Aids Le Afrika—Mɔkpɔkpɔ Kae Li le Ƒe Akpe Yeyea Me?
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE ZAMBIA GBƆ
LE ƑE si va yi ƒe September me la, ame dɔdɔwo tso Afrika ƒe akpa vovovowo va kpe ta wɔ Dukɔwo Dome AIDS Kple Nulɔdɔwo le Afrika Ŋuti Takpekpe le Lusaka, Zambia. Takpekpea ƒe taɖodzinu ɖekae nye be woade dzi ƒo na dukɔwo ne woawɔ nu aduadu kple wo nɔewo bene woaɖo biabia sia ŋu be, Aleke míawɔ axe mɔ ɖe AIDS ƒe takeke nu le Afrika?
Nufialagã Nkandu Luo, si nye Zambia ƒe lãmesẽnyawo ƒe dɔnunɔla ɣemaɣi gblɔ be alesi nɔnɔmea le le Afrika kple xexeame ƒe dukɔ madeŋgɔ bubuwo me la “ɖo ŋkubiã me ŋutɔ,” eye wògblɔ kpee be ele “kplamatse dom ŋgɔyiyi vevi siwo míewɔ le lãmesẽnyawo kple hadome kpakple ganyawo gome, alo ele wo hem ɖe megbe gɔ̃ hã.”
Wolɔ̃ ɖe edzi le dutoƒo kpekpe aɖe si wowɔ ku ɖe ʋudodo ŋu me be woxɔa AIDS to ʋudodo me. Ðɔkta aɖe, si nye Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ƒe Ʋu ƒe Dedienɔnɔ Ŋutinyawo Gbɔ Kpɔƒe teƒenɔla de dzesii be, le esime menye ɣesiaɣie amesi ŋu HIV le gbɔ dɔdɔ na woxɔa dɔa o la, amesiame si wodo ʋu si me AIDS le na ya axɔe—godoo! Eyata ɖɔkta sia gblɔe wòsɔ be le nɔnɔme ma ƒomevi me la, “Nu nyuitɔ kekeakee nye be woagado ʋua kura o.”
Wote gbe ɖe edzi le takpekpea me be ga home gbogbo si wozãna le AIDS dada me wɔe be manya wɔ kura o, alo wòsesẽ ŋutɔ be amesiwo ŋu dɔa le la naxe fe ɖe eƒe atikewɔwɔ ta. Le kpɔɖeŋu me, fetu si Ugandatɔ si le dugã me xɔna dzinu ɖeka anɔ dɔlar 200. Gake fexexe ɖe atike siwo wɔa avu kple dɔlékuia ta ate ŋu axɔ dɔlar 1,000 dzinu ɖeka!
Lusaka takpekpea ɖee fia be ƒe akpe yeyea ƒe gɔmedzedze mahe mɔnu aɖeke vɛ si woatsɔ alé AIDS ƒe kaka nui o. Gake Biblia nusrɔ̃viwo ya de dzesii be dɔlélewo katã gbɔ kpɔnu si ƒo ɖesiaɖe ta le Wɔla, Yehowa Mawu, si me, amesi do ŋugbe be le yeƒe xexe yeyea me la, “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24.
[Map/Pictures on page 31]
Nufialagã Nkandu Luo
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Photograph by permission of E. Mwanaleza, Times of Zambia