INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • th nusɔsrɔ̃ 6 axa 9
  • Na Nu Si Tae Nèxlẽ Ŋɔŋlɔa Ðo La Me Nakɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Nu Si Tae Nèxlẽ Ŋɔŋlɔa Ðo La Me Nakɔ
  • Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Susuhehe Yi Ŋɔŋlɔawo Dzi Nyuie
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Ŋɔŋlɔawo Ŋudɔwɔwɔ Wòasɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nyataƒonya Si Awɔ Dɔ Ðe Ame Dzi
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Viɖe Si Le Eŋu Dɔ Wɔwɔ Me Nadze Ƒãa
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
Kpɔ Bubuwo
Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
th nusɔsrɔ̃ 6 axa 9

NUSƆSRƆ̃ 6

Na Nu Si Tae Nèxlẽ Ŋɔŋlɔa Ðo La Me Nakɔ

Mawunyakpukpui

Yohanes 10:33-36

NU SI NÀWƆ: Mègaxlẽ ŋɔŋlɔ aɖe ko ayi nya bubu dzi o. Na ƒomedodo si le ŋɔŋlɔ si nèxlẽ kple nya vevi si me ɖem nèle dome la me nakɔ na wò nyaselawo nyuie.

ALE SI NÀWƆE:

  • He susu yi nya veviawo dzi. Ne èxlẽ mawunyakpukpui aɖe vɔ la, he susu yi eme nya siwo ku ɖe nya vevi si me dzrom nèle ŋu la dzi. Àte ŋu awɔ esia ne ègbugbɔ xlẽ nya vevi mawo alo nèbia nya aɖe si ana nyaselawo nade dzesi nya veviawo.

    Aɖaŋuɖoɖo

    Ne àzã nya bubuwo atsɔ ahe susu ayi nya vevi si le mawunyakpukpuia me dzi la, wɔe le mɔ si ana wò nyaselawo nakpɔ ƒomedodo si le Biblia me nyaawo kple nya si me ɖem nèle dome la nu.

  • Te gbe ɖe nya vevia dzi. Ne èna wò nyaselawo nya susu si tae nèle ŋɔŋlɔ aɖe xlẽ ge hafi xlẽe la, na ale si ŋɔŋlɔa me nya veviawo ɖo kpe edzii la me nakɔ.

    Aɖaŋuɖoɖo

    Na wò Biblia nanɔ ʋuʋu ɖi esime nèle ŋɔŋlɔa me ɖem. Esia akpe ɖe nyaselawo ŋu woakpɔ kadodo si le nya si gblɔm nèle kple mawunyakpukpui si nèxlẽ la dome.

  • Na wò numeɖeɖea gɔme sese nanɔ bɔbɔe. Ƒo asa na nuƒoƒo tso nya bubu siwo meku ɖe nya vevia ŋu o la ŋu. Bu nu siwo wò nyaselawo nya tso nyatia ŋu xoxo la ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò nànya nya siwo wòahiã be nàgblɔ atsɔ aɖe nyaa me be eme nakɔ na wo nyuie.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe