INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 9/1 axa 5
  • Nu Kawoe Nye Yehowa Ðasefowo Ƒe Dzixɔse?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kawoe Nye Yehowa Ðasefowo Ƒe Dzixɔse?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukae Yehowa Ðasefowo Xɔ Se?
    Nukae Yehowa Ðasefowo Xɔ Se?
  • Nu Ka Tae Míeɖea Gbeƒã?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nu Ka Dzie Yehowa Ðasefowo Xɔ Se?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?
    Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 9/1 axa 5
Atsu kple asi siwo nye Yehowa Ðasefowo le Biblia srɔ̃m kple wo viwo

NYATI SI LE AKPAA DZI | AME KAWOE YEHOWA ÐASEFOWO NYE?

Nu Kawoe Nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dzixɔse?

Yehowa Ðasefowo xɔe se be “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo.” (2 Timoteo 3:16) Biblia nye mɔfiagbalẽ si kpena ɖe mía ŋu míesrɔ̃a nu tso Wɔlaa ŋu henɔa agbe si ŋu viɖe le.

Biblia gblɔ be: “Na woadze sii be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò ɖeɖe koe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba blibo la dzi.” (Psalmo 83:18) Eya ta Yehowa Mawu ɖeɖe koe míesubɔna, eye esi míenye eƒe Ðasefowo ta la, míedzea agbagba nana amewo nyaa eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔa.—Yesaya 43:10-12.

Míenye Kristotɔwo, eya ta míexɔe se be Yesu, si nye “Mawu ƒe Vi la,”a va anyigba dzi heva zu Mesia la. (Yohanes 1:34, 41; 4:25, 26) Le Yesu ƒe ku megbe la, Mawu fɔe ɖe tsitre wòyi dziƒo. (1 Korintotɔwo 15:3, 4) Emegbe eva zu Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia. (Nyaɖeɖefia 11:15) Fiaɖuƒe ma nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si atrɔ anyigba la wòagazu Paradiso ake. (Daniel 2:44) Biblia gblɔ be: “Ame fafawo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:11, 29.

“Ne woxlẽ nya aɖe le Biblia me la, woxɔnɛ sena be Mawue le nu ƒom na yewo. Ne wodo go kuxiwo le agbe me la, wodia mɔfiafia le Mawu ƒe Nyaa me be yewoatsɔ akpɔ kuxia gbɔ. . . . Wobunɛ be Mawu ƒe Nya la gale agbe.”​—Katoliko nunɔla Benjamin Cherayath ƒe nya si dze le Germany ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Münsterländische Volkszeitung me

Yehowa Ðasefowo xɔe se be Biblia me mɔfiamewo ate ŋu aɖe vi na amewo egbea gɔ̃ hã. (Yesaya 48:17, 18) Eya ta míewɔna ɖe mɔfiame mawo dzi pɛpɛpɛ. Le kpɔɖeŋu me, esi wònye be Biblia xlɔ̃ nu mí ku ɖe nuwɔna siwo ƒoa ɖi míaƒe ŋutilã kple míaƒe susu ŋu ta la, míenoa atama loo alo zãa atike vɔ̃ɖiwo o. (2 Korintotɔwo 7:1) Míetsria nuwɔna siwo ŋu woƒo nu tsi tre ɖo tẽe le Biblia me la hã, abe ahamumu, gbɔdɔdɔ manɔsenu kple fififi ene.—1 Korintotɔwo 6:9-11.

a Biblia gagblɔ tso Yesu ŋu be eyae nye “Mawu ƒe Tenuvi la,” elabena eyae nye Yehowa ƒe nuwɔwɔ gbãtɔ, eye eya ɖeka koe Mawu ŋutɔ wɔ tẽe.—Yohanes 3:18; Kolosetɔwo 1:13-15.

Dzilawo le alɔgbɔnu kom esi wo viŋutsuvia le nunana aɖe nu ʋum

Ne èdi be yeaganya nu geɖe wu tso míaƒe dzixɔsewo, abe nu si tae míeɖua ŋkekenyuiwo alo doa ʋu o ene ŋu la, ʋu www.pr2711.com/ee, eye nàyi ɖe MÍA ŊU NYAWO > NYA SIWO AMEWO BIANA EDZIEDZI.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe