INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 3/1 axa 30-31
  • “Eku Ðe Yehowa Ŋu”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Eku Ðe Yehowa Ŋu”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ede Bubu Mía Ŋu Esi Wòna Ablɔɖe Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Woɖo Fia aɖe ƒe Xɔse Teƒe Nɛ
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
  • Mawu Kpe Ðe Fia Hizkiya Ŋu
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Lãkplɔvi Adre Kple Amegã Enyi—Nu Kae Wòfia Egbea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 3/1 axa 30-31

Fia Nu Viwòwo

“Eku Ðe Yehowa Ŋu”

ÐE AME aɖe gblɔ na wò kpɔ be nàku ɖe nane ŋua?—a Dzilawo kple nufialawo tea ŋu gblɔna na ɖeviwo be woana woƒe susu naku ɖe woƒe nusɔsrɔ̃wo ŋu. Esia fia be woabui nu vevii. Azɔ na míaɖo dze tso ame aɖe si ŋu Biblia gblɔ le be “eku ɖe Yehowa,” Mawu vavãa, ŋu la ŋu. Amea ŋkɔe nye Xizkiya. Na míakpɔ ɖa be nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ hã.

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Xizkiya mekpɔ dzidzɔ le eƒe ɖevime o. Fofoa Axaz, si nye Yuda fia la, dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Xizkiya nye ɖevi esime Axaz xɔ ŋgɔ na amewo le alakpamawuwo subɔsubɔ me. Axaz na gɔ̃ hã be wowu viaŋutsuviwo dometɔ ɖeka ya teti, si nye Xizkiya nɔviŋutsu, hetsɔe sa vɔ na trɔ̃ si Axaz dea ta agu na la!

Togbɔ be Axaz nɔ nu gbegblẽ wɔwɔ dzi hã la, Xizkiya yi edzi ɖo to Yehowa. Èsusu be esia wɔwɔ asesẽ nɛa?— Ɛ̃, anya sesẽ nɛ. Gake Xizkiya mena ta o! Na míasrɔ̃ nu tso ale si wòwɔ te ŋu ku ɖe Yehowa ŋu kpakple ale si míawo hã míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua ŋu.

Xizkiya srɔ̃ nu tso ame siwo ku ɖe Yehowa ŋu la ŋu. Wo dometɔ ɖekae nye David. Togbɔ be David ku ƒe alafa nanewo va yi hã la, Xizkiya te ŋu srɔ̃ nu tso eŋu le Ŋɔŋlɔawo me. David ŋlɔ bena: “Elabena fofonye kple danye wogblẽm ɖi, ke Yehowa xɔm.”

Ède dzesi nu si kpe ɖe David ŋu wòɖo to Yehowa?— Eƒe xɔsee kpe ɖe ŋu! David ka ɖe edzi be ne yeɖo to la, Yehowa akpe ɖe ye ŋu. David ka ɖe esia dzi bliboe! Ðikekemanɔmee la, ŋugbledede tso David ŋu kpe ɖe Xizkiya ŋu wòɖo to Yehowa heku ɖe eŋu. Ka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe wò hã ŋuwò be nàɖo toe ahaku ɖe eŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Ke ne fofowò alo dawò mesubɔa Yehowa o ya ɖe?— Mawu de se na ɖeviwo be woaɖo to wo dzilawo. Eya ta ele be nàɖo to dziwòlawo. Gake ne dziwòlawo be nàwɔ nane si Mawu gblɔ be mele be nàwɔ o la, àte ŋu aɖe nu si tae màte ŋu awɔe o la me na wo. Mele be nàda alakpa, afi fi, alo awɔ nu gbegblẽ bubu aɖe si Mawu gblɔ be menyo o la o, metsɔ le eme ame si le egblɔm na wò be nàwɔe o. Tɔwò dzɔ be nàɖo to Mawu!

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Kpɔɖeŋu nyuiwo li míate ŋu asrɔ̃. Menye David ɖeɖe ko ƒe kpɔɖeŋue Xizkiya ate ŋu asrɔ̃ o, ate ŋu asrɔ̃ etɔgbuia Yotam hã tɔ. Xizkiya ate ŋu asrɔ̃ nu tso eŋu abe ale si ko míawo hã míetea ŋu srɔ̃a nu tsoa eŋu le Biblia me egbea ene. Ame kawo hã ƒe kpɔɖeŋu nyuiwoe nèsusu be míate ŋu asrɔ̃?—

Ele eme be Biblia ƒo nu tso vo siwo Xizkiya, David, Yotam kple ame madeblibo bubuwo da ŋu ya. Gake ame mawo lɔ̃ Yehowa, wolɔ̃ ɖe edzi be yewoda vo, eye wodze agbagba be yewoawɔ nu si le eteƒe. Ðo ŋku edzi be Mawu Vi, Yesu, koe nye ame deblibo. Na míado vevie nusɔsrɔ̃ tso eŋu ahadze agbagba asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu.

Xlẽe le wò Biblia me

  • 2 Fiawo 18:6; 2 Kronika 28:1-3

  • Psalmo 27:10; Efesotɔwo 6:1; Kolosetɔwo 3:20

  • 2 Kronika 27:1, 2; 1 Petro 2:21

a Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe