Ðe Míeŋlɔ Nu Si Nu Vɔ̃ Nye Bea?
TSÃ la, sɔlemedelawo senɛ osɔfowo nɔa ɣli dom tso kplɔ̃ ta nɔa nuxlɔ̃amenyawo gblɔm tso nu siwo woyɔna be “nu vɔ̃ adre siwo wua ame” ŋu, siwo nye: gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃, nutsuɖuɖu, ŋukeklẽ, kuviawɔwɔ, dɔmedzoedodo, ŋubiã, kple dada. Osɔfoawo gblɔa nu vɔ̃ me tsonu gbegblẽwo hedea dzi ƒo na hameviwo be woatrɔ dzi me. Nuŋlɔla aɖe gblɔ be: “Fifia ya la, mawunyagblɔla geɖe megadina be yewoaƒo nu tso nu vɔ̃ ŋu be wòaɖe fu na woƒe nyaselawo ƒe dzitsinya o, ke boŋ wogblɔa nya siwo avivi le tome na wo.”
Nyadzɔdzɔŋlɔlawo hã de dzesi kuxi ma. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖewo me nya ʋɛ aɖewoe nye esi:
▪ “Nu vɔ̃, dzimetɔtrɔ, kple nu vɔ̃ tsɔtsɔ ke ŋu nyawo zu tsigãdzinu, eye nya vivi siwo doa nunyoname kple ɖokuilɔlɔ̃ ɖe ŋgɔ gbɔgblɔ ɖe tome na amewoe va le tsia dzi fifia.”—Star Beacon, Ashtabula, Ohio.
▪ “Ame akpa gãtɔ ƒe dzitsinya megabua fɔ wo ne wowɔ nu vɔ̃ o.”—Newsweek.
▪ “Míegatsia dzi ɖe ‘Nu si Mawu di tso mía si’ ŋu o, ke boŋ ɖe ‘Nu si Mawu ate ŋu awɔ na mí’ ŋu.”—Chicago Sun-Times.
Le kɔdzɔkpli kple mɔɖeɖeɖenuŋu ƒe xexe sia me la, amewo megate ŋu gbea nya na ame o. Nu si míesena zi geɖee nye be ame aɖeke mekpɔ mɔ abu fɔ nɔvia o. Eva le dzedzem abe gbɔgblɔ be ame aɖe ƒe nuwɔna mesɔ o ye wova buna be enye nu vɔ̃ gãtɔ kekeake ene. Alea wòdzɔe be nuŋububu sia va bɔ be: ‘Nu si nèsusu be enyo na ye la, wòe wònyo na, mele be nazii ɖe ame bubu dzi o. Fifia ya la, ame sia ame ŋutɔ kple eƒe dzidzenuwoe. Ame aɖeke mate ŋu aƒu asi akɔ be ye tɔe nyo wu o. Dzidzenu siwo nu ame bubuwo nɔa agbe ɖo la dze wo ŋu abe ale si ko tɔwòa hã dzea ŋuwò ene.’
Nuŋububu ma na amewo megayɔa naneke—nu vɔ̃ɖitɔwo kekeake gɔ̃ hã—be nu vɔ̃ o. Nu vɔ̃ va zu fefenya na ame geɖe. Ne nyɔnu aɖe yi ɖatsi ŋutsu aɖe gbɔ, evɔ womeɖe wo nɔewo hafi o la, amewo megabunɛ be enye “matrewɔwɔ” o, ke boŋ be “wole wo nɔewo srɔ̃m.” Ne srɔ̃ le ame aɖe si, evɔ wògade ame bubu gbɔ la, womegabunɛ be enye “ahasiwɔwɔ” o, ke boŋ be enye “detsi bubu ɖɔɖɔ kpɔ.” Womegabua ŋutsu kple ŋutsu, alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ be enye “busunya” o, ke boŋ be enye “ŋkuʋuʋu.”
Ðikeke aɖeke mele eme o be amewo ƒe nukpɔsusu le nu si nye nu nyui kple nu si nye nu vɔ̃ ŋu trɔ. Nu kae he tɔtrɔ ma vae? Nu kae dzɔ ɖe nu vɔ̃ dzi? Ðe wò nukpɔsusu le nya sia ŋu le veviea?