Nyabiaɖaka
◼ Ðe wòsɔ be Yehowa Ðasefowo nalé nuƒowo ɖe mɔ dzi ahama na amewoa?
Biblia me nuƒowo dea dzi ƒo na mí hedoa ŋusẽ mí. (Dɔw. 15:32) Eya ta esɔ le dzɔdzɔme nu be míadi be ame siwo meva o hã nase dzideƒonamenya mawo. Nyalémɔ siwo li fifia na wòle bɔbɔe be woalé nuƒowo ɖi ahama na ame geɖe le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. Ame aɖewo lé nuƒo vovovowo ɖi, esiwo woƒo ƒe geɖee nye esia gɔ̃ hã, eye woɣenɛ na wo xɔlɔ̃wo alo wɔa eƒe kɔpi na wo, gake menye kple susu gbegblẽ aɖeke o. Eye Internet nyatakakadzraɖoƒe le ame aɖewo hã si, eye wodaa nuƒo siwo wolé ɖi la ɖe afi ma be amewo nawɔ woƒe kɔpi.
Eme kɔ be menye nu gbegblẽe wònye be míalé nuƒowo ɖe mɔ dzi be mía ŋutɔ alo míaƒe ƒometɔwo nazã o. Eye hamemetsitsiwo ate ŋu ana woalé nuƒowo na dɔnɔ siwo tsi teƒe ɖeka ale be wometea ŋu dea kpekpeawo o. Gake susu nyui aɖewo li siwo tae masɔ be míalé nuƒowo ahama na amewo o.
Esi wònye be wotrɔa asi le nuƒowo ŋu be woasɔ ɖe nutoa ƒe nɔnɔmewo nu ta la, ate ŋu adzɔ bɔbɔe be míase nuƒo aɖe si woma le nɔviwo dome la me nyawo gɔme bubui, elabena míenya nɔnɔme siwo le nuto si me woƒo nuƒoa le la me o. Gakpe ɖe eŋu la, manɔ bɔbɔe be míanya nuƒolaa kple ɣeyiɣi si wòƒoe o, si awɔe be míate ŋu aka ɖe edzi nenye be nuƒoa me nyawo sɔ ɖe gɔmesese si le mía si fifia nu, eye wòle eteƒe o. (Luka 1:1-4) Azɔ hã, nuƒowo léle ɖi anɔ mamam ate ŋu ana amewo nava nɔ bubu si nuƒolaa medze na o la dem eŋu alo wòana eya ŋutɔ nava nɔ eɖokui kpɔm akpa.—1 Kor. 3:5-7.
Kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela la kua kutri vevie be yeana gbɔgbɔmenuɖuɖu “si asu” mí la mí le “le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.” (Luka 12:42) Esiawo dometɔ aɖewoe nye ɖoɖo si wowɔna be míase dutoƒonuƒowo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me kple míaƒe agbalẽawo me nya siwo woxlẽ helé ɖe habɔbɔa ƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org. Míeka ɖe edzi be kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela la kple eƒe Dziɖuha la ana nu siwo hiã be míali ke sesĩe le xɔse me la mí.—Dɔw. 16:4, 5.