si me tututu woɖo luʋɔ ƒe gege ɖe nu bubu me kple karma ƒe nufiafia la anyi, alo do ŋgɔ nɛ la, dzixɔse bubu aɖe . . . nɔ nunyala ʋee aɖewo ƒe susu me xɔm vivivi le Dziehe India—eyae nye Brahman-Ātman [Brahman gãtɔ kple mavɔtɔ, ŋusẽ kɔkɔtɔ kekeake] ƒe xexemenunya dzixɔsea.” Wotsɔ nukpɔsusu sia tsaka kple gbugbɔgadzɔ nufiafia la tsɔ ɖe Hindutɔwo ƒe taɖodzinu vevitɔ gɔmee—be enye ablɔɖekpɔkpɔ tso luʋɔ ƒe gege ɖe nu bubu me bene woate ŋu aɖo ŋusẽ kɔkɔtɔ gbɔ. Hindutɔwo xɔe se be agbagbadzedze be woanɔ hadomegbe si dzi wolɔ̃ ɖo kple Hindutɔwo ƒe nunya tɔxɛ ƒe amesisusu ye ana woaɖo esia gbɔ.
6, 7. Nukae nye egbeŋkekea me Hindutɔwo ƒe dzixɔse le Agbenɔnɔ le Ku Megbe ŋu?
6 Hindu-nunyalawo to esia me trɔ asi le luʋɔwo ƒe gege ɖe nu bubu me ƒe nukpɔsusua ŋu wòzu gbugbɔgadzɔ ƒe nufiafia esi wotsɔe tsaka kple Karma ƒe se kple Brahman-dzixɔsea. Octavio Paz si nye hakpanyaŋlɔla si xɔ Nobel Nunana eye wòganye Mexicotɔwo ƒe amedɔdɔ le India tsã la ŋlɔ bena: “Zi alesi Hindu-subɔsubɔ nɔ ta kekemee la, zi nenemae dzixɔse aɖe . . . si nye nu vevi le Brahman-nukpɔsusuwo, Buddha-subɔsubɔ, kple Asia-subɔsubɔha bubuwo me hã kakae: dzixɔse mae nye luʋɔ ƒe dodo ayi ame bubu alo lã aɖe me le ku me le agbenɔnɔ siwo kplɔ wo nɔewo ɖo me.”
7 Gbugbɔgadzɔ nufiafia la dzi koŋue wotu Hindu-subɔsubɔ ɖo le egbeŋkekea me. Hindutɔ xexemenunyala Nikhilananda gblɔ be: “Hindutɔ akuaku ɖesiaɖe xɔe se be menye ame tiatia ʋee aɖewo koe anɔ makumakugbe o, ke boŋ enye nusi wotsɔ dzi amesiamee.”
Gbugbɔgadzɔ Enuenu le Buddha-Subɔsubɔ Me
8-10. (a) Nukae Buddhatɔwo gblɔna be agbenɔnɔ nye? (b) Aleke Buddhatɔ agbalẽnyala aɖe ɖe gbugbɔgadzɔ mee?
8 Ƒe 500 D.M.Ŋ. me lɔƒoe woɖo Buddha-subɔsubɔ le India. Buddhatɔwo ƒe blemaŋutinya gblɔ be Indiatɔ fiavi aɖe si woyɔ be Siddhārtha Gautama si wova yɔ be Buddha lae ɖo Buddha-subɔsubɔ le eƒe blibodede gbɔ ɖoɖo vɔ megbe. Esi wònye Hindu-subɔsubɔ mee subɔsubɔha la do tso ta la, eƒe nufiafiawo ɖi Hindutɔwo tɔ le nanewo gome. Wofiaa nu le Buddha-subɔsubɔ me be gbugbɔgadzɔ kple ku siwo kplɔa wo nɔewo ɖoe agbenɔnɔ nye, eye abe alesi wòle le Hindu-subɔsubɔ me ene la, nusi ame ɖesiaɖe wɔ le agbe si wònɔ va yi mee afia ɖoƒe si wòanɔ le agbe si wòle fifia me.
9 Gake Buddhatɔwo megblɔna be luʋɔ si nye nu le eɖokui si koŋ ye nɔa agbe le ku megbe o. Arnold Toynbee de dzesii be: “[Buddha] bu amegbetɔ ƒe luʋɔ be enye susu me nɔnɔme dzro aɖewo siwo vana gadzona si wɔa ɖeka le ame ŋutɔ ƒe didi nu ko.” Ke hã Buddha xɔe se be nane—nɔnɔme alo ŋusẽ aɖe—dona le ame me yia agbenɔnɔ bubu me. Ðk. Walpola Rahula si nye Buddhatɔ agbalẽnyala la ɖe eme be:
10 “Ŋutilã me kple susu me ŋusẽwo alo ŋutete ƒe ƒuƒoƒo koe nu gbagbewo nye. Nusi míeyɔna be ku lae nye ametia ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ si tɔ te keŋkeŋ. Ðe ŋusẽ kple ŋutete siawo katã nu tsona ne ametia dzudzɔ dɔwɔwɔa? Buddhatɔwo ɖo eŋu be ‘Ao.’ Didi, tiatiawɔwɔ, nudzroame, didi vevie be woanɔ agbe, be woayi agbenɔnɔ dzi, eye be woagbugbɔ adzɔ matɔmatɔe la nye ŋusẽ gã aɖe si ʋãa amewo ƒe agbenɔnɔ blibo, woƒe anyinɔnɔ blibo, eye eʋãa xexeme bliboa katã gɔ̃ hã. Nusiae nye ŋusẽ gãtɔ, si nye ŋutete gãtɔ kekeake le xexeame. Buddhatɔwo gblɔ be ŋusẽ sia nu metsona ne ametia dzudzɔ dɔwɔwɔ, si fia ku o; gake eyia edzi ɖea eɖokui fiana le nɔnɔme bubu me, si na wògava nɔa agbe, si nye nusi woyɔna be gbugbɔgadzɔ.”
11. Nukae nye Buddhatɔwo ƒe nukpɔsusu le Agbenɔnɔ le Ku Megbe ŋu?
11 Alesi Buddhatɔwo bua Agbenɔnɔ le Ku Megbe enye si: Nu mavɔe agbenɔnɔ nye negbe ɖe amea ɖo Nirvana ƒe taɖodzinu mamlɛtɔa gbɔ hafi, si nye ablɔɖekpɔkpɔ tso gbugbɔgadzɔ siwo nu metsona o me. Nirvana menye dzidzɔkpɔkpɔ mavɔ o eye mefia be wowɔ ɖeka kple nusianutaƒola la hã o. Agbemanɔmanɔ ko wònye—“afisi ku mele o” si kɔ wu ame ƒe agbenɔnɔ. Webster’s Ninth New Collegiate Dictionary ɖe “Nirvana” gɔme be enye “teƒe alo nɔnɔme si me dzitsitsi kple vevesese mele o, alo ŋutilãmemanɔmanɔ.” Le esi teƒe be Buddhatɔwo nadi makumakugbenɔnɔ la, wodea dzi ƒo na wo boŋ be woagbɔ eŋu aɖo Nirvana.
12-14. Aleke Buddha-subɔsubɔ vovovowo bua makumakunyenye dzixɔseae?
12 Esi Buddha-subɔsubɔ nɔ ta kekem yi Asia ƒe teƒe vovovowo la, wotrɔ eƒe nufiafiawo wòsɔ ɖe nutoa me tɔwo ƒe dzixɔsewo nu. Mahayana Buddha subɔsubɔ si ƒomevi xɔ aƒe ɖe China kple Japan la me tɔwo xɔe se be dziƒo bodhisattvawo, alo amesiwo ava zu Buddhawo le etsɔme li. Bodhisattvawo nye amesiwo hea woƒe Nirvana yiyi ɖe megbe eye wogbugbɔ dzɔna va nɔa agbe zi geɖe ale be woate ŋu asubɔ ame bubuwo ahakpe ɖe wo ŋu woaɖo afima. Efia be ame ate ŋu atia be yeayi edzi agbugbɔ anɔ dzɔdzɔm ne eɖo Nirvana gɔ̃ hã.
13 Tɔtrɔ bubu si va kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi le China kple Japan koŋue nye Anyigba Kɔkɔe si Le Ɣetoɖoƒe ƒe nufiafia si Buddha Amitabha, alo Amida to vɛ. Amesiwo yɔa Buddha ƒe ŋkɔ le xɔse me gbugbɔ dzɔna ɖe Anyigba Kɔkɔe dzi, alo paradiso me, afisi nɔnɔmewo na wòle bɔbɔe be blibodede kɔkɔtɔ nasu ame si. Nukae do tso nufiafia sia me? Nufialagã Smart si míeyɔ va yi gblɔ be: “Abe alesi wòadzɔ godoo ene la, paradiso ƒe nɔnɔme nyui siwo ŋu woƒo nu tsoe tsitotsito le Mahayana-ŋɔŋlɔawo dometɔ aɖewo me va xɔ ɖe Nirvana si ame geɖe buna be enye yewoƒe taɖodzinu mlɔetɔ la teƒe.”
14 Tibettɔwo ƒe Buddha-subɔsubɔ tsɔ wo gbɔ dzixɔse bubuwo de eme. Le kpɔɖeŋu me, Tibettɔwo ƒe amekukugbalẽ ƒo nu tso nusi dzɔna ɖe ame dzi le ku me hafi wògbugbɔ dzɔna ŋu. Wogblɔ be wosia nusianutaƒola ƒe akaɖi si nu sẽ ɖe ame kukuwo dzi, eye amesiwo mete ŋu nɔ te ɖe akaɖia nu o la mekpɔa ablɔɖe o ke boŋ wogbugbɔ dzɔna. Edze ƒã be makumakunyenye ƒe dzixɔse dze le Buddha-subɔsubɔ ƒomevi vovovoawo me.
Tadedeagu na Tɔgbui Kukuwo le Japan Shinto-Subɔsubɔ Me
15-17. (a) Aleke tadedeagu na tɔgbui kukuwo ƒe gbɔgbɔ wɔ ge ɖe Shinto-subɔsubɔ me? (b) Aleke luʋɔ makumaku dzixɔse la nye nufiafia vevi le Shinto-subɔsubɔ mee?
15 Mawusubɔsubɔ nɔ Japan hafi Buddha-subɔsubɔ va ɖo le ƒe alafa adelia M.Ŋ. me. Enye mawusubɔsubɔ si si ŋkɔ menɔ o, eye agbenyuinɔnɔ kple dukɔa me tɔwo ƒe kɔnuwo ŋuti dzixɔsewoe nɔ eme. Gake esi Buddha-subɔsubɔ va afima la, eva hiã be woade vovototo Japantɔwo ƒe subɔsubɔ kple esi tso duta va la dome. Eyata wova tsɔ ŋkɔ nɛ be “Shinto,” si gɔmee nye “mawuwo ƒe mɔ.”
16 Dzixɔse kae nɔ Shintotɔ gbãtɔwo si le Agbenɔnɔ le Ku Megbe ŋu? Kodansha Encyclopedia of Japan ɖe eme be esi wodze mɔligbledede le tsiteƒewo gɔme la, “agbledede le tsiteƒewo na wòva hiã be woawɔ ɖoɖo ɖe nuto siwo le ɖoɖo nyui me heli ke ŋu, eye woto agbledede ƒe kɔnuwo—siwo va wɔ akpa vevi aɖe le Shintō-subɔsubɔ me la—vɛ.” Vɔvɔ̃ na ame kukuwo na blematɔ siawo to avuléle wo ƒe kɔnuwo vɛ. Esia yi ŋgɔ va zu tadedeagu na tɔgbui kukuwo ƒe gbɔgbɔ.
17 Shintotɔwo xɔe se be luʋɔ si “do go le ame me” ƒe amenyenye kpɔtɔ nɔa esi gake ku gblẽa nu le eŋu. Ne amesiwo ƒe ame ku wɔ kunu nɛ la, ekɔa luʋɔ la ŋu ale be eɖea eƒe vɔ̃didiname katã ɖa, eye ŋutifafa kple nyuiwɔwɔ ƒe nɔnɔme sua esi. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, tɔgbui kukua ƒe gbɔgbɔ va zua ƒomemawu, alo ametakpɔla. Esi Shinto kple Buddha subɔsubɔ nɔ wo nɔewo gbɔ ta la, wova tsɔ Buddhatɔwo ƒe nufiafia aɖewo de eme, si ƒe ɖee nye paradiso ƒe nufiafia. Eyata míekpɔe be dzixɔse vevi ye makumakugbenɔnɔ nye le Shinto-subɔsubɔ me.
Makumakugbenɔnɔ le Tao-Subɔsubɔ Me,Tadedeagu na Tɔgbui Kukuwo le Konfusio-Subɔsubɔ Me
18. Nukae nye Taotɔwo ƒe susu le makumakunyenye ŋu?
18 Lao-tzu si wogblɔ be enɔ China le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me lae ɖo Tao-subɔsubɔ gɔme anyi. Wogblɔ le Tao-subɔsubɔ me be amegbetɔ ƒe agbemetaɖodzinue nye be yeƒe nuwɔwɔ nawɔ ɖeka kple Tao—si nye dzɔdzɔmemɔ. Míate ŋu agblɔ alesi Taotɔwo bua makumakugbenɔnɔ kpuie ale: Tao enye gɔmeɖose si fiaa mɔ nuwo le xexeame. Gɔmedzedze kple nuwuwu mele Tao si o. Ne ame wɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple Tao la, amea kpɔa gome le eme eye wòzua mavɔmavɔtɔ.
19-21. Nukae Taotɔwo ƒe nususukpɔ na wova wɔ?
19 Esi Taotɔwo nɔ agbagba dzem be ɖekawɔwɔ nanɔ yewo kple dzɔdzɔme dome la, wova ke ŋku ɖe dzɔdzɔme ƒe anyinɔnɔ ɖaa kple alesi wòte ŋu gaɖɔa eɖokui ɖoe me vevie le ɣeyiɣi aɖe megbe. Wobui be ɖewohĩ ne wonɔ agbe wòwɔ ɖeka kple Tao, alo dzɔdzɔmemɔ la, woate ŋu ato mɔ aɖe dzi ake ɖe dzɔdzɔmenya ɣaɣlawo ŋu eye ana yewoakpɔ ŋusẽ ɖe ŋutilã me nuveviwɔame, dɔléle, kple ku gɔ̃ hã dzi.
20 Taotɔwo dze ŋugblemeyiyi, ŋɔtimegbɔgbɔ ƒe hehexɔxɔ, kple nuɖuɖu ɖe ɖoɖo nu wɔwɔ kpɔ gɔme, eye wogblɔ be esia ate ŋu ahe ŋutilã ƒe gbegblẽ kple ku ɖe megbe. Eteƒe medidi o xotutuwo va nɔ kakam be amegbetɔ siwo mekuna o siwo te ŋu dzona le alilikpo me eye wodzena gabuna ne wolɔ̃ la li, amesiwo tsɔ ƒe gbogbo manyaxlẽ aɖewo nɔ to kɔkɔewo alo ƒukpo siwo le didiƒe ʋĩ dzi, eye zãmu alo vivimetikutsetsewoe léa wo ɖe te. Chinatɔwo ƒe ŋutinya gblɔ be le ƒe 219 D.M.Ŋ. me la, fiagã Ch’in Shih Huang Ti de ŋutsuvi kple nyɔnuvi 3,000 tɔdziʋu hedɔ wo ɖe P’eng-lai ƒukpo si ŋu wotu xo le be enye amesiwo mekuna o de be woayi aɖaxɔ makumakunyenye ƒe gbetike vɛ. Abe alesi wòadzɔ godoo ene la, womekpɔ makumakutike la xɔ vɛ o.
21 Agbe mavɔ didi na be Taotɔwo lólo ga vovovowo tsaka tsɔ te makumakutikekuiwo wɔwɔ kpɔ. Le Taotɔ ƒe nukpɔsusu nu la, ne ying kple yang (atsu kple asi) ƒe ŋusẽwo do go la, agbe doa go tso eme. Eyata agbediditikewɔlawo lólo tsumikpe (nu yibɔ, alo yin) kple mercury (nu dzĩ, alo yang) tsaka tsɔ nɔ alesi nuwo yia edzii le dzɔdzɔme nu la srɔ̃m, eye wobui be nusi ado tso eme la anye makumakutikekui.
22. Nukae do tso Buddhatɔwo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe Chinatɔwo ƒe mawusubɔsubɔgbenɔnɔ dzi me?
22 Le ƒe alafa adrelia M.Ŋ. me la, Buddha-subɔsubɔnuwɔnawo va nɔ gegem ɖe Chinatɔwo ƒe subɔsubɔgbenɔnɔ me. Esia na woƒe subɔsubɔ va zu Buddhatɔwo ƒe dzixɔsewo, gbɔgbɔyɔyɔ, kple tadedeagu na tɔgbui kukuwo si wotsɔ tsaka. Nufialagã Smart gblɔ be: “Wotrɔ asi le agbenɔnɔ le ku megbe ƒe dzixɔse siwo ŋu gɔmesese menɔ o le blema Chinatɔwo ƒe tadedeagu na tɔgbui kukuwo me la ŋu le Tao kple Buddha subɔsubɔ siaa me hewɔe wòzu nufiafia vevi.”
23. Aleke Konfusio bu tadedeagu na tɔgbui kukuwoe?
23 Konfusio si nye China xexemenunyala xɔŋkɔ bubu le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me si ƒe xexemenunyanya va zu nusi dzi wotu Konfusio-subɔsubɔ ɖo la meƒo nu tso Agbenɔnɔ le Ku Megbe ŋu fũ o. Nusi dzi wòte gbe ɖo boŋue nye agbenyuinɔnɔ kple hadomenuwɔna si sɔ. Gake edo vivi ɖe tɔgbui kukuwo subɔsubɔ ŋu eye wòte gbe ɖe kɔnu kple kɔnyinyi siwo ku ɖe tɔgbui kukuwo ƒe gbɔgbɔ ŋu la wɔwɔ dzi vevie.
Ɣedzeƒesubɔsubɔha Bubuwo
24. Nukae Jain-subɔsubɔ fia le luʋɔ ŋu?
24 Woɖo Jain-subɔsubɔ le India le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me. Mahāvīra si nye amesi ɖoe anyi la fia nu be luʋɔ makumaku le nu gbagbewo katã si eye be nuteteameɖokui wòagbɔ eme kple ɖokuimamlã kpakple didi be womawɔ nuvevi nuwɔwɔ aɖeke o si gbɔ eme dzi koe woate ŋu ato be luʋɔ nakpɔ ɖeɖe tso Karma me. Dzixɔse siawo gale Jaintɔwo si vaseɖe egbegbe.
25, 26. Hindutɔwo ƒe dzixɔse kawoe le Sikh-subɔsubɔ hã me?
25 India hãe Sikh-subɔsubɔ si nye subɔsubɔha si me ame miliɔn 19 le la dzɔ tso. Subɔsubɔha sia dze egɔme le ƒe alafa 16 lia me esime Guru Nānak ɖoe be yeatsɔ Hindu-subɔsubɔ kple Islam ƒe akpa siwo nye nyuitɔwo kekeake atsaka aɖo subɔsubɔha ɖeka. Wotsɔ Hindutɔwo ƒe dzixɔse siwo ku ɖe luʋɔ makumaku, gbugbɔgadzɔ, kple Karma ŋu de Sikh-subɔsubɔ me.
26 Edze ƒã be dzixɔse si nye be agbe yia edzi le ametia ƒe ku megbe nye Ɣedzeƒesubɔsubɔhawo ƒe akpa gãtɔ ƒe nufiafia vevi. Ke Kristodukɔa, Yuda-subɔsubɔ, kple Islam ya ɖe?
[Anyigbatata si le axa 10]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
TITINA ASIA
KASHMIR
TIBET
CHINA
KOREA
JAPAN
Banaras
INDIA
Buddh Gaya
MYANMAR
THAILAND
SRI LANKA
CAMBODIA
JAVA
ƑE ALAFA 3 LIA D.M.Ŋ.
ƑE ALAFA 1 D.M.Ŋ.
ƑE ALAFA 1 M.Ŋ.
ƑE ALAFA 4 LIA M.Ŋ.
ƑE ALAFA 6 LIA M.Ŋ.
ƑE ALAFA 7 LIA M.Ŋ.
Buddha-subɔsubɔ kpɔ ŋusẽ ɖe Ɣedzeƒe Asia katã dzi
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Gbugbɔgadzɔ nye Hindutɔwo ƒe nufiafia vevi
[Nɔnɔmetata si le axa 11]
Taotɔwo dzea agbagba be yewoawɔ nu wòasɔ ɖe dzɔdzɔme nu bene yewoanɔ agbe ɖaa
[Nɔnɔmetata si le axa 12]
Konfusio do vivi ɖe tɔgbui kukuwo subɔsubɔ ŋu