INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 6/1 axa 2-4
  • Aleke Ahedada Kolikoli Nɔna?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Ahedada Kolikoli Nɔna?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amesiwo Ahedada De Gae
    Nyɔ!—1998
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Agbagbadzedze Be Woaɖe Ahedada Ða
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Wotrɔ Ðe Dɔdamɔnu Gbãtɔwo Ŋu be Woatsi A Srãnu
    Nyɔ!—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 6/1 axa 2-4

Aleke Ahedada Kolikoli Nɔna?

AHEDADA kolikoli nana ame ƒe agbe ɖoa afɔku me. Be woada ahe kolikoli fia be nuɖuɖu, tsi, kple dzodonu si hiã manɔ ame si o, eye xɔnyawo, lãmesẽkuxiwo, kple sukudenyawo hã nazu taɖui na ame. Ame siwo le nɔnɔme sia me ade biliɔn ɖeka, si fia be woƒe xexlẽme de sɔsɔ ge kple ame siwo katã le Afrika. Ke hã, Ɣetoɖoƒe Europa kple Dziehe Amerika tɔ akpa gãtɔ menya nu siwo me tom ame siwo da ahe kolikoli la le o. Eya ta na míakpɔ nu siwo me tom wo dometɔ aɖewo le ɖa.

Mbarushimana kple srɔ̃a kpakple wo viwo le Rwanda, le Afrika. Asrãdɔ wu wo vi adeawo dometɔ ɖeka. Egblɔ be: “Vi ade ye le fofonye si, eye ema eƒe anyigba ɖe mía nu. Akpa si mexɔ la le sue ale gbegbe be eva hiã be mía kple srɔ̃nye kple vinyewo míaʋu aɖatsi dugã me. Agbatedɔ si mía kple srɔ̃nye míewɔna la bia be míanɔ kpe kple ke kotokuwo fɔm na amewo. Fesrewo mele míaƒe xɔ ŋu o. Vudo aɖe si le kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe mee míedua tsi le. Zi geɖe la, zi ɖeka koe míeɖua nu le ŋkekea me, gake ne míekpɔ dɔ aɖeke wɔ o la, míetsia dɔ ŋkeke bliboa. Ne edzɔ alea la, medoa go le aƒea me le esi wòsesẽna nam be manɔ anyi anɔ ɖeviawo ƒe avifafa sem le esi dɔ le wo wum ta.”

Victor kple srɔ̃a Carmen nye afɔkpatɔlawo. Wo kple wo vi atɔ̃awo le Bolivia ƒe du aɖe si sa ɖe aga la me. Xɔhaya gbagbã si me wole la nye anyixɔ si wotsɔ zingi gba, si ɖuɖua tsi, si me elektrikkaɖi mele o. Ðeviwo sɔ gbɔ ɖe suku si vianyɔnuvia ade la ale gbegbe be ehiã be Victor nakpa sukukplɔ̃ na vianyɔnuvia hafi wòate ŋu ade. Ele na srɔ̃tɔ siawo be woazɔ kilometa 10 be woafɔ nake si woatsɔ aɖa nu kple esi woatsɔ aɖa tsinono. Carmen gblɔ be: “Nugododeƒe mele mía si o. Eya ta ele be míazɔ ayi tɔsisia to, evɔ eya kee nye tsi lele kple afi si wokɔa gbeɖuɖɔ ɖo. Ðeviawo dzea dɔ zi geɖe.”

Francisco kple srɔ̃a Ilídia le kɔƒenuto aɖe me le Mozambique. Wo vi sue enee le agbe; asrã wu ɖeviawo dometɔ ɖeka le esi ɖɔktawo mexɔe ɖe kɔdzi hewɔ atike nɛ o ta. Srɔ̃tɔ siawo dea mɔlu kple anagote gble si nu woate ŋu anɔ agbe ɖo ɣleti etɔ̃ la ɖe anyigba sue si le wo si la dzi. Francisco gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, tsi medzana o alo fiafiwo va fia míaƒe agblemenukuwo, eya ta metsoa pampro dzrana na xɔtulawo be makpɔ ga vi aɖe. Míezɔna gaƒoƒo eve ɖafɔa nake le gbe me. Mía kple srɔ̃nye míeblaa nakegba eve, míetsɔa ɖeka doa dzo le kwasiɖaa me, eye míedzraa evelia.”

Ame geɖe sena le wo ɖokui me be be ame 1 le 7 ɖe sia ɖe me nanɔ agbe abe Mbarushimana, Victor, kple Francisco ene, evɔ nu nadze edzi na ame biliɔn bubu geɖewo la nye nu si mele eteƒe kura o. Ame aɖewo dze agbagba be yewoawɔ nane tso nɔnɔmea ŋu. Nyati si kplɔe ɖo aƒo nu tso woƒe agbagbadzedzewo kple mɔkpɔkpɔwo ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 2, 3]

Carmen kple via eve wole tɔme

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe