INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 10/15 axa 32
  • Dzideƒonya Tso ‘Ðeviwo Ƒe Nu Me’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzideƒonya Tso ‘Ðeviwo Ƒe Nu Me’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wode Wo Gaxɔ Me Le Woƒe Xɔse Ta—Russia
    Wode Wo Ga Le Woƒe Xɔse Ta
  • Ŋutifafame Aɖewo Ʋli Woƒe Ŋkɔ Nyui La Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Yehowa Ðasefo Siwo Le Russia Mawunyaŋutinunyala Aɖe Ƒe Nukpɔsusu
    Nyɔ!—1997
  • Míeɖu Dzi Le Senya Aɖe Me!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 10/15 axa 32

Dzideƒonya Tso ‘Ðeviwo Ƒe Nu Me’

Le December 2009 me la, Russiatɔwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ da asi ɖe nyametsotso aɖe dzi, si wɔe be woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefo siwo le Taganrog, Russia la nu, eye woxɔ woƒe Fiaɖuƒe Akpata le wo si heɖe gbeƒãe be míaƒe agbalẽwo dometɔ 34 dea dzi ƒo na amewo be woadze aglã. Míeŋlɔ nu tso nu dovoɖiname siwo do tso nyametsotso sia me la ŋu ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Internet nyatakakadzraɖoƒea hetsɔ Ðasefo siwo kpe fu le nudzɔdzɔawo me, siwo dome ɖeviwo hã le, ƒe fotowo hã kpe ɖe eŋu.

Ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, Yehowa Ðasefowo Ƒe Dɔdzikpɔƒe si le Russia la xɔ aɖaka aɖe tso Ðasefowo ƒe ƒome aɖe si le Queensland, Australia, si me tɔwo xlẽ nu tso Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotsoa ŋu la gbɔ, eye lɛta si gbɔna la kpe ɖe eŋu: “Nɔvi Lɔlɔ̃tɔwo, Dodokpɔ siwo me tom mía xɔlɔ̃ siwo le Russia la le kple xɔse si wole ɖeɖem fia la wɔ dɔ ɖe mía vi Cody kple Larissa dzi vevie ŋutɔ. Woŋlɔ nu ɖe agbalẽvi suewo dzi hekpe ɖe lɛtawo ŋu, eye míeƒo nu siawo nu ƒu hetsɔ wɔ nunana sue aɖe si míedi be míaɖo ɖe ɖevi siwo le Taganrog la, atsɔ ana woanya be, ɖevi siwo le keke didiƒe ke, siwo hã le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe la le ŋku ɖom wo dzi. Wodo gbe na wo eye wodi be woanya be yewolɔ̃ wo.”

Esi ɖevi siwo le Taganrog la xɔ nunanawo la, woŋlɔ lɛtawo eye wota nuwo ɖe agbalẽwo dzi tsɔ da akpe na ƒome si le Australia la. Esi dzideƒonya sia si tso ‘ɖeviwo ƒe nu me’ la wɔ dɔ ɖe Ðasefo aɖe si le subɔsubɔm le Russia ƒe alɔdzedɔwɔƒea dzi la, eŋlɔ lɛta ɖo ɖe Cody kple Larissa be: “Miate ŋu akpɔe le susu me ale si wòvenae nenye be wole to hem na ame aɖe, eɖanye ɖevi alo ame tsitsi o, le nu si mewɔ o la ta. Mía nɔvi siwo le Taganrog la mewɔ nu gbegblẽ aɖeke o, evɔ woxɔ woƒe Fiaɖuƒe Akpata le wo si. Esia na wolé blanui ŋutɔ. Ade dzi ƒo na wo ŋutɔ be woanyae be ame aɖe si le xexea ƒe akpa bubu la le wo ŋu bum. Akpe na mi ɖe miaƒe ɖetsɔleme kple nunana ƒe gbɔgbɔa ta!”—Ps. 8:3.

Vavãe, míele xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ aɖe me, eye míaƒe lɔlɔ̃ na mía nɔewo kpena ɖe mí katã ŋu míedoa dzi le agbemekuxiwo kple nɔnɔme sesẽwo me. Esime wotso Yehowa Ðasefowo nu le ʋɔnu be woƒe agbalẽwo dea dzi ƒo na amewo be woalé fu wo nɔewo la, mía vi siwo le dukɔ bubuwo me eye woƒe dekɔnuwo to vovo la le lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme ɖem fia wo nɔewo. Woƒe nuwɔna sia ɖee fia be nya si Yesu gblɔ be, “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome,” la nye nyateƒe.—Yoh. 13:35

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe