NUSƆSRƆ̃ 42
Nufiame Nanɔ Eme Na Nyaselawo
BE NUFIAME nanɔ wò nuƒo me na wò nyaselawo la, ehiã be nàwɔ geɖe wu nuƒoƒo tso nyati vevi aɖe ŋu na wo ko. Bia ɖokuiwò be: ‘Nukata koŋ wòle be nyasela siawo nase nyati sia? Nya kae magblɔ bene nyaselawo nase le wo ɖokui me be numedzodzroa ɖe vi na yewo ŋutɔŋutɔ?’
Ne wode dɔ asi na wò le sukua me be nàwɔ alesi woaɖi ɖasee na ame ƒe wɔwɔfia la, wò aƒemenɔla ye nye wò nyasela. Le go bubu me la, ànɔ nu ƒom na hame bliboa.
Nusi Wò Nyaselawo Nya. Bia ɖokuiwò be, ‘Nukae nyaselawo nya tso nyati sia ŋu?’ Esiae afia alesi nàdze egɔmee. Ne hame si me Kristotɔ tsitsi geɖe le mee nèle nu ƒom le la, mègagbugbɔ nɔ gɔmedzenufiafia siwo wo dometɔ akpa gãtɔ nya xoxo la gblɔm gbadzaa ko o. Tu ɖe nyateƒea ƒe gɔmedzenufiafia siawo dzi. Gake ne ɖetsɔlemetɔ yeye geɖewo hã va kpekpea la, ele be nàbu hatsotso evea siaa ƒe nuhiahiãwo ŋu.
Trɔ asi le wò nyawo ƒe akpa siwo me nàto kabakaba kple akpa siwo ŋu nàgbɔ dzi ɖi le ŋu wòasɔ ɖe nusi wò nyaselawo nya xoxo nu. Ne àde numeɖeɖe siwo anɔ eme be ame akpa gãtɔ nya xoxo eme la, mahiã be nàgblẽ ɣeyiɣi fũ ɖe wo ŋu o. Gake gbɔ dzi ɖi ne èle susu siwo ɖewohĩ anye nu yeye na wò nyaselawo ƒe akpa gãtɔ me ɖem bene eme nakɔ na wo nyuie.
Nusi me Nufiame Le. Nana be nufiame nanɔ nuƒo me mefia kokoko be woakpɔ nya yeye aɖe agblɔ ɣesiaɣi o. Nuƒola aɖewo toa mɔ aɖe dzi gblɔa nyateƒenya nyanyɛ aɖewo bɔbɔe ale gbegbe be wònyea zi gbãtɔ si nyaselawo sea wo gɔme bliboe.
Le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, nyadzɔdzɔ aɖe gbɔgblɔ atsɔ aɖee fia be ŋkeke mamlɛawo mee míele ɖeɖe masɔ gbɔ o. Zã Biblia nàtsɔ afia gɔmesese si le nudzɔdzɔa ŋu. Esia ana nufiame ŋutɔŋutɔ nanɔ eme na aƒemenɔla la. Nenema ke ne èle nu ƒom tso dzɔdzɔmesewo alo numiemiewo alo lãwo ŋu la, mele be wò taɖodzinu nanye be nàgblɔ dzɔdzɔmeŋutinunya me kpeɖodzinya aɖewo siwo aƒemenɔlaa mese kpɔ o la nɛ ko o. Ke boŋ ele be wò taɖodzinu nanye be nàzã dzɔdzɔmenuwo ƒe kpeɖodziawo kpakple nya siwo Biblia gblɔ la siaa atsɔ aɖee fia be Wɔla aɖe li si lɔ̃a mí. Esia akpe ɖe aƒemenɔlaa ŋu be wòatsɔ nukpɔsusu yeye kura akpɔ nuwoe.
Nuƒoƒo tso nyati aɖe si nyaselawo se zi gbɔ zi geɖe ŋu na wo ake ate ŋu anye nu sesẽ. Gake be nànye nufiala nyui la, ehiã be nàsrɔ̃ alesi nàtrɔ asi le esia wɔwɔ ŋu wòadze edzi. Aleke nàte ŋu awɔe?
Numekukuwɔwɔ akpe ɖe ŋuwò. Le esi nàzã nya siwo va susu me na wò dzro ko le nuƒoa ƒoƒo me teƒe la, wɔ numekukumɔnu siwo me míedzro le axa 33 vaseɖe 38 ŋudɔ boŋ. Aɖaŋu siwo woɖo le teƒe ma tso taɖodzinu siwo wòle be nàminya ŋu nanɔ susu me na wò. Le wò numekukuwɔwɔ me la, ɖewohĩ àkpɔe be nudzɔdzɔ aɖe si ŋu womenya nu tsoe boo o la do ƒome kple wò nyatia tẽ. Alo ɖewohĩ àdo go nya aɖe si wogblɔ nyitsɔ laa le nyadzɔdzɔwo me si nàte ŋu atsɔ awɔ kpɔɖeŋui le nya vevi si me nèɖo be yeadzro la me.
Esime nèle nyawo me tiam na nuƒoa la, na wò susu nenɔ nuwo dzi yim to ɖokuiwò biabia me be nukae? nukatae? ɣekaɣie? afikae? amekae? kple aleke? Le kpɔɖeŋu me: Nukata nya sia nye nyateƒe? Aleke mate ŋu aɖo kpe edzii? Dzixɔse nyanyɛ kawoe wɔe be wòsesẽ na ame aɖewo be woase Biblia me nyateƒe sia me? Nukata nya sia le vevie? Aleke wòle be nya sia nakpɔ ŋusẽ ɖe ame ƒe agbenɔnɔ dzii? Kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be viɖe le edziwɔwɔ me? Nukae Biblia me nyateƒe sia ɖe fia tso Yehowa ƒe amenyenye ŋu? Le nyati si me dzrom nèle ƒe nɔnɔme nu la, àte ŋu abia be: Ɣekaɣie nusia dzɔ? Aleke míate ŋu azã nya sia ɖe nɔnɔme siwo li egbea nui? Àte ŋu ade agbe wò nuƒoa me ne èbia nya siawo dometɔ aɖewo eye nèɖo wo ŋu le nuƒoa me.
Anɔ eme be wò nuƒoa abia be nàzã mawunyakpukpui siwo wò nyaselawo nya nyuie xoxo. Aleke nàwɔ bene nufiame nanɔ wo zazã me? Mègaxlẽ wo ko evɔ o; kɔ wo me.
Nufiame ate ŋu adze le mawunyakpukpui nyanyɛ aɖe me dzodzro me ne èma kpukpuia me suesue eye nètia akpa siwo de nu wò nuƒoa ƒe tanya me heɖe akpa mawo me. Bu alesi nuwo ate ŋu ayii ŋu le Mixa 6:8 xexlẽ me le Eʋegbe Biblia me ŋu kpɔ. Nukae “nusi le eteƒe” fia? Ameka ƒe dzidzenu ŋue nusi le eteƒe wɔwɔ ƒe nya si wogblɔ la ku ɖo? Aleke nàwɔ nusi wòfia be “nawɔ nusi le eteƒe” la ƒe kpɔɖeŋui? Alo nàwɔ esi nye “nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ” la ƒe kpɔɖeŋui? Nukae nye ɖokuibɔbɔ? Aleke nàtsɔe ade dɔwɔwɔ mee le nuwɔwɔ ɖe ame tsitsiwo ŋu me? Enye nyateƒe be nanewo akpɔ ŋusẽ ɖe nya siwo tututu nàva gblɔ mlɔeba dzi, eye wo dometɔ aɖewoe nye wò tanya la, wò taɖodzinu, wò nyaselawo, kpakple ɣeyiɣi si wona wò.
Nyawo gɔmeɖeɖe wòanɔ bɔbɔe ɖea vi na amewo zi geɖe. Awɔ dɔ ɖe ame aɖewo dzi ne wonya gɔmesese si le “fiaɖuƒe,” si ƒe nya wogblɔ le Mateo 6:10, la ŋu. Ŋkuɖoɖo gɔmeɖeɖe si le nya aɖe ŋu dzi ate ŋu akpe ɖe Kristotɔ tsitsi gɔ̃ hã ŋu be wòase nusi gblɔm ŋɔŋlɔ ma le la gɔme ɖe edzi nyuie wu. Esia dze kɔte ne míexlẽ Petro II, 1:5-8 eye míegblɔ gɔmeɖeɖe si le nɔnɔme vovovo siwo woyɔ le kpukpui mawo me la ŋu: xɔse, amewɔwɔ, sidzedze, ɖokuidziɖuɖu, dzidodo, mawusosroɖa, nɔvilɔlɔ̃, kple lɔlɔ̃. Ne wozã nya vovovo siwo ƒe gɔmesese ɖi wo nɔewo le nyati ɖeka me la, gɔmeɖeɖe si le wo ŋu gbɔgblɔ ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woakpɔ vovototo si le wo dome. Esia le alea le nya siwo nye nunya, sidzedze, vovototo si le nuwo dome kpɔkpɔ dze sii, kple gɔmesese siwo wozã le Lododowo 2:1-6 gome.
Wò nyaselawo ate ŋu akpɔ nufiame si le mawunyakpukpui aɖe me ne ède ŋugble le eŋu kple wo. Ewɔ nuku na ame geɖe esi wova kpɔe zi gbãtɔ le Mose I, 2:7 le Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo me be woyɔ Adam be enye luʋɔ gbagbe eye be Xezekiel 18:4 gblɔ be luʋɔwo kuna. Ɣeaɖeɣi la, Yesu na Zadukitɔwo ƒe nu ku esi wòyɔ Mose II, 3:6, si me nyawo wogblɔ be yewoxɔ se la, eye emegbe wòzãe na ame kukuwo ƒe tsitretsitsi.—Luka 20:37, 38.
Ɣeaɖewoɣi enyea numekɔkɔ geɖe ne woyɔ ŋɔŋlɔ aɖe eye wofia asi nusiwo nɔ dzɔdzɔm ɣemaɣi, nusiwo na woŋlɔ nya mawo, kple nyaa gblɔla ŋutɔ alo amesi wònɔ egblɔm na. Farisitɔwo nya Psalmo 110 me nyawo nyuie. Ke hã Yesu he woƒe susu yi emenyawo ƒe akpa vevi aɖe si dze le kpukpui gbãtɔ me dzi. Ebia be: “Aleke miebuna le Kristo la ŋutii? Ameka vi wònyea? Woɖo eŋu nɛ bena: Dawid vie. Egblɔ na wo bena: Aleke gɔ̃ wɔ Dawid yɔe le gbɔgbɔ me be Aƒetɔ, esi wògblɔ bena: ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ bena: Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò ketɔwo ade wò afɔ te.’ Azɔ ne Dawid yɔe be Aƒetɔ la, aleke wɔ wònye via mahã?” (Mat. 22:41-45) Ne ède ŋugble kple amewo tso Ŋɔŋlɔawo me abe alesi Yesu wɔe ene la, àte ŋu akpe ɖe wo ŋu be ne wole Mawu ƒe Nya la xlẽm la, woalé fɔ ɖe eŋu wu.
Ne nuƒola yɔ ɣeyiɣi si woŋlɔ Biblia-gbalẽ aɖe alo yɔ ɣeyiɣi si nane dzɔ la, ele be wòaƒo nu tso nusiwo nɔ edzi yim ɣemaɣi hã ŋu. Ne ewɔe nenema la, nyaselawo akpɔ agbalẽa ƒe vevienyenye alo nudzɔdzɔa me akɔ na wo nyuie wu.
Nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo ate ŋu ana nufiame nadze le nya si gblɔm nèle me. Àte ŋu atsɔ amewo ƒe nukpɔsusu aɖe si bɔ asɔ kple nusi Biblia gblɔ tso nya ma ke ŋu. Alo àte ŋu atsɔ Biblia me nudzɔdzɔ eve asɔ kple wo nɔewo. Ðe vovototo dze le wo mea? Nukatae? Nukae míesrɔ̃ tso wo me? Esia wɔwɔ ate ŋu ana nukpɔsusu yeye wò nyaselawo ku ɖe nyatia ŋu.
Ne wode dɔ asi na wò be nàƒo nu tso Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe ŋu la, àte ŋu ana nuƒoa nalé vi wu ne èdze egɔme kple alesi nuwo le la gbɔgblɔ kpuie. Dzro nusi wòle be woawɔ, nusita wòhiã be woawɔe, kple alesi wòku ɖe taɖodzinu siwo le mí Yehowa Ðasefowo si ŋu la me. Eyome ƒo nu tso teƒea, ɣeyiɣia, kple alesi míawɔ dɔae la ŋu.
Ke ne wò nuƒoa bia be nàdzro “Mawu ƒe nu gogloawo” dometɔ aɖewo me ɖe? (Kor. I, 2:10) Ne èdze egɔme kple nyatia ƒe akpa veviwo ɖeɖe ɖe go kpakple wo me ɖeɖe la, numekɔkɔ mamlɛawo gɔme anya se bɔbɔe wu. Eye ne èƒo eta kple wò nuƒo bliboa totoɖeme kpuie la, anɔ eme be wò nyaselawo asee le wo ɖokui me ŋudzedzekpɔkpɔtɔe be yewosrɔ̃ nane vavã.
Nuxlɔ̃ame le Kristotɔwo ƒe Agbenɔnɔ Ŋu. Aɖe vi na wò nyaselawo vevietɔ ne èkpe ɖe wo ŋu wokpɔ alesi nufiame si le wò nuƒoa me la ku ɖe woƒe agbenɔnɔ ŋui. Ne èle ŋɔŋlɔ siwo le wò dɔdasia me tom la, bia ɖokuiwò se be, ‘Nukata wokpɔ nya sia ta wòle Ŋɔŋlɔawo me vaseɖe míaƒe ŋkekea me?’ (Rom. 15:4; Kor. I, 10:11) Bu nɔnɔme siwo wò nyaselawo doa goe le woƒe agbe me ŋu. Tsɔ nuxlɔ̃ame kple gɔmeɖose siwo le Ŋɔŋlɔawo me bu nɔnɔmeawo ŋutɔŋutɔ ŋui. Le wò nuƒoa me la, de ŋugble kple nyaselawo tso Ŋɔŋlɔawo me nàtsɔ afia alesi woate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòakpɔ nɔnɔme mawo gbɔe le nunya me. Mègagblɔ nya gbadzaa ko o. Tɔ asi nɔnɔme kple nuwɔna aɖewo dzi.
Be nàtsɔ adze egɔmee la, wɔ mɔfiame siwo le etame la dometɔ ɖeka alo eve ŋudɔ le dɔdasi si ŋu nèle dzadzram ɖo me. Ne èva le bibim ɖe edzi la, nɔ geɖe ŋudɔ wɔm kpee. Eteƒe madidi o àkpɔe be wò nyaselawo anɔ mɔ kpɔm na wò nuƒowo kple kakaɖedzi be yewoase nya siwo aɖe vi na yewo vavã.