Ðe Europa Ava Wɔ Ðeka Vavãa?
NE ESESẼ na wò be nàxɔe ase be Europa ƒe ŋku biã ɖe ɖekawɔwɔ ŋu la, ke ehiã be nàzɔ mɔ atso dukɔ siwo le eme la ƒe de ʋɛ aɖewo ko akpɔ. Amewo zɔa mɔ faa le Europa Dukɔwo ƒe Ðekawɔha (EU) me dukɔwo me. Womegalalana le dewo dzi o. Eme kɔ be dzi dzɔa mɔzɔlawo—gake menye woawo koe wòɖea vi na o. Fifia EU-dukɔwo me tɔwo ate ŋu asrɔ̃ nu, awɔ dɔ, ahaɖo dɔwɔƒewo ɖe EU-dukɔwo me bɔbɔe. Esia na ganyawo va ka ɖe eme wu le Ðekawɔhaa me dukɔ siwo da ahe la me.
Enye nyateƒe be dewo tsotso si le bɔbɔe fifia nye tɔtrɔ gã aɖe. Ekema ɖe míaƒo nya ta be Europa wɔ ɖeka xoxo, eye ɖekawɔwɔ ŋuti mɔxenu aɖeke megali oa? Kura o, mɔxenuwo le ŋgɔ, eye wo dometɔ aɖewo dzi ŋɔ ŋutɔ. Gake hafi míadzro wo me la, mina míalé ŋku ɖe ɖekawɔwɔ ŋuti afɔɖeɖe vevitɔ kekeake siwo wowɔ vaseɖe fifia la dometɔ ɖeka ŋu. Ne míewɔe nenema la, ana míase nusita mɔkpɔkpɔ le amewo si nenema gbegbe ɖe ɖekawɔwɔ ŋuti la gɔme.
Afɔɖeɖe Siwo Wowɔ le Gaɖekaɖuɖu Gome
Dewo ta kpɔkpɔ ate ŋu abia ga geɖe. Ɣeaɖeɣi la, dukɔ 15 siwo le EU me la xe ga si ade euro biliɔn 12 le adzɔnuwo tsɔtsɔ tso de ŋuti ɖoɖowo me le ƒe ɖeka me. Eyata mewɔ nuku o be tɔtrɔ yeye si va Europa dukɔwo ƒe dewo dzi na ganyawo le nyonyom ɖe dzi. Ne èbu eŋu be ame miliɔn 370 siwo le EU-dukɔwo me ate ŋu azɔ mɔ faa tso dukɔ ɖeka me ayi bubu siwo dome asitsatsa ŋuti ɖoɖo ɖeka le me la, eme kɔ ƒã be ga viɖe siwo ado tso eme la sɔ gbɔ ŋutɔ. Nukae na wote ŋu wɔ ŋgɔyiyi ma?
Le February 1992 me la, dziɖuɖumegãwo wɔ ɖekawɔwɔ ŋuti fɔɖeɖe vevi aɖe esi wode asi Europa Dukɔwo ƒe Ðekawɔnubabla, alo Maastricht Nubabla te. Nubabla ma ʋu mɔ be woaɖo asitsaɖoɖo ɖeka, aɖo gadzraɖoƒegã ɖeka, aɖu ga ɖeka le Europa. Gake ehiã be woaɖe afɔ vevi aɖe ɖe eyome: ele be woaɖe dukɔ vovovoawo ƒe gawo tsɔtsɔ gba wo nɔewo si ƒe homewo trɔna kabakaba la ɖa. Ne èbu eŋu kpɔ la, alesi woagba gae le etsɔ si gbɔna me ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe egbe ƒe dɔwɔnawo dzi.
Woɖe ɖekawɔwɔ ŋuti mɔxenu sia ɖa esi woɖo Ga Ŋuti Ðoɖowɔwɔ kple Ganyawo Ŋuti Ðekawɔha (EMU) eye woɖe euro ɖe go be wòanye ga ɖeka si wo katã woazã. Fifia, ga aɖeke ƒe home megaxɔ asi wu bubu o, eye megahiã be asitsalawo natsi dzi ɖe ga vovovo siwo gbagba trɔna ŋu o. Emetsonue nye be womegagblẽa ga geɖe le asitsatsa me o eye dukɔwo dome sitsatsa dzi ɖe edzi. Esia ate ŋu ana dɔwɔɖui nabɔ, eye ga geɖe anɔ kotoku me na amewo—eye ema aɖe vi na amesiame.
Europa Dukɔwo ƒe Gadzraɖoƒegã si woɖo le ƒe 1998 me nye afɔɖeɖe vevi bubu si woɖe le ga ɖeka zazã gome. Gadzraɖoƒe sia si mele dziɖuɖu aɖeke te o, le Germany dugã si nye Frankfurt me la kpɔ ŋusẽ ɖe dukɔ siwo katã le habɔbɔa me ƒe dziɖuɖuwo dzi le ganyawo gome. Eƒe taɖodzinue nye be wòana nuwo ƒe asi naganɔ dzi yim kabakaba le dukɔ 11 siwo zãa euro la me o,a eye wòakpɔ egbɔ be euro, dɔlar, kple yɛn, gawo ƒe home si wotsɔ gbaa wo nɔewoe naganɔ tɔtrɔm o.
Eyata le ganyawo gome la, wowɔ ŋgɔyiyi vevi aɖewo le ɖekawɔwɔ gome. Gake ganyawo hã ɖe ɖekamawɔmawɔ gã si gale Europa dukɔwo dome la fia.
Ganya Bubuwo
Kuxi aɖewo ɖea fu na EU-dukɔ siwo dzi ganyawo mede o. Wosusunɛ be habɔbɔa me dukɔ siwo si alɔme le mele kpekpeɖeŋu nam yewo alesi dze o. Wo katã wolɔ̃ ɖe edzi be ehiã be yewoakpe ɖe yewo havi Europa-dukɔ dahe siwo le habɔbɔa me ŋu le ganyawo gome. Ke hã dukɔ siwo si alɔme le susui be susu aɖewo li siwo ta wòhiã be yewoahe ɖe megbe gbɔ.
Mítsɔ Germany wɔ kpɔɖeŋui. Dzo si nɔ dukɔ ma me be yeaxɔ ŋgɔ azã ga le Europa ƒe ɖekawɔwɔ me la nu tsi fifia le esi eya ŋutɔ ƒe fewo va do agba ɖe edzi ta. Ga si wòhiã be woazã le East Germany kple West Germany ƒe ɖekawɔwɔ me la sɔ gbɔ ale gbegbe—ede dɔlar biliɔn alafa ɖeka kloe ƒe sia ƒe. Enye ga si dukɔ bliboa gblẽna le ƒe ɖeka me la memama ene ƒe akpa ɖeka! Nusiawo va dzi Germany dukɔa ƒe fewo ɖe edzi ale gbegbe be wòva hiã be Germany nadagba vevie hafi aɖo dzidzenu siwo EMU ɖo be woaɖo egbɔ hafi anɔ gaɖekaɖuɖu ɖoɖoa me la gbɔ.
Dukɔ Bubuwo Di be Yewoaɖo EU Me
Fifia la, amesiwo de gaɖekaɖuɖu dzi le mɔ kpɔm be EU-dukɔ siwo mele EMU me haɖe o aɖu woƒe mɔxenuwo dzi hafi ƒe 2002 naɖo, esime euro gakuwo kple gagbalẽwo nava xɔ ɖe Europa dukɔwo ƒe gawo teƒe. Ne Britain, Denmark, kple Sweden hã va tsɔ dzo ɖe eŋu la, euro la ava xɔ ɖe dukɔ ma me tɔwo gɔ̃ hã ƒe pound, kroner, kple kronor gawo teƒe.
Hafi ɣemaɣi naɖo la, Europa dukɔ ade bubuwo le agbagba dzem be yewoaɖo EU la me. Woawoe nye Cyprus, Czech Republic, Estonia, Hungary, Poland, kple Slovenia. Dukɔ atɔ̃ bubuwo le lalam, siwo nye Bulgaria, Latvia, Lithuania, Romania, kple Slovakia. Habɔbɔa me ɖoɖo manɔ bɔbɔe na wo o. Wobu akɔnta be le ƒe 2000 kple 2006 dome la, ele be EU-dukɔwo nana ga euro biliɔn 80 be woatsɔ akpe ɖe Ɣedzeƒe Europa dukɔ yeye ewo siwo aɖo habɔbɔa me la ŋui.
Gake ga home si wòle be dukɔ yeyeawo nadi be woaɖo EU ƒe nudidiwo gbɔ hafi woaxɔ wo la sɔ gbɔ zi gbɔ zi nanewo wu ga kpekpeɖeŋu si woaxɔ tso EU la gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, ele be Hungary nazã ga euro biliɔn 12 atsɔ adzra eƒe ʋu kple keteke mɔwo ɖo. Ehiã be Czech Republic nazã ga si wu euro biliɔn 3.4 ɖe tsi ɖaɖa ɖeɖe dzaa ŋu, eye ele be Poland nazã euro biliɔn 3 atsɔ aɖe aɖiya si wotuna ɖe ya me le dukɔ ma me la dzi akpɔtɔ. Togbɔ be ele nenema hã la, dukɔ yeyeawo susui be viɖe siwo yewoakpɔ sɔ gbɔ wu ga si yewoagblẽ. Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be woƒe asitsatsa kple EU-dukɔwo adzi ɖe dzi. Ke hã ahiã be dukɔ yeyeawo nalala hena ɣeyiɣi aɖe. Le nukpɔsusu si le ame geɖe si fifia nu la, ne EU-dukɔawo kpɔ egbɔ be yewosu te le ganyawo gome ko hafi woaxɔ dukɔ yeyeawo.
Dɔmedzoe, Dulɔlɔ̃, Kple Dɔmakpɔwɔe
Togbɔ be wodze agbagba geɖe wu be woawɔ ɖeka hã la, amesiwo le Europa kple egodo siaa tsia dzi ɖe nusiwo le edzi yim le Anyigbagã ma dzi ŋuti. Amewo tsi dzi hã ŋutɔ ɖe alesi woakpɔ gbevovovodolawo dome ʋawo gbɔe ŋu, abe esiwo le edzi yim le Balkan nuto siwo le mamam me ene—gbã, aʋa si wɔm wole le Bosnia kple ʋunyaʋunyawɔwɔ si le Kosovo. Zi geɖe la, EU-dukɔwo ƒe susuwo toa vovo le alesi woakpɔ kuxi mawo gbɔe le Europa kple teƒe bubuwoe ŋuti. Esi menye dukɔ siwo ƒo ƒu hele dziɖuɖu ɖeka tee EU-dukɔwo nye, eye dutanyawo gbɔ kpɔkpɔ ŋuti ɖoɖo ɖeka mele wo si o ta la, zi geɖe amewo tea tɔ ɖe nusi aɖe vi na woƒe dukɔwo dzi. Edze ƒã be dzitsitsi ɖe nusi aɖe vi na ame ƒe dukɔ ŋu nye mɔxenu vevi aɖe na ‘Europa Dukɔ Siwo Wɔ Ðeka’ (United States of Europe).
Kuxi vevi bubu aɖe dze ŋgɔ Europa—eyae nye ame gbogbo siwo si dɔwɔɖui mele o. Le mama dedie nu la, dɔwɔɖui mele amesiwo tsi awɔ dɔ dometɔ 10 le alafa me si o. Esia fia be amesiwo wu miliɔn 16 mele dɔ wɔm o. Le dukɔ geɖe me la, sɔhɛ, siwo nye EU-dukɔwo me tɔwo ƒe memama ene ƒe akpa ɖeka kua kutri vevie be yewoakpɔ dɔ awɔ do kpoe. Mewɔ nuku o be ame geɖe susui be ame gbogbo siwo mekpɔ dɔ awɔ o ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔe nye kuxi vevitɔ kekeake si dze ŋgɔ Europa! Vaseɖe fifia la, agbagba siwo wodze be woawɔ tɔtrɔwo le dɔwɔɖuinyawo gome la do kpo nu.
Gake ɖekawɔwɔ ŋuti mɔxenu bubu si lolo wu gali.
Amekae Axɔ Ŋgɔ?
Dziɖulanyenye kpɔtɔ nye kuxi gãtɔ kekeake si le mɔ xem na Europa ƒe ɖekawɔwɔ. Ele be dukɔ siwo le habɔbɔa me ƒe susu nawɔ ɖeka le afisi woaɖe asi le ŋusẽ siwo le woawo ŋutɔ ƒe dziɖuɖuwo si ŋuti ase ɖo la ŋu. EU ƒe taɖodzinue nye be wòaɖo dziɖuɖu si akpɔ ŋusẽ ɖe dukɔ bubuwo ƒe dziɖuɖuwo dzi. Le Monde de dzesii be ne womete ŋu ɖo taɖodzinu sia gbɔ o la, ekema euro la ɖeɖe ɖe go anye “aʋadziɖuɖu si manɔ anyi didi o.” Gake dukɔ aɖewo medi be yewoalɔ̃ aɖe asi le woƒe ŋusẽ ŋu kura o. Le kpɔɖeŋu me, EU-dukɔ aɖe ƒe dukplɔla gblɔ be ɖe wodzi yeƒe dukɔa be “wòaɖu dukɔ bubuwo dzi, menye be wòanye yomedzela o.”
Eme kɔ be habɔbɔa me dukɔ suewo vɔ̃na be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dukɔ siwo lolo wu azi yewo dzi eye woagbe asi dada ɖe nyametsotso siwo maɖe vi na wo o la dzi. Le kpɔɖeŋu me, dukɔ sueawo bua tame le alesi woatso nya me le dukɔ siwo me woatu EU dɔwɔƒe vovovoawo ƒe ta ɖo la ŋuti. Nyametsotso sia le vevie, elabena dɔwɔƒe mawo ana dɔwɔɖui dukɔ si me wòle la me tɔwo.
Le ɖekawɔwɔ ƒe mɔxenu ɖedzileameƒo siawo—esiwo nye ganyawo gome masɔmasɔwo, aʋawɔwɔ, dɔmakpɔwɔe, kple dulɔlɔ̃—ta la, ele bɔbɔe be dzi naɖe le ame ƒo le Europa ƒe ɖekawɔwɔ ŋuti. Ke hã nyateƒeae nye be wowɔ ŋgɔyiyi ɖedzesiwo. Womenya ŋgɔyiyi siwo tututu wòhiã be woagawɔ haɖe o. Ne míagblɔe la, kuxi siwo dze ŋgɔ amesiwo le agbagba dzem be Europa nawɔ ɖeka la nye kuxi siwo tututu dze ŋgɔ amegbetɔ ƒe dziɖuɖu ɖesiaɖe.
Ðe wòate ŋu adzɔ gbaɖegbe be woaɖo dziɖuɖu aɖe si ate ŋu akpɔ kuxiwo abe gbevovovodolawo dome ʋawo, ame gbogbowo ƒe dɔmakpɔwɔe, ahedada, kple aʋawɔwɔ ene gbɔa? Ðe woate ŋu asusui wòasɔ be xexe aɖe ava si me amewo anɔ anyi le ɖekawɔwɔ vavãtɔ mea? Nyati si kplɔe ɖo adzro ŋuɖoɖo aɖe si awɔ mo yaa na wò la me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Dukɔ siawoe nye Austria, Belgium, Finland, France, Germany, Ireland, Italy, Luxembourg, Netherlands, Portugal, kple Spain. Le susu vovovowo ta la, Denmark, Great Britain, Greece, kple Sweden mele wo me haɖe o.
[Aɖaka si le axa 6]
Euro la Gbɔna!
Togbɔ be dukɔ siwo le Europa Dukɔwo ƒe Ðekawɔhaa me akpɔtɔ azã woawo ŋutɔ ƒe gakuwo kple gagbalẽwo vaseɖe ƒe 2002 me hã la, wole euro la zãm le dɔwɔna siwo me womezãa ga ŋutɔŋutɔ tsɔ xea fee o me xoxo. Dɔ gã aɖee wònye na gadzraɖoƒewo be woatrɔ ɖe ga ŋuti ɖoɖo yeye sia ŋu. Gake woɖo ga home siwo dukɔ vovovoawo atsɔ agba wo nɔewoe ƒe gawo kple alesi woagbae kple euro lae xoxo. Dɔwɔƒe siwo dzi wotona dea ga adzɔhawo me hã ŋlɔa woƒe asiwo ɖe euro me. Fiase kple dɔwɔƒe geɖe ŋlɔa woƒe adzɔnuwo ƒe asi ɖe euro kple dukɔa ƒe ga si woɖuna me.
Asitsatsa alea bia be woawɔ tɔtrɔ gãwo—vevietɔ le ame tsitsiwo gome, amesiwo magate ŋu azã woƒe deutsche mark, franc, alo lira, ga siwo zazã ma wo la o. Ehiã be woatrɔ asi le gakɔntabumɔ̃wo kple gadzraɖoƒemɔ̃ siwo wowɔ be woaɖe ga to eme le ameɖokuisi gɔ̃ hã ŋu. Be woana tɔtrɔ ɖe ɖoɖo yeyea ŋu nazɔ nyuie la, wowɔ ɖoɖo be woana amewo nanya nu tso euro la ƒe dodo kple ezazã ŋu.
Eɖanye mɔxenu kawoe gakpɔtɔ li o, euro la gbɔna. Le nyateƒe me la, wodze euro gakuwo kple gagbalẽwo tsotso gɔme xoxo. Eye enye dɔ si lolo ale gbegbe. Le dukɔ sue abe Netherlands si me ame miliɔn 15 le ene gɔ̃ hã me la, ehiã be dɔwɔƒe siwo tsoa gaku kple gagbalẽwo nanɔ dɔ dzi madzudzɔmadzudzɔe hena ƒe etɔ̃ bene woate ŋu atso gaku biliɔn 2.8 kple gagbalẽ biliɔn 380 hafi January 1, 2002 naɖo. Ne woli kɔ gagbalẽ siawo katã la, ayi yame ade kilometa 20!
[Aɖaka si le axa 7]
“Europa Domegbegblẽ” Yea?
Le ƒe 1999 ƒe gɔmedzedze la, Europa Dukɔwo ƒe Dɔdzikpɔƒegã, si nye Europa Dukɔwo ƒe Ðekawɔha (EU) ƒe dziɖuha la gbã kloe. Wotso dziɖuhaa nu be womeɖi anukware o, wowɔ nufitifiti, eye wokpɔa ƒometɔwo ŋkume. Woɖo kɔmiti be wòaku nutsotsoawo me. Le numekuku kwasiɖa ade megbe la, kɔmitia kpɔe be Europa Dukɔwo ƒe Dɔdzikpɔƒegã wɔ ameflunuwo, eye womekpɔ dɔwo dzi nyuie o. Gake numekukɔmitia mekpɔ kpeɖodzi aɖeke be dziɖulaawo blu asi ɖe ga me o.
Esi woʋu go nusiwo ŋu woke ɖo la, Europa Dukɔwo ƒe Dɔdzikpɔƒegã me tɔwo katã ɖe asi le dɔ ŋu le March 1999 me—enye nane si medzɔ kpɔ o. Ehe kuxi sesẽ aɖe va EU la me. Time magazine yɔe be “Europa Domegbegble.” Ne ɣeyiɣi geɖe va yi hafi míanya alesi kuxi sia akpɔ ŋusẽ ɖe Europa ƒe ɖekawɔwɔ ŋuti agbagbadzedzewo dzii.
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Dewo tsotso va le bɔbɔe wu kura le Europa
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Woɖo Europa Dukɔwo ƒe Gadzraɖoƒegã si le Frankfurt, Germany, le ƒe 1998 me