INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 10/12 axa 9
  • Tɔtrɔ Kawoe Ava?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tɔtrɔ Kawoe Ava?
  • Nyɔ!—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia-Sɔsrɔ̃ Ƒe Ðoɖo Si Nyo Na Ame Sia Ame
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nukatae Wòle Be Nàxlẽ Biblia?
    Àdi be Yeanya Nu Geɖe tso Biblia Ŋua?
  • Ame Kae Ate Ŋu Atrɔ Míaƒe Xexea Wòanyo?
    Nyɔ!—2012
  • Nyɔnuvi aɖe le ŋugble dem le ale si nu miemiewo tsinae ŋu Aleke Nuwo Ava Nɔ Le Etsɔme?
    Aleke Nuwo Ava Nɔ Le Etsɔme?
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2012
g 10/12 axa 9

Tɔtrɔ Kawoe Ava?

“Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o.”

“Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”

“Ku maganɔ anyi o.”

ÐEWOHĨ awɔ na wò be nya siwo dze le etame la mate ŋu ava eme o. Gake míate ŋu aka ɖe edzi be menye drɔ̃e dzro aɖe koe nya mawo nye o. Nu ka tae? Elabena menye ŋugbe ƒuƒlu siwo dunyahela siwo mate ŋu atrɔ míaƒe xexea o dona lae wonye o. Biblia mee ŋugbedodo siwo dze le etame la tso.a

Ame geɖe susui be Biblia nye blemagbalẽ si ŋu viɖe aɖeke mele na mí egbea o. Nenemae nèsena le ɖokuiwò mea? Ekema ɖe manyo be nàdzro Biblia me nyuie akpɔ oa? Le nyateƒe me la, Biblia koe nye agbalẽ kɔkɔe si ƒo nu tso amegbetɔƒomea ƒe ŋutinya ŋu tso gɔmedzedzea me ke. Biblia ɖe nya siwo gbɔna la me:

● Ale si amegbetɔwo ƒe xaxawo dze egɔmee.—Romatɔwo 5:12.

● Ale si Mawu ɖoe be yeava ɖɔ nɔnɔmea ɖo.—Yohanes 3:16.

● Nu si tae dziɖuɖuwo mate ŋu atrɔ míaƒe xexea wòanyo o.—Yeremiya 10:23.

● Nu si tae míate ŋu aka ɖe ŋugbe si Mawu do be yeahe tɔtrɔwo vɛ la dzi.—Yosua 23:14.

Ðe Mawu ava ɖe dɔwuame, aʋawɔwɔ, dɔléle kple ku ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ vavã? Masesẽ be nàxɔ nya sia dzi ase nenye be èka ɖe nya siwo gbɔna la dzi o:

1. Mawu ye wɔ mí.

2. Etsɔ ɖe le eme na mí.

3. Ŋutetea le esi be wòatrɔ xexea wòanyo.

4. Eɖoe be yeahe tɔtrɔawo vɛ.

Ðe susu nyuiwo li siwo tae nàka ɖe nya ene mawo dzia? Yehowa Ðasefowo, siwo nye magazine sia talawo, le dzi dem ƒo na wò be nàsrɔ̃ Biblia be nàkpɔ nu si tae kakaɖedzi le nya mawo ŋu.

Ðewohĩ Biblia le asiwò, gake ƒãa hafi nèxlẽnɛ alo mèxlẽnɛ kura o. Ame siwo xlẽa Biblia gɔ̃ hã la dometɔ geɖe gblɔna be egɔmesese sesẽ na yewo. Ne aleae wòle le gowòme la, ke míade dzi ƒo na wò be nàkpe Yehowa Ðasefowo be woava nɔ Biblia srɔ̃m kpli wò femaxee le wò aƒe me. Ðoɖo sia le vi ɖem na ame miliɔn geɖe le xexea me godoo. Aleke wowɔnɛ?

Yehowa Ðasefo ɖeka alo eve ava aƒewò me alo teƒe bubu si sɔ na wò ava dzro Biblia me kpli wò kwasiɖa sia kwasiɖa, eye maxɔ ga le asiwò o. To Biblia sɔsrɔ̃ dzi la, àva kpɔ ŋuɖoɖo na biabiawo abe, Nu ka tae míekpea fu? Nu ka tae amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo mate ŋu atrɔ xexea wòanyo o? Nu kae nye Mawu Fiaɖuƒea, eye aleke wòana nu si amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo mate ŋu awɔ o la nava eme?b

Ne èdi be yeanya ale si nàwɔ be woava nɔ Biblia srɔ̃m kple wò le aƒe me la, te ɖe Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ŋu alo nàyi Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.pr2711.com. Alo àte ŋu azã adrɛs si sɔ si le magazine sia ƒe axa 5 lia nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ aɖo ɖe mí.—g12-E 07.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Woɖe nya siwo le etame la tso mawunyakpukpui siawo me: Yesaya 2:4; Yesaya 33:24; kple Nyaɖeɖefia 21:4.

b Kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Biblia Ƒe Nukpɔsusu: Ame Kae Ate Ŋu Atrɔ Míaƒe Xexea Wòanyo?” le magazine sia ƒe axa 28 kple 29.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe